Etenuŋɔŋlɔ
a Aleke kee nuwo gblẽ ɖe edzi le xexea mee o, míate ŋu aka ɖe edzi be nuwo ava nyo le etsɔme. Kakaɖedzi sia sua mía si ne míesrɔ̃ Biblia me nyagblɔɖiwo. Le nyati sia mea, míakpɔ susu vevi siwo tae wòle be míasrɔ̃ Biblia me nyagblɔɖiwo. Azɔ hã míadzro nyagblɔɖi eve siwo Daniel ŋutɔ ŋlɔa me kpuie eye míakpɔ ale si woaɖe vi na mí ne míese wo gɔme.