INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Mɔkpɔkpɔ Gbedasi na Aboyome Siwo Ƒo Dzi Ðe Le
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
    • ‘Dukɔwo Dziɖula’

      13. Aleke Yesu zu “ɖasefo na dukɔwo” le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi kple le eƒe dziƒoyiyi megbee?

      13 Nukae amesia si ava zu fia le etsɔme la awɔ? Yehowa gblɔ be: “Kpɔ ɖa, metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, eye metsɔe ɖo dukɔwo ƒe amegã kple dziɖula.” (Yesaya 55:4) Esime Yesu tsi la, ezu Yehowa teƒenɔla le anyigba dzi, eye wònye Mawu ƒe ɖasefo na dukɔwo. Le eƒe amegbetɔ ƒe agbenɔɣi la, ewɔ eƒe subɔsubɔdɔa le “Israel ƒe me alẽ, siwo bu” la dome. Gake do ŋgɔ na Yesu ƒe dziƒoyiyi teti la, egblɔ na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo . . . Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 10:5, 6; 15:24; 28:19, 20) Eyata le ɣeɣiɣi aɖe megbe la, wogblɔ Fiaɖuƒegbedasia na amesiwo menye Yudatɔwo o, eye wo dometɔ aɖewo kpɔ gome le nubabla si wowɔ kple Dawid la me vava me. (Dɔwɔwɔwo 13:46) Esia na Yesu yi edzi nye Yehowa ƒe “ɖasefo na dukɔwo” le eƒe ku, tsitretsitsi, kple dziƒoyiyi megbe gɔ̃ hã.

      14, 15. (a) Aleke Yesu ɖee fiae be yenye “amegã kple dziɖula”? (b) Mɔkpɔkpɔ kae nɔ Yesu yomedzelawo si le ƒe alafa gbãtɔ me?

      14 Wogblɔ be Yesu anye “amegã kple dziɖula” hã. Nyagblɔɖinya sia va eme pɛpɛpɛ le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi esime wòtsɔ eƒe tanyenye ƒe agbanɔamedzia bliboe hexɔ ŋgɔ le nusianu me, eye esia he amehawo ɖe eŋu, efia nyateƒenya wo, eye wòɖe viɖe si amesiwo nɔa eƒe kpɔkplɔ te kpɔna la fia. (Mateo 4:24; 7:28, 29; 11:5) Ena hehe eƒe nusrɔ̃lawo nyuie hedzra wo ɖo be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ si nɔ wo ŋgɔ. (Luka 10:1-12; Dɔwɔwɔwo 1:8; Kolosetɔwo 1:23) Yesu tsɔ ƒe etɔ̃ kple afã pɛ ko ɖo gɔmeɖoanyi na dukɔwo dome hame wɔɖeka si me ameƒomevi vovovo akpe geɖewo nɔ! “Amegã kple dziɖula” akuaku koe ate ŋu awɔ dɔ gã sia ade goe.b

      15 Wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na amesiwo nu woƒo ƒu ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea me, eye woƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoava zu hatidziɖulawo kple Yesu le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me. (Nyaɖeɖefia 14:1) Gake ɣeyiɣi si yi ŋgɔ wu Kristotɔnyenye ƒe gɔmedzeɣi ŋue Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒo nu tsoe. Kpeɖodziwo ɖee fia be Yesu Kristo mezu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia nɔ dzi ɖum do ŋgɔ na ƒe 1914 o. Ema megbe kpuie la, nɔnɔme aɖe do mo ɖa le Kristotɔ amesiaminawo dome le anyigba dzi si ɖi Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me la tɔ le go geɖe me. Le nyateƒe me la, nusi dzɔ ɖe Kristotɔ mawo dzi nye Yesaya ƒe nyagblɔɖia me vava le mɔ si lolo wu nu.

      Egbeŋkekea me Aboyomenɔnɔ Kple Ablɔɖekpɔkpɔ

      16. Fukpekpe kae kplɔ Yesu ƒe fiazuzu le ƒe 1914 me ɖo?

      16 Fukpekpe si ɖeke mesɔ kplii o va xexeame esime woɖo Yesu zi dzi wòzu Fia le ƒe 1914 me. Nukatae? Elabena esi Yesu va zu Fia la, enya Satana kple gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi bubuwo le dziƒo. Esi wosika Satana ɖe anyigba dzi la, eho aʋa ɖe ame kɔkɔe susɔe siwo nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe ame susɔeawo ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:7-12, 17) Aʋa sia ɖo eƒe sesẽaƒe le ƒe 1918 me esime wotɔ te dutoƒogbeƒãɖeɖedɔa keŋkeŋ kloe eye wotso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe ŋgɔnɔlawo nu alakpatɔe be wonye aglãdzelawo hede wo gaxɔ me. Yehowa ƒe egbeŋkekea me subɔlawo yi gbɔgbɔmeboyo me le mɔ sia nu, wòɖi ŋutilãmeboyo si me blema Yudatɔwo yi. Esia he vlodoame geɖe va wo dzi.

      17. Aleke nɔnɔme si me amesiaminawo nɔ trɔ le ƒe 1919 mee, eye aleke wodo ŋusẽ wo ɣemaɣii?

      17 Gake Mawu subɔla amesiaminawo ƒe aboyomenɔnɔ la menɔ anyi ɣeyiɣi didi o. Le March 26, 1919, dzi la, woɖe asi le ŋgɔnɔla siwo wode gaxɔ me la ŋu, eye emegbe wote fli ɖe nya siwo katã wotsɔ ɖe wo ŋu la me. Yehowa kɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe eƒe ame siwo wòna ablɔɖee la dzi, eye wòdo ŋusẽ wo ɖe dɔ si nɔ wo ŋgɔ woava wɔ la ŋu. Wotsɔ dzidzɔ wɔ ɖe amekpekpe si gblɔ be ‘mixɔ agbetsi la no faa’ la dzi. (Nyaɖeɖefia 22:17) Wodze ‘wein kple notsi eye menye kple ga alo le asixɔxɔ nu o’ eye wodo ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me ɖe alesi dɔa gbɔna ta keke ge nukutɔe, si amesiaminawo mekpɔ do ŋgɔ o, la ŋu.

      Ameha Gã aɖe Ƒu Du Va Mawu ƒe Amesiaminawo Gbɔ

      18. Ƒuƒoƒo eve kawoe le Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dome, eye nukae wozu egbea?

      18 Mɔkpɔkpɔ eve dometɔ ɖekae le Yesu ƒe nusrɔ̃lawo si. Gbã, woƒo “ha sue” si me tɔwo nye ame 144,000 la nu ƒu—wonye Kristotɔ amesiamina siwo nye Yuda kple Dukɔwo me tɔwo, amesiwo nye “Mawu ƒe Israel” eye woƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoaɖu fia kple Yesu le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me. (Luka 12:32; Galatiatɔwo 6:16; Nyaɖeɖefia 14:1) Evelia, “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” aɖe do le ŋkeke mamlɛawo me. Amesiawo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi. Hafi xaxa gã la nadze egɔme la, ame gbogbo siawo—siwo ƒe xexlẽme womeɖo ɖi o la—subɔna kple alẽha sue la, eye ƒuƒoƒo evea siaa zu “alẽha ɖeka” le “alẽkplɔla ɖeka” te.—Nyaɖeɖefia 7:9, 10; Yohanes 10:16.

  • Mɔkpɔkpɔ Gbedasi na Aboyome Siwo Ƒo Dzi Ðe Le
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
    • b Yesu yi edzi le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa dzi kpɔm. (Nyaɖeɖefia 14:14-16) Egbea Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnuwo bua Yesu be eyae nye hamea ƒe Ta. (Korintotɔwo I, 11:3) Eye le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, Yesu anye “amegã kple dziɖula” si awɔ nu le mɔ bubu nu, esime wòanɔ ŋgɔ awɔ nyametsoʋa kple Mawu ƒe futɔwo le Harmagedon-ʋa la me.—Nyaɖeɖefia 19:19-21.

  • Mɔkpɔkpɔ Gbedasi na Aboyome Siwo Ƒo Dzi Ðe Le
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
    • [Nɔnɔmetata si le axa 239]

      Yesu ɖee fia be yenye dukɔwo ƒe “amegã kple dziɖula”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe