-
Aleke Agbea Wɔ Va Dzɔ?Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
-
-
1. Aleke anyigba kple xexe gbahooa wɔ va dzɔ?
Biblia gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.” (1 Mose 1:1) Dzɔdzɔmeŋutinunyala akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be gɔmedzedze li na xexea. Aleke Mawu wɔ xexeae? Ezã eƒe “dɔwɔŋusẽ,” si nye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la, tsɔ wɔ nu sia nu si le xexea me—ɣletivihatsotsowo, ɣletiviwo, kple ɣletinyigbawo.—1 Mose 1:2, etenuŋɔŋlɔ.
-
-
Aleke Agbea Wɔ Va Dzɔ?Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
-
-
5. Susu nyuiwo li siwo tae míaxɔ nya si Biblia gblɔ tso nuwo wɔwɔ ŋu dzi ase
Le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta gbãtɔ me la, Biblia ƒo nu tso ale si anyigbaa kple nu gbagbe siwo le edzi la wɔ va dzɔ ŋu. Ðe nàte ŋu aka ɖe nya si Biblia gblɔ la dzia, alo nyakpakpa koe wònye? Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro nyabiase siwo gbɔna me.
Ðe Biblia gblɔ be wowɔ anyigbaa kple nu gbagbe siwo le edzi la le ŋkeke ade siwo dometɔ ɖe sia ɖe nye gaƒoƒo 24 la mea?
Ðe nèsusu be míate ŋu aka ɖe nya si Biblia gblɔ tso nuwo wɔwɔ ŋu la dzia? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?
Mixlẽ 1 Mose 1:1, eye miadzro nyabiase sia me:
Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be gɔmedzedze li na xexe gbahooa kple anyigbaa. Aleke nya ma wɔ ɖeka kple nya si míexlẽ le Biblia me fifia?
Ame aɖewo ƒe susue nye be, ɖe Mawu wɔ nugbagbevi sue aɖe eye wòtrɔ vivivi va zu nu gbagbe ƒomevi vovovo siwo li. Mixlẽ 1 Mose 1:21, 25, 27, eye miadzro nyabiase siawo me:
Ðe Biblia gblɔ be Mawu wɔ nugbagbevi sue aɖe eye wòna wòtrɔ vivivi va zu ƒumelãwo, lã siwo nɔa anyigba ƒuƒui dzi, kple amegbetɔwoa? Alo Mawu ŋutɔe wɔ nu gbagbe ‘ƒomevi’ ɖe sia ɖea?
-