Etenuŋɔŋlɔ
a Israel-vi akpa gãtɔ siwo kpɔ nukunu siwo Yehowa wɔ le Ƒudzĩa nu la meyi Ŋugbedodonyigbaa dzi o. (4 Mose 14:22, 23) Yehowa gblɔ be ŋutsu siwo katã xɔ tso ƒe 20 siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ la aku le gbea dzi. (4 Mose 14:29) Gake Yosua, Kaleb, Lewi-viwo kple ame siwo mexɔ ƒe 20 haɖe o ya tsi agbe kpɔ eteƒe Yehowa ƒe ŋugbedodowo va eme eye wotso Yordan Tɔsisia yi Kanaan.—5 Mose 1:24-40.