Etenuŋɔŋlɔ
a Tso Adam kple Xawa ŋɔli me kea, Satana do susu totro aɖe ɖe ŋgɔ, si nye be ame sia ame ate ŋu atso nya me le nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu na eɖokui. Egbea hã, edi be míaŋe aɖaba aƒu Yehowa ƒe sewo kple mɔfiame siwo míexɔna tso habɔbɔa gbɔ dzi. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu be míagaŋe aɖaba aƒu Yehowa ƒe sewo dzi le mɔ aɖeke nu abe ale si Satana ƒe xexea wɔnɛ ene o. Akpe ɖe mía ŋu hã be míagaɖoe kplikpaa wu be míaɖo to Yehowa ɣesiaɣi.