INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 2/15 axa 27-30
  • Alesi Nàkpɔ Kuxiwo Gbɔe Ŋuti Nufiame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Nàkpɔ Kuxiwo Gbɔe Ŋuti Nufiame
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuxlɔ̃ame Manyomanyo Ŋuti Nufiame
  • Alesi Woaxlɔ̃ Nui
  • Alesi Mele Be Míawɔ Nui le Nɔnɔme Sesẽwo Me O
  • Hiob De Asixɔxɔ Gã Aɖe Yehowa Ƒe Ŋkɔa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nya Vevi Siwo Tso Hiob ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • “Miese Hiob Ƒe Dzidodo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Ŋutsu Kpɔɖeŋuɖola aɖe si Xɔ Ðɔɖɔɖo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 2/15 axa 27-30

Alesi Nàkpɔ Kuxiwo Gbɔe Ŋuti Nufiame

AME ʋee aɖewo koe dze ŋgɔ kuxi siwo katã Hiob dze ŋgɔe kpɔ. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, eƒe kesinɔnuwo kple dɔwɔɖui ƒe gbegblẽ, viawo katã ƒe kuku nublanuitɔe, kple mlɔeba dɔléle sesẽ aɖe si me wòse veve le helĩhelĩ gblẽ nu le eŋu vevie. Exɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo gblẽe ɖi, eye srɔ̃a ƒo nya ɖe enu be ‘wòaƒo fi de Mawu ne wòaku!’—Hiob 2:9; 19:13, 14.

Gake Hiob nye dzideƒotsoƒe tɔxɛ na amesiame si le dodokpɔ mawo tɔgbe me tom. Nu nyui siwo do tso eƒe fukpekpeawo me fia be ne míedo dzi le fukpekpe me le ɖokuitsɔtsɔna Mawu vavãtɔ ta eye menye ame ŋutɔ ƒe viɖekpɔkpɔ ta o la, edoa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi.—Hiob, ta 1, 2; 42:10-17; Lododowo 27:11.

Alesi woakpɔ kuxiwo gbɔe ŋuti nufiame xɔasiwo hã le Biblia me ŋutinya sia me. Alesi woaxlɔ̃ nu amesi le fu kpem—kple alesi mele be woaxlɔ̃ nui o—ƒe kpɔɖeŋu ʋãmewo dze le eme. Gakpe ɖe eŋu la, nusiwo me Hiob ŋutɔ to ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu le mɔ si da sɔ nu ne nya sesẽwo dzɔ ɖe mía dzi.

Nuxlɔ̃ame Manyomanyo Ŋuti Nufiame

Nyagbɔgblɔ “Hiob ƒe akɔfala” va zu nya si wozãna na amesi sisia abi me na ame le esi wòafa na ame ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe edzi teƒe. Gake togbɔ be ŋkɔ sia si Hiob ƒe zɔhɛ etɔ̃awo va xɔ dze wo hã la, mele be míatsɔe be susu vɔ̃e wotsɔ wɔ nusianu si wowɔ la o. Vaseɖe afi aɖe la, ate ŋu anye be ɖe wodi be yewoakpe ɖe Hiob ŋu hafi, le alesi woƒe nukpɔsusu masɔmasɔwo le nu. Nukatae wodo kpo nu? Aleke wɔ wova zu Satana, amesi ɖoe kplikpaa be yeagblẽ Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ me, ƒe dɔwɔnuwo?

Wotu woƒe nuxlɔ̃amewo katã kloe ɖe nususukpɔ masɔmasɔ dzi: be nuvɔ̃wɔlawoe kpea fu. Elifaz gblɔ le eƒe nuƒo gbãtɔ me be: “Ameka dome gblẽ fɔmaɖimaɖii kpɔa? Eye afika wotsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo le kpɔa? Le nye nukpɔkpɔ nu la amesiwo ŋlɔa dzɔgbevɔ̃e hetsɔa agbagbadzedze ƒãna la, woawoe xanɛ hã.” (Hiob 4:7, 8) Elifaz xɔe se vodadatɔe be dzɔgbevɔ̃e megogona fɔmaɖila o. Eƒe susue nye be esi nu mawo gbegbe le dzɔdzɔm ɖe Hiob dzi ta la, anye nuvɔ̃e wòwɔ ɖe Mawu ŋu.a Bildad kple Zofar hã te gbe ɖe edzi nenema ke be Hiob netrɔ dzime tso eƒe nuvɔ̃wo me.—Hiob 8:5, 6; 11:13-15.

Hiob ƒe zɔhɛ etɔ̃awo ƒe woawo ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwo, ke menye Mawu ƒe nunya o, gbɔgblɔ gaɖe dzi le eƒo ɖe edzi. Elifaz ya gblɔ kura be ‘Mawu meɖoa dzi ɖe eƒe subɔlawo ŋu o’ eye be Hiob ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ alo emawɔmawɔ mele vevie na Yehowa o. (Hiob 4:18; 22:2, 3) Ƒã hafi nàgakpɔ dziɖeleameƒonya—alo aʋatsonya—si alolo wu ema! Eyata mewɔ nuku o be Yehowa ka mo na Elifaz kple eƒe zɔhɛwo le busunyagbɔgblɔ sia ta. Egblɔ be: “Mieƒo nu nyui aɖeke le ŋunye . . . o.” (Hiob 42:7) Gake nya siwo atɔ ame wu le ŋgɔ gbɔna.

Mlɔeba Elifaz wɔ nusi gbɔ eme esi wòbu fɔe tẽ. Esi mete ŋu na Hiob lɔ̃ ɖe edzi be yewɔ nuvɔ̃ aɖeke o ta la, eya ŋutɔ kpa nuvɔ̃ siwo wòsusu be Hiob wɔ la ɖe eŋu. Elifaz bia be: “Ðe wò nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mekeke ta, eye seƒeɖo meli na wò vodadawo oa? Elabena èxɔ awɔbanu le nɔviwòwo si yakatsyɔ, eye nèɖe avɔ le avɔkoewɔlawo ŋu. Mèna tsi amesiwo gbafa ƒo la wono o, eye nète abolo dɔwuitɔwo.” (Hiob 22:5-7) Nyateƒe aɖeke mele fɔbubu siawo me o. Yehowa ŋutɔ yɔ Hiob be enye “ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe.”—Hiob 1:8.

Aleke Hiob wɔ esi woka aʋatso ɖe esi be mewɔa nuteƒe o? Eme kɔ kɔte be wodo nuxaxa nɛ eye wowɔe nublanuitɔe, gake eɖoe kplikpaa fifia wu tsã be yeaɖo kpe edzi be aʋatsoe woƒe nutsotsoawo nye. Le nyateƒe me, eƒe ŋku biã ɖe eɖokuitaʋiʋli ŋu ale gbegbe be le mɔ aɖe nu la, edze fɔbubu Yehowa gɔme ɖe eƒe fukpekpea ta. (Hiob 6:4; 9:16-18; 16:11, 12) Woƒe susu va dzo le nya la ŋutɔ dzi, eye woƒe nyagbɔgblɔwo va zu Hiob ƒe ame dzɔdzɔe alo ame madzɔmadzɔ nyenye ŋuti nyahehe ƒuƒlu. Nukawoe Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso nuxlɔ̃amenana sia si gblẽ nu me?

1. Kristotɔ si lɔ̃a ame metsona zi ɖeka ko gblɔna be nɔvi aɖe ŋutɔ ƒe vodadae he kuxi va edzi o. Nyahehe ɖe ame ŋu vevie ɖe vodada siwo wowɔ va yi—eɖanye amea da voa ŋutɔŋutɔ alo míawoe susui ɖe eŋu nenema o—ate ŋu aɖe dzi le amesi le agbagba dzem vevie be dzi megaɖe le ye ƒo o la ƒo kura. ‘Akɔfafa’ ye amesiwo dzi nu te ɖo hiã ke menye nyanyra ɖe wo dzi o. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Yehowa di be dzikpɔlawo nanye “sitsoƒe tso ya nu,” menye “akɔfala ƒuƒluwo” abe Elifaz, Bildad, kple Zofar ene o.—Yesaya 32:2; Hiob 16:2.

2. Mele be míabu fɔ ame gbeɖe ne míekpɔ kpeɖodziawo kɔte o. Nyasegblɔwo alo nyasusugblɔwo—abe Elifaz tɔwo ene—menye gɔmeɖokpe nyui siwo dzi woanɔ te ɖo aka mo na ame o. Le kpɔɖeŋu me, ne hamemegã aɖe bu fɔ ame madzemadzee la, ana womagate ŋu aka ɖe edzi o eye wòado nuxaxa na ame. Aleke Hiob se le eɖokui me le nuxlɔ̃ame siawo si wotsɔ nukpɔsusu masɔmasɔ gblɔe sese ŋu? Edo ɣli gblɔ nusi te ɖe eƒe dzi dzi hebia be: “Ame kudɔe ŋue nye esia nèkpe ɖoa, eye alɔ beli enye esia nèxɔ naa?” (Hiob 26:2) Dzikpɔla si tsɔ ɖe ele eme na ame la ‘ado ŋusẽ asi siwo wɔ gblɔdɔɔ,’ menye be wòana kuxia nagado gã ɖe edzi o.—Hebritɔwo 12:12.

3. Mawu ƒe Nya la dzie wòle be woatu nuxlɔ̃ame ɖo, menye ɖe ame ŋutɔ ƒe susu dzi o. Hiob ƒe zɔhɛwo ƒe nyawo mesɔ o eye wogblẽa nu le ame ŋu hã. Le esi woahe Hiob ate ɖe Yehowa ŋu wu teƒe la, wona wòsusui boŋ be nane zu mɔxenu le wo kple Fofoa si le dziƒo dome. (Hiob 19:2, 6, 8) Gake Biblia zazã aɖaŋutɔe ate ŋu aɖɔ nuwo ɖo, ado ŋusẽ ame, eye wòana akɔfafa vavãtɔ ame.—Luka 24:32; Romatɔwo 15:4; Timoteo II, 3:16; 4:2.

Togbɔ be Hiob ƒe agbalẽa kpena ɖe Kristotɔwo ŋu be woakpɔ vodada aɖewo adze si hã la, nufiame nyuiwo le eme le nuxlɔ̃ame nyuitɔ nana ŋu.

Alesi Woaxlɔ̃ Nui

Elihu ƒe nuxlɔ̃ame to vovo kura tso Hiob ƒe zɔhɛ etɔ̃awo tɔ gbɔ, le nya siwo wògblɔ na Hiob kple alesi Elihu gblɔ woe gome. Eyɔ Hiob ŋutɔ ƒe ŋkɔ eye wòƒo nu nɛ abe xɔlɔ̃ ene, menye abe Hiob ƒe ʋɔnudrɔ̃la ene o. “Azɔ, Hiob, se nye nyawo, eye naƒu to anyi ɖe nye nuƒoƒowo katã ŋu! Kpɔ ɖa, Mawu tɔe menye abe wò ke ene, eye tsue woka me nye hãe.” (Hiob 33:1, 6) Elihu tso bla kafu Hiob ɖe eƒe nudzɔdzɔewɔwɔ ta hã. Egana kakaɖedzi Hiob be: ‘Mekpɔ dzidzɔ ɖe wò nudzɔdzɔewɔwɔ ŋu.’ (Hiob 33:32) Hekpe ɖe nuxɔxlɔ̃ dɔmenyotɔe alea ŋu la, nu bubuwo hã na Elihu kpɔ dzidzedze.

Esi Elihu gbɔ dzi blewu vaseɖe esi ame bubuwo wu woƒe nya nu la, ete ŋu se nyawo gɔme nyuie wu hafi ɖo aɖaŋu. Gake nenye be míetsɔe be Hiob nye ame dzɔdzɔe la, ɖe Yehowa ahe to nɛa? Elihu gblɔ sesĩe be: “Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi, eye ŋusẽkatãtɔ nawɔ nu madzɔmadzɔ. Meɖea eƒe ŋku ɖa le ame dzɔdzɔe ŋu o.”—Hiob 34:10; 36:7.

Hiob ƒe nudzɔdzɔewɔwɔe nye nya vevitɔ si wole ʋiʋlima? Elihu he Hiob ƒe susu yi nukpɔsusu si meda sɔ o dzii. Eɖe nu me be: “[Ègblɔ] be: Tɔnye dzɔ wu Mawu [tɔ.] Fɔ kɔ te, nalé ŋku ɖe dziƒo, eye kpɔ alilikpo, siwo le tawòme boo la ɖa.” (Hiob 35:2, 5) Alesi alilikpowo kɔ boo wu míi la, nenema ke Yehowa ƒe mɔwo kɔ boo wu mía tɔe. Míate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu le alesi wòwɔa nuwoe ŋu o. Elihu ƒo eta be: “Eyata amegbetɔ navɔ̃e. Meléa ŋku ɖe amesiwo katã bua wo ɖokui nunyalawoe la ŋu o.”—Hiob 37:24; Yesaya 55:9.

Elihu ƒe nuxlɔ̃ame nyui la dzra Hiob ɖo be wòaxɔ nufiame bubu siwo tso Yehowa ŋutɔ gbɔ. Le nyateƒe me, alesi Elihu dzro “Mawu ƒe nukunuwo” mee le ta 37 lia me sɔ kple Yehowa ŋutɔ ƒe nya siwo wògblɔ na Hiob woŋlɔ ɖe ta 38 vaseɖe 41 me ale gbegbe. Eme kɔ ƒã be Yehowa ƒe nukpɔsusue Elihu tsɔ kpɔ nuwoe. (Hiob 37:14) Aleke Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ Elihu ƒe kpɔɖeŋuae?

Abe Elihu ene la, dzikpɔlawo vevietɔ adi be yewoase veve ɖe ame ti ahanyo dɔme, eye woaɖo ŋku edzi be blibomadelawoe yewo hã yewonye. Anyo be woaɖo to nyuie ase nyawo eye woase wo gɔme hafi aɖo aɖaŋu. (Lododowo 18:13) Hekpe ɖe eŋu la, ne wozã Biblia kple agbalẽ siwo ɖe Ŋɔŋlɔawo me la, woate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe nukpɔsusu afia mɔ le nyawo me.—Romatɔwo 3:4.

Le nufiame nyui siwo le Hiob ƒe agbalẽa me na hamemegãwo megbe la, efia alesi míadze ŋgɔ kuxiwoe le mɔ si da sɔ nu la mí.

Alesi Mele Be Míawɔ Nui le Nɔnɔme Sesẽwo Me O

Esi Hiob ƒe fukpekpe gblẽ nu geɖe le eŋu eye eƒe alakpakɔfalawo do nuxaxa nɛ la, ese veve eye wòlé blanui. Exa nu be: “Gbesigbe wodzim . . . la, nebu! Nye agbe le ŋu nyɔm na nye luʋɔ.” (Hiob 3:3; 10:1) Esi menya be Satana gbɔe yeƒe dzɔgbevɔ̃eawo tso o ta la, etsɔe ko be Mawue na. Edze nu madzɔmadzɔ nɛ ale gbegbe be—ye ame dzɔdzɔe—yeakpe fu. (Hiob 23:10, 11; 27:2; 30:20, 21) Nɔnɔme sia na Hiob megabu nu bubuwo ŋu kpɔ o, si na wòhe nya ɖe alesi Mawu wɔa nu ɖe ameƒomea ŋui la ŋuti. Yehowa biae be: “Ðe nagblẽ nye afiatsotso me, eye nabu fɔm be, tɔwòe nye dzɔdzɔea?”—Hiob 40:8.

Ðewohĩ nu gbãtɔ si míewɔna ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe mía dzie nye be míase le mía ɖokui me be ɖe wole to hem na mí, abe alesi Hiob anya se le eɖokui me ene. Nya si ame geɖe bianae nye: ‘Nukata wònye nye dzie wòdzɔ ɖo? Nukata ame bubu—siwo ƒe agbenɔnɔ vɔ̃ɖi wu tɔnye sã—nanɔ agbe si me kuxi mesɔ gbɔ ɖo o?’ Susu siawo nye susu masɔmasɔwo, si ŋugbledede le Mawu ƒe Nya la ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatsri.

To vovo na Hiob la, míawo ya míate ŋu ase nyaʋiʋli siwo de ŋgɔ wu siwo le nya la me gɔme nyuie wu. Míenya be Satana “le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.” (Petro I, 5:8) Abe alesi Hiob ƒe agbalẽa ɖee fia ene la, anye dzidzɔ gã aɖe na Abosam be yeatsɔ kuxiwo ado nuƒo na mí atsɔ agblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ mee. Eɖoe kplikpaa be yeaɖo kpe yeƒe asiƒuakɔ be ne nu le edzi dzem na mí koe míate ŋu anye Ðasefowo na Yehowa dzi. (Hiob 1:9-11; 2:3-5) Ðe dzi anɔ mía ƒo be míaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta eye míato ema dzi ado aʋatsotɔ Abosama?

Yesu, kple Yehowa subɔla gbogbo aɖewo, ƒe kpɔɖeŋu fia be míate ŋu asi le fu aɖewo kpekpe nu le nuɖoanyi sia me o. Yesu gblɔ be ele be yeƒe nusrɔ̃lawo nalɔ̃ ‘atsɔ woƒe fuwɔameti’ ne wodi be yewoadze ye yome. (Luka 9:23) Mía ŋutɔ míaƒe ‘fuwɔameti’ ate ŋu anye fukpekpe siwo me Hiob do dzi le dometɔ ɖeka alo wo dometɔ geɖe—dɔdzedze, lɔlɔ̃tɔwo ƒe ku, nuteɖeamedzi, gakuxiwo, alo dzimaxɔsetɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu. Kuxi ka ƒomevie dze ŋgɔ mí o, nya la ƒe akpa aɖe si dea dzi ƒo na ame li. Míate ŋu abu míaƒe nɔnɔmea be enye mɔnukpɔkpɔ si me míaɖe míaƒe dzidodo kple nuteƒewɔwɔ maʋãmaʋãe na Yehowa afia le.—Yakobo 1:2, 3.

Nenemae Yesu ƒe apostolowo wɔ. Le Pentekoste-ŋkekea megbe teti la, woƒo wo ɖe gbeƒãɖeɖe le Yesu ŋu ta. Le esi dzi naɖe le wo ƒo teƒe la, wodzo yi ‘nɔ aseye tsom.’ Menye fukpekpeae dzɔ dzi na wo o, ke esi “wobu wo be, wodze bena woado ŋukpe wo le [Kristo ƒe] ŋkɔ la ta” ŋutie.—Dɔwɔwɔwo 5:40, 41.

Gake menye fu siwo katã míekpenae nye le Yehowa subɔsubɔ ta ya o. Ðewohĩ mía ŋutɔwoe adi nya na mía ɖokui—vaseɖe afi aɖe ya teti. Alo ɖewohĩ togbɔ be menye míawo gbɔe wòatso o hã la, kuxia ava gblẽ nu le míaƒe dadasɔ le gbɔgbɔ me ŋu. Eɖanye kae o, ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme abe Hiob tɔ ene ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ afisi vodadawo tso. Hiob lɔ̃ ɖe edzi na Yehowa be: “Megblɔ nya, siwo gɔme nyemese o.” (Hiob 42:3) Enɔa bɔbɔe na amesi lɔ̃na ɖe eƒe vodadawo dzi alea be wòaxe mɔ ɖe fukpekpe mawo tɔgbe nu le etsɔ me. Abe alesi lododoa gblɔe ene la, “nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.”—Lododowo 22:3.

Vevietɔ wu la, Hiob ƒe agbalẽa ɖo ŋku edzi na mí be míaƒe kuxiwo manɔ anyi tegbee o. Biblia gblɔ be: “Míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo. Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ [Yehowa] ƒe nuwuwu bena, [Yehowa] yɔ fũ kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.” (Yakobo 5:11) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo esubɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ teƒe na wo egbea nenema ke.

Míele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me kuxi ɖesiaɖe ƒomevi—“nu gbãtɔwo”—nu ava yi hã. (Nyaɖeɖefia 21:4) Vaseɖe esime ŋkeke ma naɖo la, Hiob ƒe agbalẽa nye mɔfiame xɔasi aɖe si ate ŋu ado ŋusẽ mí be míatsɔ nunya akpɔ kuxiwo gbɔe.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Togbɔ be Biblia gblɔ be “nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe” hã la, mefia be ne ame aɖe le fu kpem la, Mawue le eteƒe ɖom nɛ o. (Galatiatɔwo 6:7) Zi geɖe, le xexe sia si dzi Satana nye fia ɖo me la, ame dzɔdzɔewo kpea fu wu ame vɔ̃ɖiwo. (Yohanes I, 5:19) Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti.” (Mateo 10:22) Dɔléle kple dzɔgbevɔ̃e ƒomevi bubuwo ate ŋu adzɔ ɖe Mawu subɔla wɔnuteƒe ɖesiaɖe dzi.—Psalmo 41:4; 73:3-5; Filipitɔwo 2:25-27.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

“Fɔ kɔ te, . . . eye kpɔ alilikpo, siwo le tawòme boo la ɖa.” Elihu ƒe nya siawo kpe ɖe Hiob ŋu wòse egɔme be Mawu ƒe mɔwo kɔ boo wu amegbetɔ ƒe mɔwo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe