INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ‘Wò Luʋɔ Abɔbɔ Ave Nunye’
    Gbetakpɔxɔ—2012 | June 1
    • ÐOKUIBƆBƆ nye nɔnɔme lédziname. Míedina be míate ɖe ɖokuibɔbɔlawo ŋu. Gake nublanuitɔe la, ɖokuibɔbɔ vavãtɔ megabɔ egbea o, vevietɔ le ame siwo kpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi gome. Ke Yehowa Mawu, Ame si ƒe ŋusẽ tri akɔ wu le xexea me godoo ya ɖe? Ðe wòbɔbɔa eɖokuia? Na míadzro nyagblɔɖila Yeremiya ƒe nya si le Konyifahawo 3:20, 21 (NW) la me kpɔ.​—Xlẽe.

  • ‘Wò Luʋɔ Abɔbɔ Ave Nunye’
    Gbetakpɔxɔ—2012 | June 1
    • Yeremiya ka ɖe edzi be Yehowa ‘abɔbɔ ava anyi’ na ame siwo trɔ dzi me vavã la. Biblia gɔmeɖeɖe bubu gblɔ be: “Oo ɖo ŋui, ne nàbɔbɔ ɖokuiwò ava anyi nam.” Nya siawo nana míekpɔnɛ be nublanuikpɔlae Yehowa nye. Ele ko abe ɖe Yehowa, ame si “ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi,” abɔbɔ ava anyi ene, eye wòaɖe esubɔlawo tso vlodoame si me wole la me ahave wo nu. (Psalmo 83:19) Kakaɖedzinya sia do ŋusẽ Yeremiya, eye wòfa dzi nɛ. Nyagblɔɖila nuteƒewɔla la ɖoe kplikpaa be yealala dzigbɔɖitɔe va se ɖe ɣeyiɣi si Yehowa ɖo be yeaɖe yeƒe dukɔ si trɔ dzi me la.​—Kpukpui 21.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe