Etenuŋɔŋlɔ
a Togbɔ be kuxi siwo míele mɔ kpɔm na o ate ŋu ava mí Yehowa subɔla wɔnuteƒewo dzi le agbe me hãa, míate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu. Aleke Yehowa kpe ɖe esubɔlawo ŋu le blema? Eye aleke wòle kpekpem ɖe mía ŋu egbeae? Ne míedzro ale si Yehowa kpe ɖe esubɔlawo ŋu le blema kple egbea siaa ƒe ŋutinyawo mea, esia ana míawo hã míaka ɖe edzi be ne míeɖo ŋu ɖe eŋua, alé mí ɖe te godoo.