Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
JANUARY 6-12
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 Mose 1-2
Esi Mawu gblɔ le Ŋkeke Gbãtɔ dzi be, “Kekeli nedo” la, kekeli klẽ to alilikpowo me do, togbɔ be afi si kekeli ma dzɔ tso hafi klẽ ɖe anyigba dzi la, mele nyanya o. Abe ale si gbegɔmeɖela J. W. Watts gblɔe ene la, edze abe menye ɖeko wòdzɔ zi ɖeka kpoyi o ene. Egblɔ be: “Eye ʋɛʋɛʋɛ la, kekeli do.” (1Mo 1:3, A Distinctive Translation of Genesis) Mawu de vovototo kekeli kple viviti dome, eye wòyɔ kekeli be Ŋkeke, eye wòyɔ viviti be Zã. Esia ɖee fia be anyigba la le xlã ƒom ɣea, ale be eƒe afã si nye eƒe ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe nate ŋu akpɔ kekeli kple viviti.—1Mo 1:3, 4.
Le Ŋkeke Evelia dzi la, Mawu wɔ dziŋgɔli esi wòna mama va nɔ “tsi kple tsi dome.” Tsia ƒe ɖewo tsi anyigba dzi, gake tsia ƒe akpa gãtɔ yi dzi ʋĩi le anyigba la tame, eye dziŋgɔli va nɔ tsi eveawo dome. Mawu yɔ dziŋgɔlia be Dziƒo, gake wozãe wòku ɖe anyigba ŋu, elabena womegblɔ be tsi siwo le dziŋgɔlia ŋgɔ la, tsyɔ ɣletiviwo alo dziƒo si míekpɔna la, ŋu nu bubuwo dzi o.—1Mo 1:6-8.
Le Ŋkeke Etɔ̃lia dzi la, Mawu to eƒe dɔwɔŋusẽ la dzi wɔ nukunu aɖe, ena tsi siwo le anyigba dzi la ƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka ale be ƒuƒuiƒe nadze, Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be Anyigba. Le ŋkeke ma ke dzie Mawu na atɔm-wo te kpe eye to esia dzi la nu siwo me agbe le abe gbewo, nu miemiewo kple ati siwo tsea ku ene la do, ke menye ɖe nu mawo dzɔ le wo ɖokui si alo dzɔ to nɔnɔmetɔtrɔ dzi kura o. Ŋutete le nuwɔwɔ etɔ̃ siawo dometɔ ɖe sia ɖe si be woamie le wo “ƒomeviwo” nu.—1Mo 1:9-13.
Azɔ hã, eɖe dzesi be Hebrigbe me nya ʽa·sahʹa· si gɔmee nye “woana nane nadzɔ,” ye wozã tsɔ ɖee fia be Yehowa wɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo xoxoxo do ŋgɔ na Ŋkeke Enelia. Le ŋkeke enelia dzi la, Mawu na ƒomedodo yeye aɖe va le dziƒoŋunu siawo siwo ‘do’ la, kple anyigba ŋkume kpakple dziŋgɔli si le etame la dome. Esi wogblɔ be, “Mawu tsɔ wo ɖo dziŋgɔlia ŋu be woaklẽ ɖe anyigba la dzi” la, esia fia be nu siawo adze woakpɔ le anyigba dzi, abe ɖe wole dziŋgɔlia me ene. Azɔ hã, nu keklẽ siawo anye “dzesiwo afia azãgbewo, ŋkekewo kple ƒewo,” si ava fia mɔ amegbetɔwo le nu geɖewo me.—1Mo 1:14.
Le Ŋkeke Atɔ̃lia dzi la, wowɔ luʋɔ gbagbe gbãtɔ siwo menye amegbetɔwo o la ɖe anyigba dzi. Menye nu gbagbe ɖeka aɖe koe Mawu wɔ be wòanɔ tɔtrɔm azu nu vovovowo o, ke boŋ Mawu zã eƒe ŋusẽ tsɔ wɔ luʋɔ gbagbe siwo de ha kpaŋkpaŋ la ŋutɔŋutɔ. Wogblɔ be: “Mawu wɔ ƒumelã klitsuwo kple nu gbagbe siwo katã nɔa tsi me eye wode ha kpaŋkpaŋ la le wo ƒomeviwo nu, kple nuwɔwɔ toaʋala siwo katã dzona le wo ƒomeviwo nu.” Esi nu siawo siwo Mawu wɔ la dze eŋu la, eyra wo eye wògblɔ na wo be ‘woadzi asɔ gbɔ,’ eye esia wɔwɔ masesẽ o, elabe Mawu na ŋutetea nuwɔwɔ ƒomevi vovovo siawo katã be woadzi “le wo ƒomeviwo nu.”—1Mo 1:20-23.
Le Ŋkeke Adelia dzi la, “Mawu wɔ gbemelãwo le wo ƒomeviwo nu, kple aƒemelãwo le wo ƒomeviwo nu, kpakple lã siwo katã tana le anyigba dzi le wo ƒomeviwo nu,” esiawo hã nyo, abe nu bubu siwo katã Mawu wɔ do ŋgɔ la ke ene.—1Mo 1:24, 25.
Le nuwɔwɔwo ƒe ŋkeke adelia ƒe nuwuwu lɔƒo la, Mawu wɔ nuwɔwɔ bubu aɖe si to vovo kura eye wòde ŋgɔ sãsãsã wu lãwo gake wòbɔbɔ ɖe anyi wu mawudɔlawo. Nuwɔwɔ mae nye ame, [ŋutsu], eye Mawu wɔe ɖe eƒe nɔnɔme nu. Togbɔ be 1 Mose 1:27 gblɔ kpuie tso amegbetɔwo ŋu be “ŋutsu kple nyɔnu [Mawu wɔ] hã la,” nuŋlɔɖi ma tɔgbi ke si le 1 Mose 2:7-9 ɖee fia be Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, gbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔtime, eye ame la zu luʋɔ gbagbe, eye wotsɔ paradiso-bɔ si me nuɖuɖuwo le la nɛ. Le go sia me la, Yehowa zã anyi si tso anyigba me tsɔ wɔ ŋutsu, emegbe ezã ŋutsua [Adam] ƒe agbaƒuti ɖeka tsɔ wɔ amegbetɔ si nye nyɔnu. (1Mo 2:18-25) Esi wòwɔ nyɔnua vɔ la, ame de azɔ le ‘eƒomevi’ nu.—1Mo 5:1, 2.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
Menye Wɔlae Wònye Abe Mawu Ene O. Esi Vi la kpe asi ɖe nuwo wɔwɔ ŋu la, mefia be Wɔlae wònye abe Fofoa ene o. Mawu gbɔe ŋusẽ si wozã tsɔ wɔ nuwo la tso, si nye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea alo eƒe dɔwɔŋusẽ. (1Mo 1:2; Ps 33:6) Eye esi wònye Yehowa gbɔe agbe ƒomeviwo katã, esiwo wokpɔna kple esiwo womekpɔna o la dzɔ tso ta la, eyae na míele agbe. (Ps 36:9) Eya ta, menye Wɔlae Vi la nye abe Mawu ene o, ke boŋ eya dzie Yehowa, si nye Wɔla la, to alo zã tsɔ wɔ nuwo. Yesu ŋutɔ gblɔ be Mawue nye Wɔla la, abe ale si Ŋɔŋlɔ bliboa ɖo kpe edzi ene.—Mt 19:4-6.
JANUARY 13-19
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 3-5
Enye veve si wosẽna ne wole vi dzim. Esi nyɔnu gbãtɔ, Xawa wɔ nu vɔ̃ megbe la, Mawu gblɔ nu si ava nye emetsonua, ne ele vi dzim la nɛ. Ne ɖee wòɖo to la, anye ne Mawu ayi edzi anɔ eyram eye vidzidzi anye dzidzɔ manyagblɔ aɖe elabe, “Yehowa ƒe yayrae wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpena ɖe eŋu o.” (Lod 10:22) Gake fifia la, amegbetɔwo katã ase veve le esi woƒe ŋutilã madeblibo la mewɔa dɔ nyuie o ta. Mawu gblɔ be (elabena zi geɖe la, Biblia ƒoa nu tso nu siwo ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo la ŋu abe ɖee wotso egbɔ ene): “Mana nàse veve geɖe le fufɔfɔ me; àlé ku hafi adzi vi.”—1Mo 3:16.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
Ha si Lamek kpa na srɔ̃awo la, (1Mo 4:23, 24) ɖe ŋutasẽnuwɔna siwo nɔ edzi yim le eƒe ŋkekea me la fia. Lamek ƒe haa yi ale: “Mi Lamek srɔ̃wo, mise nye gbe; milé to ɖe nye nyawo ŋu: mewu ŋutsu aɖe, elabena ede abi ŋunye, Ɛ̃, mewu ɖekakpui aɖe, elabena eƒom. Ne zi adree woabia hlɔ̃ ame si awu Kain la, ekema woabia hlɔ̃ ame si awu Lamek ya zi blaadre vɔ adre.” Edze ƒãa be Lamek nɔ eɖokui ta ʋlim le haa me henɔ kuku ɖem be menye ɖe yeɖoe wu ame abe Kain ene o. Lamek gblɔ be esi yenɔ ye ɖokui ta ʋlim la, yewu ŋutsu si ƒo ye eye wòde abi ye ŋu la. Eya ta ekpa ha sia be wòanye kukuɖeɖe yeatsɔ akpɔ ye ɖokui ta tso ame sia ame si adi be yeabia hlɔ̃ ye ɖe ame si yewu la ta.
