INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w04 1/1 axa 32
  • Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mía?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mía?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
w04 1/1 axa 32

Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mía?

ÐE NÈDE vovo ge le ɖokuiwò me do kpoe le esi ƒomekuxiwo, lãmesẽkuxiwo, dɔwɔɖua, alo agbanɔamedzi kpekpe bubu aɖewo zu agba ɖe dziwò ta? Esia dzɔna ɖe ame geɖe dzi. Eye amekae li egbea si dzi madzɔmadzɔnyenye, hlɔ̃dodo, kple ŋutasesẽ me tsonu mekpɔa ŋusẽ ɖo o? Nyateƒee, ɖeko wòsɔ kple nya si Biblia gblɔ be: “Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.” (Romatɔwo 8:22) Mewɔ nuku o be ame geɖe biana be: ‘Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme na mía? Ava xɔ na mí gbaɖegbea?’

Fia nunyala Salomo gblɔ na Mawu le gbedodoɖa me be: “Wò ɖeka koe nya amegbetɔviwo ƒe dzi.” Salomo ka ɖe edzi be Mawu menya mi ko evɔ o ke boŋ be etsɔa ɖe le eme na mí ɖekaɖeka hã. Ebia Mawu be ‘wòasee le enɔƒe le dziƒo’ eye wòaɖo mawuvɔ̃la ɖesiaɖe si gblɔ “eƒe fuɖename kple veve” la ƒe gbedodoɖawo ŋu.—Kronika II, 6:29, 30.

Yehowa Mawu gakpɔtɔ tsɔa ɖe le eme na mí egbea eye wòkpe mí be míayɔ ye le gbedodoɖa me. (Psalmo 50:15) Edo ŋugbe be yeawɔ nu ɖe gbedodoɖa siwo tso dzime eye wowɔ ɖeka kple yeƒe lɔlɔ̃nu la ŋu. (Psalmo 55:17, 23; Luka 11:5-13; Korintotɔwo II, 4:7) Ẽ, Yehowa ɖoa to ‘eƒe amewo alo ame ɖekaɖekawo ƒe gbedodoɖa ɖesiaɖe alo biabia ɖesiaɖe si woabia hena amenuveve.’ Eyata ne míeɖo ŋu ɖe Mawu ŋu, hedo gbe ɖa bia eƒe kpekpeɖeŋu, eye míete ɖe eŋu la, ekema míakpɔ eƒe beléname lɔlɔ̃tɔe kple mɔfiafia. (Lododowo 3:5, 6) Biblia ŋlɔla Yakobo ka ɖe edzi na mí be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe