INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwbr23 March axa 1-axa 9
  • “Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ” Ƒe Nyatsoƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ” Ƒe Nyatsoƒewo
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo—2023
  • Tanya Suewo
  • MARCH 6-12
  • MARCH 13-19
  • MARCH 20-26
  • MARCH 27–APRIL 2
  • APRIL 10-16
  • APRIL 17-23
  • APRIL 24-30
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo—2023
mwbr23 March axa 1-axa 9

Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

© 2022 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

MARCH 6-12

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 1 KRONIKA 23-26

“Wowɔ Ðoɖo Nyui Ðe Gbedoxɔa Me Subɔsubɔdɔwo Ŋu”

Lewi Viwo

David wɔ ɖoɖo nyui ɖe dɔ siwo Lewi viwo wɔna ŋu. Eɖo wo dzikpɔlawo, dɔnunɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, agbonudzɔlawo kple kesinɔnudzraɖoƒe dzi kpɔlawo. Etia wo dometɔ gbogbo aɖewo hã be woakpe asi ɖe nunɔlawo ŋu le gbedoxɔa me. Wokpɔa xɔxɔnuawo, nuɖuxɔawo, vɔsanuwo, nuwo ŋuti kɔkɔ kple dɔ bubuwo dzi, eye wodzidzea nuwo ƒe agbɔsɔsɔme hã. Woma Lewi vi siwo dzia ha ɖe ƒuƒoƒo 24 me abe ale si woma nunɔlawo ɖe hatsotsowo me ene, eye ƒuƒoƒoawo subɔna ɖe wo nɔewo yome. Wodzidzea nu hafi dea dɔ asi na wo. Le agbonudzɔlawo ƒe ƒuƒoƒowo hã gomea, wodzidzea nu hafi nyana agbo si koŋ ŋu ƒuƒoƒo aɖe adzɔ.—1Kr 23, 25, 26; 2Kr 35:3-5, 10.

Nunɔlawo

Wowɔ ɖoɖo ɖe dɔ vovovo siwo nunɔlawo wɔna le gbedoxɔa me ŋu. Le dɔ aɖewo gomea, ɖe wodzidzea nu hafi denɛ asi na wo. Hatsotso 24-awo dometɔ ɖe sia ɖe subɔna kwasiɖa ɖeka, eye wowɔa esia zi eve le ƒea me. Edze ƒãa be nunɔlawo katã subɔna le azãɖuɣiwo, elabe ɣemaɣia dukɔa saa vɔ gbogbo aɖewo, abe ale si wowɔe le gbedoxɔa ŋu kɔɣi ene. (1Kr 24:1-18, 31; 2Kr 5:11; tsɔe sɔ kple 2Kr 29:31-35; 30:23-25; 35:10-19) Nunɔla aɖe ate ŋu asubɔ le ɣebubuɣiwo faa ne esia mado kplamatsɛ nunɔla siwo dzi wòɖo be woasubɔa ƒe dɔwo o. Esi Yesu nɔ anyigba dzia, rabiwo ƒe kɔnyinyiwo wɔe be nunɔlawo va sɔ gbɔ ɣemaɣi. Eya ta wogama nunɔlawo ƒe hatsotsoawo me ɖe woƒe ƒomewo nu, ale be ƒome ɖe sia ɖe va le dɔ si wowɔna kwasiɖa ɖeka tsãa wɔm ŋkeke ɖeka alo esi wu nenema ɖe woƒe agbɔsɔsɔme nu.

Hadzidzi

Esi wonɔ dzadzram ɖo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa me dɔwo ŋua, David ɖe Lewi vi 4,000 be woadzi ha akafu Yehowa. (1Kr 23:4, 5) Wo dometɔ 288 nye ame siwo “wona hehee be woadzi ha na Yehowa, eye wo katã wonye hadzila bibiwo.” (1Kr 25:7) Hakpala bibi siwo nye Asaf, Heman, kple Yedutun (edze ƒãa be eyae wogayɔna be Etan) ye kpɔ ɖoɖo siawo katã dzi. Ŋutsu siawo dometɔ ɖe sia ɖe nye Lewi viŋutsu siwo nye Gersom, Kohat kple Merari ƒe dzidzimevi le ɖoɖo si tututu woyɔ wo lea nu. Esia taa, Lewi vi etɔ̃awo, siwo nye woƒe ƒomeawo ƒe tatɔwoa, ƒe dzidzimevi aɖe kokoko nɔ hadzidzi le gbedoxɔa me ƒe ɖoɖoa me. (1Kr 6:16, 31-33, 39-44; 25:1-6) Ŋutsu etɔ̃ siawo ƒe viŋutsuwo ƒe xexlẽme nye 24, eye wo katã wole hadzila bibi 288 si woyɔ va yia me. Wodzidze nu hafi tia viŋutsu siawo dometɔ ɖe sia ɖe be wòanɔ hadzilawo ƒe hatsotso aɖe nu. Wogatia hadzila “bibi” 11 tso woawo hã wo viŋutsuwo kple Lewi vi bubuwo dome be woanɔ woƒe kpɔkplɔ te. Eya ta woma Lewi vi 288 siwo nye hadzila bibiwoa ɖe hatsotso 24 me abe ale si wònɔ le nunɔlawo hã gome ene. Ne woma ‘hasrɔ̃la’ 3,712 siwo susɔa hã ɖe hatsotso 24-a mea, ke ame abe 155 ene ye anɔ hatsotso ɖe sia ɖe me, eye esia fia be Lewi vi hasrɔ̃la siwo ade 13 ye wode asi na hadzila bibi ɖe sia ɖe be wòafiae nu ahana hehee le hadzidzi me. (1Kr 25:1-31) Esi wònye be nunɔlawoe kua kpẽawo taa, woakpe ɖe Lewi vi siwo nye hadzilawoa ŋu.—2Kr 5:12; tsɔe sɔ kple 4Mo 10:8.

Agbonudzɔla

Le Gbedoxɔa Me. Esi wòsusɔ vie Fia David nakua, ewɔ ɖoɖo nyui si nu woawɔ subɔsubɔdɔwo lea na Lewi viwo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔ me dɔwɔla bubuwo. Agbonudzɔlawo le ame 4,000 eye woma wo ɖe hatsotsowo me. Hatsotso ɖe sia ɖe wɔa dɔ ŋkeke adre ne eɖo wo dzi be woasubɔ. Woƒe dɔe nye be woadzɔ Yehowa ƒe aƒea ŋu eye woakpɔ egbɔ be woʋu agboawo hetu wo le ɣeyiɣi ɖoɖiawo dzi. (1Kr 9:23-27; 23:1-6) Tsɔ kpe ɖe agbonudzɔdzɔ ƒe dɔwo ŋua, wokpɔa ga siwo amewo dzɔ hena gbedoxɔa me dɔwo hã dzi. (2Fi 12:9; 22:4) Emegbe esi nunɔlagã Yehoyada si ami na Yehoas wòzu fiaa, woɖo dzɔla tɔxɛwo gbedoxɔa ƒe agbowo nu be woakpɔ Yehoas, ɖevi la, ta tso Fianyɔnu Ataliya si xɔ fiazikpuia sesẽe la si me. (2Fi 11:4-8) Esime Fia Yosiya nɔ trɔ̃subɔsubɔ ɖem ɖa le dukɔa mea, agbonudzɔlawo hã nɔ eme wofɔ nu siwo katã wozãna le Baal subɔsubɔ mea do goe le gbedoxɔa me. Eyome wotɔ dzo wo le dua godo.—2Fi 23:4.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w22.03 22 ¶10

Yehowa Subɔsubɔ Ana Nàkpɔ Dzidzɔ Geɖe Wu

10 Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖee nye be míadzi ha akafui. (Ps. 28:7) Blema Israel-viwo bu hadzidzi be enye yewoƒe subɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe. Fia David tia Lewi vi 288 be woadzi ha le gbedoxɔa me. (1 Kron. 25:1, 6-8) Egbea hã, míedzia kafukafuhawo na Mawu tsɔ ɖenɛ fiana be míelɔ̃e. Mehiã be míanye hadzila bibiwo hafi adzi ha akafu Yehowa o. Bu nya sia ŋu kpɔ: “Mí katã míedaa vo zi geɖe” le nuƒoƒo me, gake míexana ɖe ema ta gbea nuƒoƒo le kpekpeawo alo gbeadzisubɔsubɔdɔa me o. (Yak. 3:2) Nenema kee míate ŋu adzi kafukafuhawo na Yehowa, ne ewɔna na mí be gbe vivi mele mía si o gɔ̃ hã.

MARCH 13-19

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 1 KRONIKA 27-29

“Aɖaŋu Nyui Aɖe Si Vifofo Aɖe Ðo Na Via”

w05 2/15 19 ¶9

Míaƒe Kristotɔnyenye Ta Kpɔkpɔ

9 Wò ŋutɔ kpɔ kakaɖedzi le Biblia me nyateƒea ŋu. Ne míaƒe Yehowa subɔsubɔ menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo me sidzedze dzi sesĩe oa, enu ate ŋu afa. (Filipitɔwo 1:9, 10) Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe—eɖanye sɔhɛ alo ame tsitsi o—naɖo kpe edzi na eɖokui be nu si dzi yexɔ se lae nye Biblia me nyateƒea. Paulo de dzi ƒo na haxɔsetɔwo be: “Mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi.” (1 Tesalonikatɔwo 5:21) Ele be sɔhɛ Kristotɔ siwo dzilawo nye Mawu vɔ̃lawoa nanyae be wo dzilawo ƒe xɔse mate ŋu akpɔ wo ta o. Salomo ŋutɔ fofo, David, xlɔ̃ nui be: ‘Dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nàsubɔe kple dzi blibo.’ (1 Kronika 28:9) Ele eme be esime Salomo nɔ ɖevimea, anya kpɔ ale si fofoa tu xɔse ɖoe na Yehowa, gake ema ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ele be eya ŋutɔ nadze si Yehowa, eye ewɔe nenema hã. Eƒo koko na Mawu be: “Eya ta na nunya kple sidzedzem, ne mate ŋu ado adze dukɔ sia ŋgɔ, eye magagbɔ.”—2 Kronika 1:10.

w12 4/15 16 ¶13

Yi Edzi Nàsubɔ Yehowa Kple Dzi Blibo

13 Nufiamea me kɔ ƒãa. Ne míekpɔa gome le dɔwɔna nyui tuameɖo siwo nye hamea ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzia, míedze na kafukafu. Gake Yehowa subɔsubɔ kple dzi blibo bia nu geɖe wu esiawo ko. (2 Kron. 25:1, 2, 27) Ne Kristotɔ aɖe galɔ̃a “nu siwo le megbe”—si fia xexemenu aɖewo—le eƒe dzi ƒe gogloeƒea, esia ate ŋu agblẽ ƒomedodo si le woa kple Mawu domea me. (Luka 17:32) Ne ‘míenyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi eye míelé ɖe nu si nyo la ŋu’ vavãa, eya ko hafi ‘míadze na Mawu fiaɖuƒe la.’ (Rom. 12:9; Luka 9:62) Eya ta ehiã be mí katã míakpɔ egbɔ be Satana ƒe xexea me nu aɖeke nagaxe mɔ na mí be míalé fɔ ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ŋu kple dzi blibo o—aleke kee nu mawo ɖadze abe ɖe wole vevie alo wodoa dzidzɔ na ame ene o.—2 Kor. 11:14; mixlẽ Filipitɔwo 3:13, 14.

w17.09 32 ¶20-21

“Lé Dzi Ðe Ƒo, . . . Eye Nàwɔ Dɔ La”

20 Fia David ɖo ŋku edzi na Salomo be Yehowa anɔ kplii va se ɖe esime wotu gbedoxɔa wu enu. (1 Kron. 28:20) Kakaɖedzitɔea, Salomo de ŋugble le nya siwo fofoa gblɔ nɛ ŋu, eye mebui be esi yenye ɖekakpui dzaa makpɔnuteƒe taa, yemate ŋu awɔ dɔa o. Dzi nɔ eƒo ŋutɔ eye wòwɔ dɔa. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu mea, etu gbedoxɔ gã la wu enu le ƒe adre kple afã me.

21 Abe ale si Yehowa kpe ɖe Salomo ŋu enea, ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu míalé dzi ɖe ƒo eye míawɔ dɔ si wòde asi na mí le míaƒe ƒomea kple hamea siaa mea ade goe. (Yes. 41:10, 13) Ne míena dzi le mía ƒo le Yehowa subɔsubɔ mea, ke míate ŋu aka ɖe edzi be ayra mí fifia kple etsɔme siaa. Eya ta, “lé dzi ɖe ƒo, . . . eye nàwɔ dɔ la.”

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w17.03 29 ¶6-7

Nye Xɔlɔ̃ Nyui Ne Miaƒe Xɔlɔ̃wɔwɔa Me Di Be Yeagblẽ

Xɔlɔ̃ bubuwo nɔ David si siwo nɔ eŋu nuteƒewɔwɔtɔe le ɣeyiɣi sesẽwo me. Wo dometɔ ɖekae nye Husai, ame si ŋu Biblia gblɔ le be enye “David xɔlɔ̃.” (2 Sam. 16:16; 1 Kron. 27:33) Anɔ eme be ewɔa dɔ le fiasãa me, eye wònye David xɔlɔ̃ kple eŋumewo dometɔ ɖeka si David dea dɔ vevi siwo nye nya ɣaɣlawoa asi na.

Esi David vi Absalom dze agbagba be yeaxɔ fiazikpuia le fofoa si la, Israel-vi geɖe wɔ ɖeka kplii, gake menɔ alea le Husai ya gome o. Esi David nɔ sisima, Husai yi egbɔ. Ete ɖe David dzi ŋutɔ be ye ŋutɔ ye vi tsi tsitre ɖe ye ŋu alea eye ame bubu siwo dzi yeka ɖo hã de edzi. Ke hã, Husai yi edzi wɔ nuteƒe na David eye wòlɔ̃ faa be yeade yeƒe agbe afɔku me ale be yeatsɔ dɔ aɖe si awɔe be woagblẽ aglãdzelaawo ƒe nugbeɖoɖoa me. Menye esi Husai nye fiaŋume ta koe wòyi dɔa gbe o. Ke esi wònye xɔlɔ̃ vavã tae.—2 Sam. 15:13-17, 32-37; 16:15–17:16.

MARCH 20-26

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 KRONIKA 1-4

“Fia Salomo Metso Nya Me Nyuie O”

Asrafoha

Salomo ƒe dziɖuɖua he tɔtrɔ yeyewo va Israel ƒe asrafohaa me. Ŋutifafa nɔ anyi wu le eƒe dziɖuɣi, gake eƒo sɔwo kple tasiaɖam gbogbowo nu ƒu. Eƒle sɔawo ƒe akpa gãtɔ tso Egipte. Eva hiã be woadi nɔƒe na wo, eya ta wotso sɔdolawo ƒe duwo kple tasiaɖamduwo ɖe Israel ƒe nuto geɖe me. (1Fi 4:26; 9:19; 10:26, 29; 2Kr 1:14-17) Gake Yehowa meyra ɖe nu si Salomo wɔa dzi kura o. Gawua, esi Salomo ku eye fiaɖuƒea maa, ŋusẽ megava nɔ Israel ƒe asrafohaa ŋu o. Emegbea, Yesaya gblɔe wòsɔ nyuie be: “Baba na ame siwo yia Egipte ɖabiaa kpekpeɖeŋu, ame siwo ɖoa dzi ɖe sɔwo ŋu, ame siwo ɖoa ŋu ɖe aʋatasiaɖamwo ŋu, elabena wosɔ gbɔ, eye woɖoa ŋu ɖe aʋawɔsɔwo ŋu, elabena ŋusẽ le wo ŋu, ke womeɖoa ŋu ɖe Israel Ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu o, eye womedia Yehowa yome mɔ o.”—Yes 31:1.

Tasiaɖam

Do ŋgɔ na Salomo ƒe dziɖuɣia, tasiaɖamdolawo ƒe ha gã aɖeke menɔ Israel ƒe asrafohaa si o. Susu si koŋ tae nye be Mawu de se na fiawo be sɔ geɖe meganɔ wo si o, ale be woagaɖo ŋu ɖe sɔawo ŋu hena dukɔa ƒe dedienɔnɔ o. Le se sia taa, tasiaɖam geɖe mete ŋu nɔ dukɔa si o, elabe sɔwoe wotsɔ hea tasiaɖamwo. (5Mo 17:16) Esi Samuel nɔ nu xlɔ̃m dukɔa tso fu si woakpe ne fia si nye amegbetɔ ɖu wo dzi ŋua, egblɔ be: “Axɔ mia viŋutsuwo atsɔ wo aɖo eƒe tasiaɖamwo me.” (1Sa 8:11) Esi Absalom kple Adoniya siaa nɔ agbagba dzem be yewoaxɔ fiazikpuia, wo dometɔ ɖe sia ɖe di tasiaɖam kple sɔwo na eɖokui, eye wotia ŋutsu 50 siwo aƒu du le wo ŋgɔ. (2Sa 15:1; 1Fi 1:5) Esi David ɖu Zoba-fia dzia, esusɔ tasiaɖam 100 ɖi.—2Sa 8:3, 4; 10:18.

Esi Fia Salomo nɔ agbagba dzem be yeana ŋusẽ nagaɖo Israel ƒe asrafoha ŋu geɖe wua, edzi tasiaɖamwo ɖe edzi wova le 1,400. (1Fi 10:26, 29; 2Kr 1:14, 17) Wowɔ sɔkpowo kple teƒe tɔxɛwo ɖe Yerusalem kple du bubu siwo wona ŋkɔ be tasiaɖamduwo me, afi si woalé be na tasiaɖam siawo katã le.—1Fi 9:19, 22; 2Kr 8:6, 9; 9:25.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w05 12/1 19 ¶6

Nya Vevi Siwo Tso Kronika ƒe Agbalẽ Evelia Me

1:11, 12. Nu si Salomo bia la ɖee fia Yehowa be fia la nɔ nunya kple sidzedze dim vevie. Nyateƒee wònye be gbe siwo míedona ɖa na Mawu la ɖea nu si tututu le míaƒe dzi me fiana. Nunya le eme be míabu nya siwo míagblɔ le míaƒe gbedodoɖawo me ŋu nyuie.

MARCH 27–APRIL 2

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 KRONIKA 5-7

“Nye Dzi Anɔ Afi Ma Ɣeawokatãɣi”

w02 11/15 5 ¶1

Migadzudzɔ Takpekpe Ðekae O

Emegbe, esi David nye fia le Yerusalem la, edi vevie be yeatu aƒe si anɔ anyi ɖaa atsɔ akɔ Yehowa ŋui. Gake esi David nye aʋawɔla taa, Yehowa gblɔ nɛ bena: “Matu xɔ na nye ŋkɔ o.” Ðe eteƒea, Etia David ƒe vi Salomo be wòatu gbedoxɔa. (1 Kronika 22:6-10) Salomo kɔ gbedoxɔa ŋu le ƒe 1026 D.Y. me, le xɔtutudɔ si xɔ ƒe adre kple afã megbe. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe xɔ sia ŋu, hegblɔ be: “Mekɔ xɔ sia, si nètu, be matsɔ nye ŋkɔ aɖo afi ma tegbee la ŋu, eye nye ŋku kple nye dzi anɔ afi ma ŋkekeawo katã.” (1 Fiawo 9:3) Ne Israel-viawo yi edzi wɔ nuteƒea, Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe aƒe ma ŋu. Gake ne wotrɔ ɖa tso nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋua, Yehowa aɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖa le teƒe ma, eye ‘xɔa azu glikpo.’—1 Fiawo 9:4-9; 2 Kronika 7:16, 19, 20.

Gbedoxɔ

Eŋutinya. Gbedoxɔ sia nɔ anyi va se ɖe esime Babilon-srafo siwo Fia Nebukadnezar nɔ ŋgɔ na la va tsrɔe le ƒe 607 D.Y. me. (2Fi 25:9; 2Kr 36:19; Yr 52:13) Esi Israel-viwo trɔ le Yehowa yome va nɔ alakpamawuwo subɔm taa, eɖe mɔ dukɔwo fia fu Yuda kple Yerusalem, eye ɣeaɖewoɣia, wohaa gbedoxɔa me kesinɔnuwo. Edzɔna ɣeaɖewoɣi hã be dukɔa gblẽa gbedoxɔa ɖi eye womeléa be nɛ o. Esi Salomo vi Rehabeam nɔ dzi ɖuma, Egipte fia Sisak va ha gbedoxɔa me nu xɔasiwo (993 D.Y.), evɔ ƒe 33 pɛ koe nye ema tso esime wokɔ gbedoxɔa ŋu. (1Fi 14:25, 26; 2Kr 12:9) Togbɔ be Fia Asa (977-937 D.Y.) dea bubu Yehowa ƒe aƒea ŋu hãa, ewɔ bometsinu aɖe be yeatsɔ akpɔ Yerusalem ta. Elɔ klosalo kple sika tso gbedoxɔa ƒe nudzraɖoƒewo eye wòtsɔ wo na Siria fia Ben-hadad I ale be wòagblẽ nu, si wòbla kple Israel fia Basa me.—1Fi 15:18, 19; 2Kr 15:17, 18; 16:2, 3.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w10 12/1 11 ¶7

Enya “Amegbetɔviwo Ƒe Dzi”

Salomo ƒe gbedodoɖaa me nyawo faa akɔ na mí. Ðewohĩ mía havi amegbetɔwo manya ale si tututu míesena le mía ɖokui me—míaƒe ‘fuɖenamewo’ kple ‘vevewo’ o. (Lododowo 14:10) Gake Yehowa nya ale si míesena le míaƒe dzi me, eye wòtsɔ ɖe le eme na mí vevie. Ne míegblɔa míaƒe dzimenyawo nɛ le gbedodoɖa mea, esia ana agba siwo le mía dzia tsɔtsɔ nanɔ bɔbɔe na mí wu. Biblia gblɔ be: “[Midro] miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na mi.”—1 Petro 5:7.

APRIL 10-16

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 KRONIKA 8-9

“Ede Asixɔxɔ Nunya Ŋu”

w99 11/1 20 ¶4

Ne Dɔmenyowɔwɔ Bɔ

Gake Seba fianyɔnua hã dze agbagba geɖe ŋutɔ be wòzã ɣeyiɣi kple ŋusẽ va srã Salomo kpɔ. Edze ƒãa be Seba anɔ teƒe aɖe si le egbegbe Republic of Yemen; eya ta fianyɔnua kple eƒe kposɔhaa anya zɔ mɔ si didi kura wu kilometa 1,600 yi Yerusalem. Abe ale si Yesu gblɔe enea, “etso anyigba seƒe ke va.” Nu ka ta Seba fianyɔnua wɔ nu ma gbegbe? “Salomo ƒe nunya [sese]” koŋ tae wòva ɖo.—Luka 11:31.

w99 7/1 30 ¶4-5

Sasrãkpɔ Aɖe Si Me Woxɔ Teƒeɖoɖo Geɖe Le

Eɖanye kae o, fianyɔnua va Yerusalem “kple ha gã ŋutɔ kple kposɔ, siwo tsɔ atike ʋeʋẽe kple sika geɖe ŋutɔ kpakple kpe xɔasiwo.” (1 Fiawo 10:2a) Ame aɖewo gblɔ be dzɔla siwo bla aʋakpa kpe ɖe “ha gã ŋutɔ” sia ŋu. Esia gɔme nya se, ne míede ŋugble le eŋu be fianyɔnua nye ŋusẽtɔ si ŋu bubu le eye wòle mɔ zɔm kple nunɔamesi siwo ƒe home ade dɔlar miliɔn gbogbo aɖe ŋu.

Gake de dzesii be, fianyɔnua se Salomo ƒe ŋkɔxɔxɔ “kpe ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti.” Eya ta esia menye asitsatsa ƒe mɔzɔzɔ dzro aɖe ko o. Eme kɔ ƒãa be anye Salomo ƒe nunya sese ta koŋue fianyɔnua va ɖo—ɖewohĩ be ne wòanya wɔa, ne yeasrɔ̃ nane tso eƒe Mawu Yehowa gɔ̃ hã ŋu. Esi wònye be anye Sem alo Ham siwo nye Yehowa subɔlawo ƒe dzidzimevie wònye taa, anya di vevie be yeanya nu tso ye tɔgbuiwo ƒe mawusubɔsubɔ ŋu.

w99 7/1 30-31

Sasrãkpɔ Aɖe Si Me Woxɔ Teƒeɖoɖo Geɖe Le

Salomo ƒe nunya kple eƒe fiaɖuƒea ƒe kesinɔnuwo ƒe agbɔsɔsɔme si Seba-fianyɔnua kpɔa wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be “gbɔgblɔ bu ɖee.” (1 Fiawo 10:4, 5) Ame aɖewo bui be nyagbe sia fia be “gbɔgbɔtsixe tsi” fianyɔnua “ƒo.” Agbalẽnyala aɖe do susua ɖa gɔ̃ hã be eku ƒenyi! Nu ka kee ɖadzɔ o, nu si fianyɔnua kpɔ kple nu si wòsea wɔ nuku nɛ. Egblɔ le Salomo ƒe dɔlawo ŋu be wonye dzidzɔtɔwo be mɔnukpɔkpɔ su wo si wosea eƒe nunya, eye ekafu Yehowa le esi wòtsɔ Salomo ɖo fiazikpui dzi ta. Eye etsɔ nunana xɔasi geɖewo na fia la, ne míabu sika ɖeɖe dzaa ƒe agbɔsɔsɔme si wòtsɔ na fia Salomo ɖe egbegbe ƒe nuwo ƒe asixɔxɔ nua, ade $40,000,000. Salomo hã na nu fianyɔnua, “nu siwo katã Seba fianyɔnua bia.”—1 Fiawo 10:6-13.

