INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
    • 9 Nenema ke Yehowa na kakaɖedzi mí be nu ŋutɔŋutɔe Fiaɖuƒea nye. Abe alesi woɖee fia le Biblia-gbalẽ si nye Hebritɔwo mee ene la, Sea ƒe akpa vovovowo nye vɔvɔli na Fiaɖuƒea ƒe ɖoɖoa. (Hebritɔwo 10:1) Nusiwo ɖe alesi Mawu ƒe Fiaɖuƒe ava nɔ fia la dze le Israel-fiaɖuƒe si nɔ anyigba dzi kpɔ la hã me. Menye dziɖuɖu dzro koe wònye o, elabena eƒe fiawo bɔbɔ nɔ “Yehowa ƒe fiazikpui” dzi. (Kronika I, 29:23) Hekpe ɖe eŋu la, wogblɔe ɖi be: “Atamkayi magbe Yuda si nɔnɔ o, eye womaɖe fiatikplɔ ɖa le ekɔme o, vaseɖe esime [Silo,] amesi tɔ wònye la nava; amesi dukɔwo ana tae.” (Mose I, 49:10)a Ẽ, Yuda ƒe fiaƒomea mee wogblɔ be woadzi Yesu, Mawu ƒe dziɖuɖua ƒe Fia mavɔ la ɖo.—Luka 1:32, 33.

  • Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
    • a Ŋkɔ Silo gɔmee nye “Amesi Tɔ Wònye.” Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, eva dze kɔte be Yesu Kristoe nye “Silo” la, “Dzata, si tso Yuda ƒe to la me.” (Nyaɖeɖefia 5:5) Yudatɔwo ƒe Targum aɖewo tsɔ “Mesia” alo “fia Mesia” ɖo nya “Silo” teƒe.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe