Etenuŋɔŋlɔ
f NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔvinyɔnu eve le gbe dom ɖa hafi ade asi agbalẽ te be yewoade Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua. Emegbea, wokpe ame ɖeka gake womekpe evelia ya o. Dzi meɖe le nɔvinyɔnu si womekpe oa ƒo o, ke boŋ edo gbe ɖa na Yehowa be wòana yeade dzesi mɔ bubu siwo dzi yeato akeke yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Eyome eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea tsɔ na wonya be yelɔ̃ faa be yeavae subɔ le afi si hiahiã geɖe le.