“Yehowa ƒe ŋkɔ yɔyɔ” si gɔme wodze le Enos ƒe ŋkekea me do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, manye le mɔ dzɔdzɔetɔ nu ye o, elabena ɖikeke mele eme o be Abel, si nɔ anyi do ŋgɔ na ɣemaɣi la, zã Mawu ƒe ŋkɔa esime wònɔ agbagba dzem be yeate ɖe eŋu. (1Mo 4:26; Heb 11:4) Abe ale si agbalẽnyala aɖewo gblɔe ene la, ne woyɔa Mawu ƒe ŋkɔ sia le mɔ madzemadze nu, eye woyɔa Yehowa ƒe ŋkɔa tɔna ɖe amegbetɔwo alo legbawo ŋu la, ke esia anye busunuwɔna.
JANUARY 27–FEBRUARY 2
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 9-11
Nu Siwo Ðe Dzesi Le Blema Babilon Ŋu. Taɖodzinu si nɔ Babilon dugã si wova tso ɖe Sinar Tagba la kee nɔ Babel-mɔ́ si wote kpɔ be woatu la ŋu. (1Mo 11:2-9) Taɖodzinu si koŋ le mɔ́ la kple dua tsotso ŋue nye be, ‘yewoawɔ ŋkɔ gã aɖe na yewo ɖokuiwo,’ ke menye be yewoado Mawu ƒe ŋkɔ ɖe dzi o. Mɔ́ siwo ŋu woke ɖo le blema Babilon ƒe glikpowo dome kple bubuwo siwo ŋu woke ɖo le Mesopotamia, aleke kee woɖatui o la, anya ɖo kpe subɔsubɔ ƒe taɖodzinu si nɔ Babel-mɔ́ la ŋu dzi. Afɔ si Yehowa Mawu ɖe kaba tsɔ gblẽ xɔtudɔ ma me na wòdze ƒãa be enye alakpasubɔsubɔ ƒe dzɔtsoƒe. Togbɔ be Hebrigbe me ŋkɔ si woyɔna na Babel dugã la gɔmee nye “Tɔtɔ” hã la, ŋkɔ ma le Sumergbe me (Ka-dingir-ra) kple Akkadgbe me (Bab-ilu) siaa gɔmee nye “Mawu Ƒe Agbo.” Eya ta ame siwo kpɔtɔ ɖe dua me la trɔ dua ƒe ŋkɔ ale be woaƒo asa na fɔbubu ƒe gɔmesese si nɔ ŋkɔ gbãtɔ ma ŋu, gake ŋkɔ yeyea alo esi va xɔ ɖe eteƒe la, na míekpɔe kokoko be subɔsubɔ ƒe taɖodzinue nɔ dua ŋu.
Nuŋlɔɖi si le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me na míekpɔ ale si amegbetɔ siwo nɔ agbe le Tsiɖɔɖɔa megbe la ɖoe be yewotu mɔ́ aɖe si tsi tsitre ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo si wòɖe gblɔ na Noa kple viaŋutsuwo, la ŋu. (1Mo 9:1) Le esi woakaka ‘ayɔ anyigba la dzi’ teƒe la, woɖoe be ameƒomea naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka, ale be yewoanɔ teƒe si wovayɔ emegbe be Sinar Tagba le Mesopotamia. Edze ƒãa be wodi hã be teƒea nava nye yewoƒe tadeaguƒe, si yewoatu mɔ́ kɔkɔ aɖe hã ɖo.—1Mo 11:2-4.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la tɔtɔ gbe na wo tsɔ gblẽ ale si wowɔ ɖeka le xɔtudɔ si wɔm wonɔ tsɔ tsi tsitre ɖe eŋu la me. Esia na wòsesẽ na wo be woawɔ dɔa aduadu si wɔe be wokaka ɖe anyigba bliboa dzi. Esi Mawu tɔtɔ gbe na wo ta la, asesẽ hafi amegbetɔwo nate ŋu aɖo taɖodzinu gbegblẽwo, siwo mewɔ ɖeka kple Mawu tɔ o, la gbɔ le etsɔme, elabena gbe vovovo siwo dom wova le la, ana wòasesẽ na wo be woawɔ nu siwo wonya kple woƒe ŋutetewo ŋu dɔ ɖekae atsɔ aɖo woƒe ɖokuitɔdidi ƒe taɖodzinuwo gbɔ, eye agana wòasesẽ na wo hã be, woali ta ta ŋu ade ŋugble azã wo nɔewo ƒe aɖaŋu kple numekuku, siwo metso Mawu gbɔ o la. (Tsɔe sɔ kple Nyg 7:29; 5Mo 32:5.) Eya ta, togbɔ be gbe si wotɔtɔ na amegbetɔwo la he mama gã aɖe de wo dome hã la, eɖe vi na amegbetɔwo le mɔ sia nu be womagate ŋu aɖo taɖodzinu siwo me afɔku le siwo agblẽ nu la gbɔ o. (Tsɔ 1Mo 11:5-9 sɔ kple Yes 8:9, 10.) Egbea la, nunya gbogbo aɖe su amegbetɔwo si, gake wole ezãm tsɔ le nu gbegblẽ gãwo wɔm. Ne míede ŋugble tso eŋu la, míase egɔme be Mawu kpɔe do ŋgɔ xoxoxo be, ne yemetɔ te dɔ ma si gɔme wodze le Babel o la, amegbetɔwo ƒe susu vɔ̃ si anɔ dzidzim ɖe edzi la, ana woawɔ nu gbegblẽ sia tɔgbiwo.
Esi gbegbɔgblɔ va de mama wo dome azɔ ta la, gbegbɔgblɔawo dometɔ ɖe sia ɖe to mɔ si nu woanɔ agbe ɖo, aɖaŋudɔwo, dekɔnuwo, nuwɔnawo kple subɔsubɔwɔnawo vɛ—wo dometɔ ɖe sia ɖe kple ale si wòwɔa nui. (3Mo 18:3) Esi wote ɖa tso Mawu gbɔ ta la, wo dometɔ ɖe sia ɖe wɔ alakpamawuwo na eɖokui.—5Mo 12:30; 2Fi 17:29, 33.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
Anɔ eme be Kanaan ŋutɔ hã wɔ akpa aɖe le bubumadeameŋu nuwɔna ma me tẽe evɔ fofoa Ham megbee nɛ o. Alo esi gbɔgbɔ ʋã Noa wònɔ nya gblɔm ɖi la, ekpɔe do ŋgɔ be nɔnɔme gbegblẽ si nɔ Ham si, si via Kanaan anya nɔ ɖeɖem fia xoxo la, ye ava nɔ Kanaan ƒe dzidzimeviwo si. Fiƒodea ƒe akpa aɖe va eme esime Israel-vi siwo nye Sem ƒe dzidzimeviwo ɖu Kanaantɔwo dzi. Wo dometɔ siwo tsi agbe (le kpɔɖeŋu me, Gibeontɔwo [Yos 9]) va zu kluviwo na Israel-viwo. Ƒe alafa aɖewo megbe la, nyagblɔɖia gava eme esime Yafet ƒe dzidzimevi siwo va nye xexemeŋusẽ siwo nye Medo-Persia, Hela kple Roma hã va ɖu Ham vi, Kanaan ƒe dzidzimeviwo dzi.
Du siwo Nimrod tsɔ dze eƒe fiaɖuƒea gɔmee nye Babel, Erek, Akad kple Kalne, du siawo katã le Sinar-nyigba dzi. (1Mo 10:10) Eya ta anye be eya gbɔe mɔfiamea tso be woatso Babel dua kple eƒe mɔ́ la. Nu siwo dzi Yudatɔwo lɔ̃ ɖo la hã wɔ ɖeka kple nyataƒoƒo sia. Josephus ŋlɔ bena: “Ʋɛʋɛʋɛ la [Nimrod] va zu ŋutasẽdziɖula, eye wòsusu be mɔ ɖeka si dzi yeate ŋu ato aɖe amewo ɖa tso Mawu gbɔ eye woagavɔ̃e o koe nye be yeana woaɖo ŋu ɖe yeƒe ŋusẽ ŋu ɣesiaɣi. Eƒu asi akɔ be yeabia hlɔ̃ Mawu ne egatee kpɔ be yeatsɔ tsi aɖe anyigbaa; elabena yeatu mɔ́ si akɔkɔ wu afi si tsia aɖɔ ase ɖo ale be yeabia hlɔ̃ ɖe yewo tɔgbui siwo wòtsrɔ̃ va yi la ta. Ameawo lɔ̃ be yewoawɔ ɖe [Nimrod] ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, elabe wobui be Mawu te nɔnɔ nye ame ɖokui wɔwɔ kluvii; eya ta wodze mɔ́a tutu gɔme . . . eye dɔa nɔ afɔ tsɔm wu gbɔgblɔ.”—Jewish Antiquities, I, 114, 115 (iv, 2, 3).