Etenuŋɔŋlɔ
a Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be enye “Ame [si] le anyigba nogoo la tame.” (Yesaya 40:22) Numekugbalẽ aɖewo gblɔ be nya si wogblɔ le afi sia be “nogoo” la agate ŋu afia nane si le kotoo, togbɔ be menye agbalẽnyalagã ɖe sia ɖee lɔ̃na ɖe nya sia dzi o hã. Aleke kee wòɖale o, Biblia meda asi ɖe susu si nye be anyigba la le gbadzaa la dzi o.