-
Nya Si Biblia Gblɔ Tso Agbe Kple Ku ŊuGbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2017 | No. 4
-
-
BIBLIA ÐO NYAA ŊU EME KƆ
Nuwɔwɔwo ŋutinya si le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me gblɔ be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me, eye ame la zu ame gbagbe.” Woɖe nya si nye “ame gbagbe” tso Hebrigbe me nya ne’phesha me, eye ne woaɖe egɔme tẽe la, efia, “nu si gbɔna.”—1 Mose 2:7, etenuŋɔŋlɔ.
Eya ta Biblia na eme kɔ be womewɔ luʋɔ si mekuna o de amegbetɔwo me o. Ke boŋ amegbetɔ ɖe sia ɖe nye “ame gbagbe.” Esia ta ne ètsa le Biblia me ʋuu hã la, màkpɔ nyagbɔgblɔ “luʋɔ makumaku” le afi aɖeke o.
-
-
Nya Si Biblia Gblɔ Tso Agbe Kple Ku ŊuGbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2017 | No. 4
-
-
a Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo abe King James Version kple Catholic Douay Version, ɖe nya ne’phesh gɔme be “luʋɔ gbagbe,” eye Biblia siwo li fifia dometɔ geɖe ɖe eme be “nu gbagbe,” The New English Bible ɖe eme be “ame gbagbe,” New International Version kple The Jerusalem Bible; alo Today’s English Version ɖe eme kpuie ko be “le agbe.”
-