“Ŋutifafa Mawu la” Tsɔ Ðe Le Eme na Fukpelawo
BIBLIA gblɔe kɔte be Dawid si nɔ anyi le blema la nya nusi fukpekpe nye. Enɔ sisim le fia vɔ̃ɖi dzimesesẽtɔ aɖe si ɖoe kplikpaa be yeawui, amesi nyãe ɖe enu madzudzɔmadzudzɔe la nu ƒe geɖe. Dawid nɔ eɖokui ɣlam ɖe teƒe siwo sa ɖe aga le xaxaɣi siawo katã me. Gake egawɔ nu bubu aɖe hã. Edo gbe ɖa vevie tso eƒe fukpekpea ŋu na Yehowa. Eŋlɔ nu tso eƒe fukpekpe ŋu emegbe be: “Metsɔ nye gbe do ɣli na Yehowa, nye gbe metsɔ ƒo koko na Yehowa. Metrɔa nye nuxaxa kɔna ɖe eŋku me, eye meɖea nye hiãwo fiana le eŋku me.”—Psalmo 142:2, 3.
Egbea la, ame aɖewo ako Dawid le eƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu ta. Woagblɔ be ame ƒe susu dzi zizi be wòadze akɔ anyi koe gbedodoɖa nye eye ne woagblɔe tututu la, ɣeyiɣi gbegblẽe. Gake menye vodadae Dawid wɔ be wòɖo ŋu ɖe Mawu ŋu o, elabena eva ɖu eƒe futɔwo dzi mlɔeba. Esi Dawid nɔ nusi me wòto gblɔm la, eŋlɔe bena: “Esi hiãtɔ sia yɔe la, Yehowa ɖo toe, eye wòɖee tso eƒe hiãwo katã me.” (Psalmo 34:7) Woyɔ Mawu vavã si Dawid do gbe ɖa na le teƒe bubu be “ŋutifafa Mawu la.” (Filipitɔwo 4:9; Hebritɔwo 13:20) Ðe wòana míavo tso fukpekpe me, esi ana míanɔ ŋutifafa mea?
Yehowa Tsɔ Ðe Le Eme na Wò
Yehowa mezia kpi kpɔa eƒe amewo le fukpekpewo me o. (Psalmo 34:16) Menye esubɔla siwo le ƒuƒoƒo me ƒe nuhiahiãwo me koe wòtsɔa ɖe le o, ke ame ɖekaɖeka siwo vɔ̃nɛ hã tɔe. Esime Salomo nɔ gbedoxɔ ŋu kɔm le blema Yerusalem la, eƒo koko na Yehowa be wòaɖo to ase “amesiame alo Israel-vi ɖesiaɖe ƒe gbedodoɖa alo biabia ɖesiaɖe hena amenuveve, elabena wo dometɔ ɖesiaɖe nya eƒe fuɖename kple vevesese.” (Kronika II, 6:29, NW) Abe alesi Salomo lɔ̃ ɖe edzi ene la, amesiame kple eƒe xaxa si me wòato. Ame aɖe tɔ anye dɔléle. Ame bubu tɔ anye nuteɖeamedzi. Ame aɖewo hã anɔ anyi siwo woƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku anye nuxaxa na vevie. Fu siwo amewo kpena le ɣeyiɣi sesẽ siawo me dometɔ aɖewo hãe nye dɔmakpɔwɔe, gakuxiwo, kple ƒomekuxiwo.
Tɔ nàbu ‘wò fukpekpe kple wò veve’ ŋu vie kpɔ. Ðewohĩ èse le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi abe hakpala Dawid ene, amesi ŋlɔe bena: “Mekpɔ mɔ na babadoname, ke dzodzroe, eye na akɔfalawo, gake nyemekpɔ ɖeke o.” Gake kakaɖedzi ate ŋu anɔ asiwò be Mawu tsɔ ɖe le yeƒe nɔnɔmea me, elabena Dawid gblɔ emegbe le psalmo ma ke me be: “Yehowa ɖoa to ame dahewo, eye medoa vlo eƒe gatɔwo o.”—Psalmo 69:21, 34.
Ne míebu Dawid ƒe nyawo ŋu gbadzaa la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be ameƒomea Wɔla la sea amesiwo, woƒe fukpekpewo wɔ gamemewoe ƒe gbedodoɖawo. Gawu la, ewɔa nu tsɔ ɖea wo le fukpekpe me. De ŋugble le nya siwo gbɔna, siwo ɖe alesi Yehowa sea veve ɖe fukpelawo nui fia la ŋuti kpɔ.
“Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe anyi o. Ne ète wo ɖe anyi, eye wodo ɣli yɔm la, ekema maɖo to woƒe ɣlidodo la, eye nye dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu.”—Mose II, 22:21-23.
“Ke ɖe Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli dom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã?”—Luka 18:7.
“Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.”—Psalmo 72:12-14.
“Amesi ka asi mia ŋu [Mawu ƒe ame siwo le anyigba dzi] la, eka asi [nye] ŋkuvi ŋu.”—Zaxarya 2:12.
Kpɔɖeŋu ʋee siawo fia alesi mía Wɔla la tsɔ ɖe le eƒe amewo ƒe nyonyo me vevie. Eyata susu nyui li si ta míawɔ ɖe apostolo Petro ƒe nuxlɔ̃menya sia dzi, be: “Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.” (Petro I, 5:7) Gake aleke Mawu akpe ɖe mía ŋu le xaxaɣiwoe?
Alesi Mawu Kpena Ðe Fukpelawo Ŋui
Abe alesi míekpɔe va yi ene la, esime Dawid ɖo xaxa me la, edo gbe ɖa vevie bia Mawu ƒe mɔfiame. Le ɣeyiɣi ma ke me la, eya ŋutɔ dze agbagba be yeana nɔnɔmeawo naka ɖe eme, esi wòzã aɖaŋu si dzo le eyometilawo gbɔ. Eyata ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu kple Dawid ŋutɔ ƒe agbagbadzedze kpe ɖe eŋu wòdo dzi le fukpekpe me. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eme?
Ne míeɖo xaxa me la, megblẽ kura be míaɖe afɔ siwo sɔ atsɔ akpɔ kuxia gbɔe o. Le kpɔɖeŋu me, ne Kristotɔ aɖe mekpɔ dɔ awɔ o la, ɖe madze agbagba adi ɖe oa? Alo ne dɔ lémee wòle la, ɖe mawɔ atike oa? Le nyateƒe me, Yesu, amesi ŋu ŋusẽ le be wòada dɔ sia dɔ ƒomevi gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be ‘dɔnɔwo hiã gbedala.’ (Mateo 9:12; tsɔe sɔ kple Timoteo I, 5:23.) Ele eme be womate ŋu awɔ naneke le fukpekpe aɖewo ŋu ya o; dzi koe woado. Ke hã la, Kristotɔ vavãtɔ mebua fukpekpe abe nusi me wòato akpɔ nu nyui aɖe, abe alesi ame aɖewo bunɛ ene o. (Tsɔe sɔ kple Fiawo I, 18:28.) Ke boŋ, eɖea afɔ ɖesiaɖe si wòate ŋui tsɔ nɔa te ɖe fukpekpea nui.
Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, enyo be woatsɔ nya la ade gbedodoɖa me na Yehowa. Nukatae? Gbã la, ne míeɖoa ŋu ɖe mía Wɔla ŋu la, ekpena ɖe mía ŋu be ‘míekpɔa nusiwo le vevie wu la gbɔ.’ (Filipitɔwo 1:10) Le kpɔɖeŋu me ne míele dɔ dim la, ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu gbedodoɖatɔe akpe ɖe mía ŋu míagbe dɔ si ŋu Biblia me gɔmeɖosewo tsi tre ɖo la wɔwɔ. Míatsri galɔlɔ̃ ‘si akplɔ mí atrae le xɔsea me’ hã. (Timoteo I, 6:10) Nyateƒee, ne míele nyametsotso sesẽwo wɔm—le dɔwɔɖui alo le agbemenuwɔna bubu aɖe ŋu—la, ele be míawɔ ɖe Dawid ƒe nuxlɔ̃menya dzi, be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; mana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.”—Psalmo 55:23.
Gbedodoɖa kpena ɖe mía ŋu hã be míaƒe susu nɔa te, ale be míaƒe fukpekpea mate ɖe mía dzi o. Apostolo Paulo ŋlɔe bena: “Le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.” Nukae ado tso eme? “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Ẽ, ŋutifafa, ŋutifafa si tso Mawu gbɔ. Ŋutifafa ma “ƒo gɔmesesewo katã ta,” eyata ate ŋu ana míali ke ne nu te ɖe mía dzi vevie. ‘Adzɔ míaƒe dziwo kple míaƒe tamesusuwo ŋu,’ ale wòakpe ɖe mía ŋu be míagawɔ nu dzitsitsitɔe nunya manɔmee, si ate ŋu adzi míaƒe fukpekpe ɖe edzi o.—Nyagblɔla 7:7, NW.
Gbedodoɖa agate ŋu awɔ nu geɖe. Ate ŋu atrɔ alesi nya aɖe ava nɔ. De ŋugble le Biblia me kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Esi wode apostolo Paulo gaxɔ me le Roma la, ede dzi ƒo na ehati Kristotɔwo be woado gbe ɖa ɖe ye ta. Nukatae? Eŋlɔ na wo be: “Mele nu xlɔ̃m mi geɖe wu bena, miawɔ esia, bene woagatsɔm ana mi kaba.” (Hebritɔwo 13:19) Paulo nya be yeƒe haxɔsetɔwo ƒe gbedodoɖa edziedzi ate ŋu atrɔ ɣeyiɣi si me woaɖe asi le ye ŋu.—Filemon 22.
Ðe gbedodoɖa atrɔ nusi ado tso wò fukpekpe mea? Ate ŋu atrɔe. Gake ele be míanya be Yehowa meɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɣesiaɣi alesi míanɔ mɔ kpɔmee o. Le kpɔɖeŋu me, Paulo do gbe ɖa edziedzi le ‘ŋù si le eƒe ŋutilã me’ ŋu—ɖewohĩ enye lãmegbegblẽ aɖe si ku ɖe eƒe ŋku ŋu. Le esi teƒe be Mawu naɖe Paulo ƒe fukpekpea ɖa la, egblɔ nɛ be: “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me.”—Korintotɔwo II, 12:7-9.
Eyata ɣeaɖewoɣi la, womaɖe míaƒe fukpekpewo ɖa o. Ke anye mɔnukpɔkpɔ na mí boŋ be míaɖe míaƒe ŋuɖoɖo ɖe mía Wɔlaa ŋu afia. (Dɔwɔwɔwo 14:22) Gawu la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be ne Yehowa meɖe fukpekpea ɖa o gɔ̃ hã la, “ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.” (Korintotɔwo I, 10:13) Ẽ, susu nyui tae woyɔ Yehowa be “akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.” (Korintotɔwo II, 1:3, 4) Enaa nusi míatsɔ ado dzie la mí kpe ɖe ŋutifafa geɖe ŋu.
Madidi O—Xexe si me Fukpekpe Manɔ O Ava!
Wɔla la do ŋugbe be yeato yeƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe ameƒomea ƒe fukpekpewo ɖa kpuie. Aleke wòle esia wɔ gee? Awɔ esia esi wòaɖe Satana Abosam, amesi koŋ hea fukpekpe vɛ eye wòganye ŋutifafadomegblẽla gãtɔ, amesi Biblia yɔ be “xexe sia me mawu” la ɖa. (Korintotɔwo II, 4:4) Gake eteƒe madidi o eƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ameƒomea dzi nu ayi. Eɖeɖeɖa ana yayra gbogbowo nava na Mawu vɔ̃lawo. Biblia do ŋugbe be Yehowa “latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:1-4.
Ðe xexe si me fukpekpe manɔ o ƒe vava dzi manya xɔ ase oa? Fu mã mí ale gbegbe be esesẽ be míasusui be woaɖee ɖa. Gake vovo tso vɔvɔ̃, dzimaɖitsitsi, kple dzɔgbevɔ̃e me tututu ƒe tamee Mawu ɖo ɖe ameƒomea ŋu le gɔmedzedzea me, eye eƒe tameɖoɖoa ava eme.—Yesaya 55:10, 11.
Mɔkpɔkpɔ sia ŋue Sonia, Fabiana, kple Ana, amesiwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me la ke ɖo. Mɔkpɔkpɔ si Biblia ɖe gblɔ—esi nye ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo ƒe tsitretsitsi, ye na Sonia, amesi ƒe viŋutsu eveawo AIDS wu, kpɔ ŋutifafa. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Egblɔ be: “Kakaɖedzi le nu ɖeka ŋu, eyae nye be míaƒe mɔkpɔkpɔ ƒo veve ɖesiaɖe si míase ta.”
Esime Ana kpɔtɔ nɔ tsyɔ̃eviwo dzikpɔƒea la, Yehowa Ðasefo aɖe va egbɔ. Ana gblɔ be: “Efia Yehowa ƒe ŋkɔm le Biblia me, eye esia dzɔ dzi nam ŋutɔ. Mehiã kpekpeɖeŋu vevie, eye mese be Mawu aɖe li, amesi tsɔ ɖe le eme na mí.” Esi Ana dzo le tsyɔ̃eviwo dzikpɔƒea la, elɔ̃ be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli ye eye wòva srɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu. Emegbe etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hetsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe edzii. “Tso ɣemaɣi ke la meyia edzi ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me, eye kakaɖedzi si li be akpe ɖe ŋunye la faa akɔ nam.”
Fabiana hã kpɔ akɔfafa kple tomefafa geɖe le eƒe fukpekpe me esi wòva srɔ̃ nu tso Mawu ƒe ŋugbedodowo hena etsɔ si gbɔna ŋu. “Ðeko Biblia me nyateƒea nyanya le abe dzodzo le teƒe dotsizi aɖe ava xɔ nyui aɖe si me kɔ keŋ me ene.”—Tsɔe sɔ kple Psalmo 118:5.
Gake mɔ ka nue xexeame godoo ƒe ŋutifafa ava le, eye ɣekaɣie? Na míakpɔe ɖa le nyati siwo gbɔna me.
[Aɖaka si le axa 6]
Fukpekpe Ƒomevi Vovovowo
▪ Xexeame nɔlawo ƒe akpa enelia kloe le ahedada kolikoli me, eye ame miliɔn geɖe le nɔnɔme madeamedzi siwo dea woƒe agbe afɔku me la me.
▪ Ðevi miliɔn 200 kple edzivɔ mekpɔa nu nyui ɖuna o.
▪ Mitsinyenye wua ɖevi siwo ade miliɔn etɔÞ, siwo mexɔ ƒe atɔÞ haɖe o la ƒe sia ƒe.
▪ Dɔxɔleameŋuwo wu amesiwo ade miliɔn 16.5 le ƒe 1993 ɖeɖe dzaa me. Esi woÌnye dukɔ aɖewo ƒe dɔleìlewo bubu to vovo ta la, xexleÞmea ŋutɔŋutɔ ate ŋu awu ema saÞa.
▪ Wobu akɔnta be tagbɔdɔ aɖe ƒomevi kokoko ɖea fu na ame miliɔn 500.
▪ Sɔhɛ geɖewo va le wo ɖokui wum kabakaba wu ame hatsotso bubu ɖesiaɖe.
▪ The Unesco Courier gblɔ be: “Dɔwuame kple dɔmakpɔwɔe gbaÞ tsi ɖe xexeame ŋu. Ame miliɔn 35 ye mekpɔ dɔ awɔ le xexemedukɔ adre siwo me kesinɔnuwo bɔ ɖo me o, eye le Brazil ɖeɖe dzaa la, dɔwɔla miliɔn 20 li siwo mekpɔa nuɖuɖu si ade na wo tso woƒe dɔwɔɖui me o.”
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Gbedodoɖa ate ŋu ana míaƒe susu nanɔ xexe si me fukpekpe manɔ o si ŋugbe Mawu do ŋu