Etenuŋɔŋlɔ
a Míedea dzi ƒo na mía nɔewo ne míeɖo nya ŋu le kpekpeawo me. Ame aɖewo lɔ̃a nyaŋuɖoɖo eye wodina be woayɔ yewo edziedzi. Ame bubuwo ya vɔ̃na be yewoaɖo nya ŋu. Aleke kee wòle o, míate ŋu awɔ nu ameŋububutɔe be míade dzi ƒo na mía nɔewo. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Eye aleke míate ŋu aɖo nya ŋu wòado ŋusẽ mía nɔviwo na dɔ nyuiwo wɔwɔ? Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia mawo ŋu.