INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Mifa Akɔ na Nye Dukɔ”
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
    • 19, 20. Kpɔɖeŋu siwo me kɔ kawoe Yesaya zã tsɔ te gbe ɖe Yehowa ƒe gãnyenye dzii?

      19 Ke xexemedukɔ sesẽ siwo le anyigba dzi ya ɖe—ɖe woate ŋu axe mɔ na Mawu le ŋugbe si wòdo dzi wɔwɔ mea? Yesaya ƒo nu tso dukɔwo ŋu tsɔ ɖo eŋui be: “Kpɔ ɖa, dukɔwo le abe tsi toŋtoŋ le ze ŋu ene, wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu ŋu ene; kpɔ ɖa, edo ƒukpowo abe kekui ko ene! Libanon ƒe atiwo mesɔ gbɔ hena dzododo o, eye edzi lãwo mesɔ gbɔ hena numevɔsa o. Dukɔwo katã mele ɖeke me le eŋku me o, ebu wo abe nu maɖinui kple tofloko ene.”—Yesaya 40:15-17.

      20 Dukɔwo katã le abe tsi toŋ ene le Yehowa ŋkume. Wole abe ʋuʋudedi le nudanu ŋu ene, eye womeɖi naneke o.c Tsɔe be ame aɖe ɖi vɔsamlekpui gã aɖe eye wòtsɔ ati siwo katã le Libanon-towo dzi wɔ nakee. Eye tsɔe be amea tsɔ lã siwo katã tsana le to mawo dzi wɔ vɔsalãe. Vɔsa sia gɔ̃ hã meɖi naneke le Yehowa gbɔ o. Yesaya zã nya si nu gasẽ wu abe ɖe kpɔɖeŋu si wòwɔ la mesɔ gbɔ o ene—dukɔwo katã “le sue ŋutɔ” le Yehowa ŋkume.—Yesaya 40:17, New Revised Standard Version.

  • “Mifa Akɔ na Nye Dukɔ”
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
    • c The Expositor’s Bible Commentary gblɔ be: “Le Ɣedzeƒenutome asitsaƒewo la, womeléa ŋku ɖe tsi toŋ si le tsidzidzenu ŋu alo ʋuʋudedi sue si le nudanu ŋu ne wole lã alo atikutsetse dam o.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe