Etenuŋɔŋlɔ
a Míeɖale Yehowa subɔm ƒe gbogbo aɖewoe nye esia alo nyitsɔ laa koe míeva nyateƒea me o, mí katã míagate ŋu ayi ŋgɔ. Nu si akpe ɖe mía ŋu míawɔ esiae nye be míayi edzi alɔ̃ Yehowa kple mía nɔviwo. Míadzro esia me le nyati sia me. Esi nèle nyati sia me dzrom la, de ŋugble le nu siwo me nète ŋu yi ŋgɔ le xoxo kple nu siwo nàgate ŋu awɔ ŋu.