Salomo

Esi fianyɔnua kpɔ Salomo ƒe aƒea kple gbedoxɔa ƒe atsyɔ̃, ale si eƒe kplɔ̃ŋusubɔlawo subɔnae kple woƒe awuwo, kpakple numevɔ siwo wòsana edziedzi le gbedoxɔa mea, “gbɔgblɔ bu ɖee,” eye wògblɔ be, “Kpɔ ɖa, womegblɔ woƒe afã gɔ̃ hã nam o! ȃo nya si wogblɔ le wò nunya kple wò kesinɔnuwo ŋu mese la ta sãsãsã.” Eyome egblɔ be dzidzɔtɔwoe nye ame siwo subɔa fia sia. Nu siawo katã ʋãe wòkafu Yehowa Mawu, ame si ɖe lɔlɔ̃ fia Israel esi wòtsɔ Salomo ɖo fiae be wòadrɔ̃ ʋɔnu ahatso afia le dzɔdzɔenyenye me.—1Fi 10:4-9; 2Kr 9:3-8.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

Fiazikpui

Le fiazikpui siwo Israel fiawo katã zã domea, esi Salomo wɔa koe woɖɔ tsitotsito le Biblia me. (1Fi 10:18-20; 2Kr 9:17-19) Edze be enɔ xɔ si woyɔna be “Fiazikpui Ƒe Akpata” me. Xɔ sia hã nɔ Moriya Toa dzi le Yerusalem. (1Fi 7:7) Enye ‘fiazikpui gã aɖe si wotsɔ nyiɖu wɔ hefa sika nyuitɔ ɖe eŋu. Wogba etame kotoo le emegbe, eye abɔɖoƒewo le eŋu.’ Togbɔ be woate ŋu atsɔ nyiɖu koŋ awɔ fiazikpui sia hãa, ale si wowɔa xɔtudɔwo zi geɖe le gbedoxɔa mea na míekpɔe be anye atie wotsɔ kpa fiazikpuia hafi fa sika nyuitɔ ɖe eŋu, eye wotsɔ nyiɖu ɖe atsyã ɖe eŋu etɔxɛe. Ne ame aɖe kpɔ fiazikpuia, adze nɛ abe nyiɖu kple sika koe wotsɔ wɔe ene. Esi nuŋlɔɖia gblɔ be atrakpui ade le fiazikpuia ŋu vɔa, eyi edzi be: “Eye wowɔ dzata eve ɖe abɔɖoƒeawo xa. Dzata wuieve le atrakpui adeawo ƒe axawo dzi, ɖeka le atrakpui ɖe sia ɖe ƒe axa si kple axa kemɛ.” (2Kr 9:17-19) Dzata siawo tsi tre ɖi na dziɖuŋusẽ, eye esia sɔ ŋutɔ. (1Mo 49:9, 10; Nyɖ 5:5) Ate ŋu anye be wowɔ dzata 12 siawo be woasɔ ɖe Israel toawo ƒe xexlẽme, si hã nye 12 nu. Ðewohĩ esia nye dzesi be toawo katã bɔbɔ ɖe ame si le fiazikpui sia dzia te eye wode eƒe dziɖuɖu dzi. Afɔɖodzinu si wotsɔ sika wɔ hã le fiazikpuia ŋuti. Fiazikpui gã sia si woɖɔ be wotsɔ sika kple nyiɖu wɔe, wogba etame kotoo eye dzatawo le eŋkumea, nye esi ƒo fiazikpui siwo nɔ anyi ɣemaɣia ta sãsãsã, eɖanye esiwo ŋu tomenukulawo ke ɖo loo alo esiwo woɖɔ alo ta ɖe nuŋlɔɖikpewo dzi o. Abe ale si nuŋlɔɖia gblɔe wòsɔ nyuie enea: “Womewɔ esia tɔgbi le fiaɖuƒe bubu aɖeke me kpɔ o.”—2Kr 9:19.

APRIL 17-23

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 KRONIKA 10-12

“Na Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo Naɖe Vi Na Wò”

w18.06 13 ¶3

Anye Ne Eƒe Nu Adze Mawu Ŋu Hafi

Rehabeam anya se le eɖokui me be womimi ye ɖo! Ne ewɔ nu si dukɔa bia dzia, ahiã be eya kple eƒe ƒomea kpakple eŋumewo katã naɖe woƒe agbeɖuɖu dzi akpɔtɔ eye womagate ŋu abia nu geɖe tso dukɔa si o. Gake ne egbe woƒe didia dzi wɔwɔ na woa, woate ŋu adze aglã ɖe eŋu. Eya ta, nu kae wòawɔ? Fia yeye la de adaŋu kple ame tsitsi siwo nye fofoa Salomo ƒe aɖaŋuɖolawo. Gake esia yomea, eyi ɖade adaŋu kple ɖekakpui siwo nye ehatiwo. Le ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖoa nua, etiae be yeatu nu kple dukɔa. Eɖo nya ŋu na wo be: “Mana miaƒe kɔkuti la nakpe ɖe edzi. Fofonye tsɔ atam ƒo mi, ke nye la, matsɔ atam si ŋu nu tɔamewo le la aƒo mi.”—2 Kron. 10:6-14.

w01 9/1 28-29

Ale Si Nàwɔ Nyametsotso Nyuiwoe

Azɔ hã Yehowa na ame tsitsiwo mí le hamea me siwo ŋu míate ŋu ate ɖo adzro nyametsotso siwo míedi be míawɔ me kpli wo. (Efesotɔwo 4:11, 12) Ke hã le kpekpeɖeŋu biabia ame bubuwo gomea, mele be míazu ame siwo nɔa tsatsam le amewo dzi ʋuu va se ɖe esime wova kena ɖe ame si agblɔ nu si asɔ tome na woa ŋu o. Ekema wowɔna ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖo dzi. Ele be míaɖo ŋku nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu si Rehabeam nye dzi. Esi wòdze ŋgɔ nyametsotso gã aɖea, exɔ aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe tso ame tsitsi siwo nɔ fofoa ŋua gbɔ. Gake le esime wòawɔ ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖo dzi teƒea, eyi ɖabia aɖaŋuɖoɖo tso ɖekakpui, siwo nye ehatiwo gbɔ. Woƒe aɖaŋuɖoɖo dzi wɔwɔ na wòwɔ nyametsotso gbegblẽ si na wòbu eƒe fiaɖuƒea ƒe akpa gãtɔ.—1 Fiawo 12:1-17.

Ne èle aɖaŋuɖoɖo dima, biae tso ame siwo kpɔ nuteƒe le agbe me, siwo si Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze vavãtɔ le eye wodea bubu gɔmeɖose nyuiwo ŋua gbɔ. (Lododowo 1:5; 11:14; 13:20) Ne eva hiãa, di ɣeyiɣi nàde ŋugble le gɔmeɖose siwo ku ɖe nyaa ŋu kple nyatakaka siwo katã ŋu nèke ɖoa ŋu. Esi nèva de dzesi nuwo le Yehowa ƒe Nya ƒe mɔfiafia tea, nyametsotso si sɔ ava dze ƒãa wu.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Rehabeam

Rehabeam ƒe ŋutasesẽ kple dada wɔe be Israel-vi akpa gãtɔ trɔ le eyome kuraa. Israel to siwo kpɔtɔ nɔ asi kpem ɖe David ƒe aƒea ŋu koe nye Yuda kple Benyamin toa. Nunɔlawo kple Lewi vi siwo tso fiaɖuƒe evea siaa me, kpakple ame ɖekaɖeka aɖewo siwo tso to ewoawo me hã va kpe asi ɖe wo ŋu.—1Fi 12:16, 17; 2Kr 10:16, 17; 11:13, 14, 16

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

Gbɔgbɔ Vɔ̃ Siwo Ði Gbɔ̃wo

Nya siwo Yosua gblɔ le Yosua 24:14 na míekpɔe be Egiptetɔwo ƒe alakpasubɔsubɔnuwɔnawo kpɔ ŋusẽ aɖe ya teti ɖe Israel-viwo dzi esime wonɔ afi ma. Ezekiel ƒe nyawo hã na míekpɔe be alakpasubɔsubɔnuwɔna mawo gakpɔtɔ nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzi togbɔ be wodzo le afi ma eteƒe didi hã. (Eze 23:8, 21) Le susu sia taa, agbalẽnyala aɖewo kpɔe be se si Mawu de na Israel-viwo le gbea dzi be ‘womegasa vɔwo na gbɔgbɔ vɔ̃ siwo ɖi gbɔ̃wo o,’ (3Mo 17:1-7) kple ale si Yeroboam ɖo “nunɔlawo nuxeƒeawo kple gbɔgbɔ vɔ̃ siwo ɖi gbɔ̃wo kple nyivi siwo wòwɔ la nu” la (2Kr 11:15) ɖee fia be gbɔ̃wo subɔsubɔ ƒomevi aɖe nɔ edzi yim le Israel-viwo dome abe ale si woxɔ aƒe ɖe Egipte ene. Ŋutinyaŋlɔla Herodotus (II, 46) gblɔ be Egiptetɔwo ƒe trɔ̃subɔsubɔ siae na Helatɔwo hã xɔ trɔ̃ siwo Pan kple satyr-wo, siwo nye gbɔ̃ afã kple ame afã dzi se. Le woƒe dzixɔsewo nua, wonye avememawu siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔnuwɔnawo me. Emegbea, wova ɖɔ wo be woto dzo, eye gbɔ̃ ƒe afɔwo kple asike le wo si. Ame aɖewo gblɔna be trɔ̃ siawo ƒe dzedzeme nue wotaa Satana be eto asike kple dzowo, eye eƒe afɔkli me fe. Le Blukɔ Ƒe Ɣeyiɣiawo (500-1000 K.Ŋ.) mea, Kristodukɔa ɖɔ Satana nenema zi geɖe.

Ŋɔŋlɔawo megblɔ nu si tututu “gbɔ̃” mawo nye o. Togbɔ be ame aɖewo gblɔna be wonye gbɔ̃ ŋutɔŋutɔwo alo trɔ̃ siwo wowɔ ɖe gbɔ̃ ƒe nɔnɔme nu hãa, manye nenema kokoko o, eye naneke mele ŋɔŋlɔ bubuwo hã me si ɖo kpe nya ma dzi o. Nya si wozã na gbɔ̃ la ate ŋu afia ko be le ame siwo subɔa trɔ̃ siawo ƒe susu nua, alakpamawu mawo le abe gbɔ̃wo ene alo be woto fu abe gbɔ̃wo ene. Agate ŋu afia be ɖe wozã nya “gbɔ̃wo” gbadzaa ko tsɔ do ŋunyɔ alakpamawu siwo amewo subɔna, abe ale si ko Hebrigbe me nya si wozã na legbawo le kpukpui geɖewo mea fia “mĩ” ene, gake esia mefia be mĩ ŋutɔŋutɔe wotsɔ wɔ legba mawo o.—3Mo 26:30; 5Mo 29:17.

APRIL 24-30

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 KRONIKA 13-16

“Ɣekaɣie Nèɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu?”

w21.03 5 ¶12

Nɔviŋutsu Sɔhɛwo—Nu Kae Miawɔ Be Woaka Ðe Mia Dzi?

12 Esime Fia Asa nye sɔhɛa, ebɔbɔa eɖokui eye dzi nɔ eƒo. Le kpɔɖeŋu me, esi wòva zu fia ɖe tɔa, Abiya, teƒea, eho aʋa ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu. Azɔ hã, “egblɔ na Yuda be woadi Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la, eye woawɔ Se la kple mɔfiamewo dzi.” (2 Kron. 14:1-7) Emegbe esime Zera, Etiopiatɔ la tsɔ asrafo miliɔn ɖeka ho aʋa ɖe Yuda ŋua, Asa bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Egblɔ be: “Oo Yehowa, metsɔ le eme be ame siwo ŋu nèkpena ɖo la sɔ gbɔ alo le beli o. Yehowa mía Mawu, kpe ɖe mía ŋu, elabena ŋuwò míeɖo ŋu ɖo.” Nya wɔdɔɖeamedzi mawo na míekpɔ ale si gbegbe Asa ka ɖe Yehowa dzi be axɔ na ye kple yeƒe amewo. Asa ka ɖe Fofoa si le dziƒoa dzi, eye “Yehowa ɖu Etiopiatɔwo dzi.”—2 Kron. 14:8-12.

w21.03 5 ¶13

Nɔviŋutsu Sɔhɛwo—Nu Kae Miawɔ Be Woaka Ðe Mia Dzi?

13 Àlɔ̃ ɖe edzi be manɔ bɔbɔe na Asa be wòakpe aʋa kple asrafo miliɔn ɖeka mawo o, gake esi wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu taa, ete ŋui. Ke hã, nublanuitɔea, esi Asa gava ɖo kuxi bubu aɖe mea, metrɔ ɖe Yehowa ŋu o. Esi Israel-fia vɔ̃ɖi Baasa do ŋɔdzi na Asa la, etrɔ ɖe Siria-fia ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu. Esia kplɔe de afɔku gã aɖe me! Yehowa to nyagblɔɖila Hanani dzi gblɔ na Asa be: “Esi nèɖo ŋu ɖe Siria-fia ŋu, eye mèɖo ŋu ɖe Yehowa wò Mawu la ŋu o ta la, Siria-fia ƒe aʋakɔ la do le asiwò me.” Tso ɣemaɣia, aʋa nɔ Asa kple Israel-fia Baasa dome ɣeawokatãɣi. (2 Kron. 16:7, 9; 1 Fia. 15:32) Nufiameae nye eka?

w21.03 6 ¶14

Nɔviŋutsu Sɔhɛwo—Nu Kae Miawɔ Be Woaka Ðe Mia Dzi?

14 Yi edzi nàbɔbɔ ɖokuiwò eye nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Esi nèxɔ nyɔnyrɔa, èɖee fia be xɔse sẽŋu le ye si eye yeka ɖe Yehowa dzi. Eye Yehowa xɔ wò atuu va eƒe ƒomea me. Nu si le vevie fifiae nye be nàyi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Ðewohĩ enɔa bɔbɔe na wò be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne èle nyametsotso veviwo wɔm, gake aleke wònɔna le nyametsotso suesuesuewo gome? Ele vevie be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne èle nya me tsom le nu siwo nàtsɔ aɖe modzakae, dɔwɔɖuia kple taɖodzinu siwo nàɖo le agbe mea ŋu. Mègaɖo ŋu ɖe ɖokuiwò ŋu o. Ke boŋ, di Biblia ƒe mɔfiame siwo akpe ɖe ŋuwò, eye nàwɔ wo dzi. (Lod. 3:5, 6) Ne èwɔe alea, àna Yehowa nakpɔ dzidzɔ, eye ame siwo le hamea mea aka ɖe dziwò eye woade bubu ŋuwò.—Xlẽ 1 Timoteo 4:12.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w17.03 19 ¶7

Subɔ Yehowa Kple Dzi Blibo!

7 Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu adzro eɖokui me akpɔ be yeƒe dzi ku ɖe Mawu ŋu bliboe hã. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe meɖoe kplikpaa be madze Yehowa ŋu, maʋli subɔsubɔ vavãtɔ ta ahakpɔ eƒe amewo ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ ɖe sia ɖe mea?’ Bu dzinɔameƒo si gbegbe wòle be wòanɔ Asa si hafi wòate ŋu atsi tsitre ɖe Maaka, si nye “nyɔnufia” le dukɔa me ŋu kpɔ! Ðewohĩ mènya ame aɖeke si wɔa nu abe Maaka ene pɛpɛpɛ ya o, ke hã, nɔnɔme aɖewo ate ŋu ado mo ɖa si abia be nàwɔ nu dzonɔamemetɔe abe Asa ene. Le kpɔɖeŋu me, ne edzɔ be wò ƒomea me tɔ alo xɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe wɔ nu vɔ̃ eye metrɔ dzi me o, eye wòva hiã be woaɖee le haa me ɖe? Ðe nàwɔ nu dzinɔameƒotɔe ahadzudzɔ hadede kpliia? Nu kae wò dzi aʋã wò be nàwɔ?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe