INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • dp ta 13 axa 210-229
  • Fia Eve Siwo Kpe Aʋa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fia Eve Siwo Kpe Aʋa
  • Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • WOTSO ÐE HELA FIAÐUƑE ŊU
  • WOMÃ FIAÐUƑE GÃ AÐE ME ÐE ENE
  • FIA EVE DO VA LE ŊUSẼ ƲLIM
  • ƲIƲLIA DZE EGƆME
  • FIA AÐE BIA HLƆ̃ ÐE NƆVIANYƆNU SI WOWU TA
  • SIRIA FIA ÐO ETEƑE NƐ
  • NUWO TRƆ BUBUI
  • KALẼNUWƆLA LA GATRƆ VA
  • ROMA ÐO ASI KALẼNUWƆLA LA DZI
  • ƲIƲLI LA YI EDZI
  • Fia Siwo Le Ho Ʋlim Ƒe Nuwuwu Gogo
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Yehowa Kpɔ Ale Si Nuwo Ava Nɔ Na Fiawo Do Ŋgɔ
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Amekae Aɖu Xexeame Dzi?
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Ɣekaɣie Wotsrɔ̃ Blema Yerusalem?—Akpa Gbãtɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
dp ta 13 axa 210-229

Ta Wuietɔ̃lia

Fia Eve Siwo Kpe Aʋa

1, 2. Nukata wòle be míatsɔ ɖe le nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖe Daniel ta 11 la me?

FIA eve siwo ƒe ŋusẽ sɔ le ho ʋlim vevie be yewoaɖu yewo nɔewo dzi. Esi ƒeawo va le yiyim la, ɖeka kpɔa ŋusẽ wu evelia, eye emegbe evelia hã va kpɔa ŋusẽ wu. Ɣeaɖewoɣi la, fia ɖeka ƒe ŋkɔ dea dzi eye evelia megadzena tututu o, eye ɣeaɖewoɣi womewɔa avu o. Gake aʋa dzɔna ɖe wo dome kpata, eye ʋiʋlia gayia edzi. Amesiwo kpɔ gome le avuwɔwɔ sia mee nye Siria Fia Seleucus I Nicator, Egipte Fia Ptolemy Lagus, Siria Fiavinyɔnu kple Egipte Fiasrɔ̃ Cleopatra I, Roma Fiagã siwo nye Augusto kple Tiberio, kpakple Palmira Fianyɔnu Zenobia. Esi avuwɔwɔa ɖo eƒe nuwuwu la, Nazitɔwo ƒe Germany, Kɔmiunist-dukɔwo, Anglo-Amerika Xexemefiaɖuƒe, Dukɔwo ƒe Nubabla, kple Dukɔ Ƒoƒuawo hã va ge ɖe eme. Dunyahehe ƒe ƒuƒoƒo siawo dometɔ aɖeke menya alesi wòava wu enui o. Yehowa ƒe dɔla gblɔ nyagblɔɖi ʋãme sia na Daniel anye ƒe 2,500 enye si va yi.—Daniel, ta 11.

2 Aleke gbegbe dzi anya dzɔ Daniel enye si be wòse mawudɔla la ƒe numeɖeɖe le hoʋiʋli si anɔ fia eve siwo ava dome ŋu! Nudzɔdzɔ sia ka míawo hã, elabena ŋusẽtɔnyenye ƒe ʋiʋli si le fia eveawo dome la yi edzi va ɖo míaƒe ŋkekea me. Enyanya be ŋutinya ɖee fia be nyagblɔɖia ƒe akpa gbãtɔ va eme nyateƒe ado ŋusẽ míaƒe xɔse kple kakaɖedzi le nyagblɔɖinya la ƒe akpa mamlɛ me vava ŋu. Nyagblɔɖi sia me dzodzro ana afisi míeɖo na ɣeyiɣiawo me nakɔ na mí nyuie. Ado ŋusẽ tame si míeɖo hã be míade akpa aɖeke dzi le ʋiʋlia me o esi míetsɔ dzigbɔɖi le lalam be Mawu naxɔ na mí. (Psalmo 146:3, 5) Ekema mina míaɖo to nyuie ase nya si Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Daniel.

WOTSO ÐE HELA FIAÐUƑE ŊU

3. Ameka ŋue mawudɔla la kpe ɖo le “Mediatɔ Dario ƒe ƒe gbãtɔ me”?

3 Mawudɔla la gblɔ be: “Mekpe ɖe eŋu, ne manye xɔnametɔ kple sitsoƒe nɛ le Mediatɔ Dario ƒe ƒe gbãtɔ [ƒe 539/538 D.M.Ŋ.] me.” (Daniel 11:1) Dario meganɔ agbe ɣemaɣi o, gake mawudɔlaa gblɔ be eƒe dziɖuɣi dzie nyagblɔɖinya la dze egɔme tsoe. Fia siae ɖe gbe be woaɖe Daniel le dzatawo ƒe do me. Dario de se hã be ye teviwo katã navɔ̃ Daniel ƒe Mawu la. (Daniel 6:22-28) Gake menye Mediatɔ Dario ŋue mawudɔla la yi ɖakpe ɖo o, ke mawudɔla la ƒe kpeɖeŋutɔ Mixael—Daniel ƒe amewo ƒe amegã lae. (Tsɔe sɔ kple Daniel 10:12-14.) Mawu ƒe dɔla la na kpekpeɖeŋu sia esi Mixael nɔ avu wɔm kple Medo-Persia ƒe amegã si nye gbɔgbɔ vɔ̃.

4, 5. Amekawoe nye Persia-fia ene siwo ƒe nya wogblɔ ɖi?

4 Mawu ƒe dɔla la yi edzi be: “Kpɔ ɖa, fia etɔ̃ le dzɔdzɔ ge le Persia, eye enelia akpɔ ho ŋutɔ wu bubuawo katã; ne ŋusẽ ɖo eŋu la, atsɔ kesinɔnu ado adã bubuawo katã ɖe Hela-fiaɖuƒe la ŋu.” (Daniel 11:2) Amekawo koŋue Persia-dziɖula siawo nye?

5 Fia etɔ̃ gbãtɔawoe nye Kores Gãtɔ, Cambyses II, kple Dario I. Esi ɣleti adre koe Bardiya (alo ɖewohĩ alakpafia aɖe si woyɔ be Gaumata) ɖu fia ta la, womebu eƒe fiaɖuɣi kpuia de nyagblɔɖia me o. Le ƒe 490 D.M.Ŋ. me la, Dario I si nye fia etɔ̃lia te kpɔ zi evelia be yeadze Hela dzi. Gake woɖu Persiatɔwo dzi gbidii le Marathon eye wotrɔ yi Asia Sue. Togbɔ be Dario dzra ɖo nyuie be yeagava kpe kple Hela hã la, megate ŋu ho aʋa ɖe eŋu hafi ku le ƒe ene megbe o. Ekpo ɖe viaŋutsu Xerxes I si va xɔ ɖe eteƒe hezu fia “enelia” la si me. Eyae nye Fia Axasweros si ɖe Ester.—Ester 1:1; 2:15-17.

6, 7. (a) Aleke fia enelia ‘do adã nusianu ɖe Hela-fiaɖuƒea ŋui’? (b) Nukae do tso eme esi Xerxes ho ɖe Hela ŋu?

6 Xerxes I ‘do adã nusianu ɖe Hela-fiaɖuƒe,’ si nye Hela-nuto nɔɖokuisiwo ƒe ƒuƒoƒoa katã, ŋu nyateƒe. Agbalẽ si nye The Medes and Persians—Conquerors and Diplomats gblɔ be: “Esi fiaŋume nɔƒegãdilawo ƒo nya ɖe Xerxes nu la, eho aʋa to anyigba kple ƒu dzi.” Helatɔ ŋutinyaŋlɔla Herodotus si nɔ anyi le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me ŋlɔ be “aʋahoho aɖeke mate ŋu ade esia nu o.” Eƒe nuŋlɔɖia gblɔ be amesiwo to ƒu dzi “katã ƒe xexlẽme nye ame 517,610. Asrafo afɔzɔlawo nye ame 1,700,000; sɔdolawo le ame 80,000; eye Arabtɔ siwo do tedzi, kple Libiatɔ siwo nɔ tasiaɖam me siwo mebu be woade ame 20,000 la kpe ɖe wo ŋu. Eyata anyigba kple ƒu dzi srafoawo katã ƒe xexlẽme ɖo ame 2,317,610.”

7 Esi Xerxes I ɖo tame be yeaɖu aʋa dzi godoo ta la, ekplɔ eƒe asrafo gbogboawo heho ɖe Hela ŋu le ƒe 480 D.M.Ŋ. me. Persiatɔwo fɔ aye na Helatɔwo ƒe aʋawɔɖaŋu si me woɖo koŋ he ɖe megbe le le Thermopylae eye wogbã Atene. Togbɔ be wogbã dua hã la, woɖu wo dzi vevie le Salami. Helatɔwo gaɖu aʋa dzi ake le Plataea le ƒe 479 D.M.Ŋ. me. Fia adre siwo kplɔ Xerxes ɖo va nɔ Persia Fiaɖuƒea ƒe fiazikpui dzi le ƒe 143 siwo kplɔe ɖo me la dometɔ aɖeke meho aʋa ɖe Hela ŋu o. Gake fia sẽŋu aɖe va nɔ zi dzi le Hela.

WOMÃ FIAÐUƑE GÃ AÐE ME ÐE ENE

8. “Fia sẽŋu” kae do, eye aleke wòva ‘tsɔ ŋusẽ gã ɖu dzii’?

8 Mawudɔla la gblɔ be: “Fia sẽŋu aɖe ado ahatsɔ ŋusẽ gã aɖu dzii, eye wòawɔ nusi dze eŋu.” (Daniel 11:3) Alexander si xɔ ƒe 20 la ‘do’ va zu Makedonia-fia le ƒe 336 D.M.Ŋ. me. Eva zu “fia sẽŋu” nyateƒe—wova yɔe be Alexander Gãtɔ. Ðoɖo aɖe si Fofoa Philip II wɔ ʋãe wòxɔ Persia-nutowo le Titinaɣedzeƒe. Esi eƒe ame 47,000 tso Frat kple Tigris tɔsisiawo la, wode zi Dario III ƒe asrafo 250,000 la me le Gaugamela woka hlẽ. Esia na Dario si eye wowui, wòhe Persia-fiaƒomedziɖuɖua va nuwuwui. Fifia Hela ye va zu xexemefiaɖuƒe sesẽtɔ, eye Alexander ‘ɖu teƒe geɖe dzi eye wòwɔ nusi dze eŋu.’

9, 10. Aleke nyagblɔɖia va emee be Alexander ƒe fiaɖuƒea mayi ɖe eƒe dzidzimeviwo si me o?

9 Alexander ƒe fiaɖuɖu ɖe xexeame dzi anɔ kpuie, elabena Mawu ƒe dɔla la gblɔ kpee be: “Ne enya do ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, eye woamãe ɖe dziƒo ƒe ya eneawo dzi, menye na eƒe dzidzimeviwo o, eye menye ɖe ŋusẽ, si wòtsɔ ɖu dzii la nu o; ke boŋ woagbã eƒe fiaɖuƒe la atsɔ na ame bubuwo, eye menye na woawo o.” (Daniel 11:4) Alexander mexɔ ƒe 33 tututu o esime dɔ kpata aɖe dze edzi wòku le Babilon le ƒe 323 D.M.Ŋ. me.

10 Alexander ƒe fiaɖuƒe gã la meyi ɖe “eƒe dzidzimeviwo” si me o. Nɔviaŋutsu Philip III Arrhidaeus meɖu fia wòde ƒe adre hafi Olympias si nye Alexander dada na wowui le ƒe 317 D.M.Ŋ. me o. Alexander viŋutsu Alexander IV ɖu fia vaseɖe ƒe 311 D.M.Ŋ. me esime Cassander si nye fofoa ƒe aʋafiawo dometɔ ɖeka wui. Alexander ƒe ahiã ƒe vi Heracles di be yeaɖu fia ɖe ye fofo ƒe ŋkɔ me gake wowui le ƒe 309 D.M.Ŋ. me. Alea wòdzɔe be Alexander ƒe dzidzimeviwo vɔ, eye eƒe ‘dziɖuɖua’ ge le eƒe ƒomea si.

11. Aleke ‘womã’ Alexander ƒe fiaɖuƒea ‘ɖe dziƒo ƒe ya eneawo dzii’?

11 Le Alexander ƒe ku megbe la, ‘womã eƒe fiaɖuƒea ɖe dziƒo ƒe ya eneawo dzi.’ Dzre ɖo eƒe aʋafia gbogboawo dome esi wonɔ dziɖuƒewo ʋlim. Aʋafia Antigonus I si ƒe ŋku ɖeka gbã la te kpɔ gɔ̃ hã be yeana Alexander ƒe fiaɖuƒe bliboa nanɔ yeƒe ŋusẽ te. Gake wowui le aʋa aɖe me le Ipsus si le Frigia. Kaka ƒe 301 D.M.Ŋ. naɖo la, Alexander ƒe aʋafia ene nɔ anyigba siwo woƒe amegã xɔ la dzi ɖum. Cassander ɖu Makedonia kple Hela dzi. Lysimachus kpɔ ŋusẽ ɖe Asia Sue kple Thrace dzi. Seleucus I Nicator xɔ Mesopotamia kple Siria. Ptolemy Lagus ɖu Egipte kple Palestina dzi. Nyagblɔɖinya la va eme pɛpɛpɛ ale be womã Alexander ƒe fiaɖuƒe gã la me wòzu Hela-fiaɖuƒe ene.

FIA EVE DO VA LE ŊUSẼ ƲLIM

12, 13. (a) Aleke wòdzɔe be Hela-fiaɖuƒe eneawo va zu eve? (b) Fiaƒome kae Seleucus ɖo anyi le Siria?

12 Esi Cassander dze fiaɖuɖu gɔme ƒe ʋee aɖewo megbe la, eku eye le ƒe 285 D.M.Ŋ. me la, Lysimachus xɔ Hela Fiaɖuƒea ƒe akpa si nye Europa. Le ƒe 281 D.M.Ŋ. me la, Seleucus I Nicator wu Lysimachus le aʋa aɖe me, ale be Seleucus va kpɔ ŋusẽ ɖe Asia-nutowo ƒe akpa gãtɔ dzi. Antigonus II Gonatas si nye Alexander ƒe aʋafia ɖeka ƒe tɔgbuiyɔvi va nɔ Makedonia-fiazikpuia dzi le ƒe 276 D.M.Ŋ. me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Makedonia va nɔ Roma te eye wòva zu Roma-nuto mlɔeba le ƒe 146 D.M.Ŋ. me.

13 Fifia Hela-fiaɖuƒe eneawo dometɔ eve koe va susɔ—esi le Seleucus I Nicator te kple esi le Ptolemy Lagus te. Seleucus ɖo Seleucus-fiaƒomedziɖuɖua anyi le Siria. Du siwo wòtso dometɔ aɖewoe nye Antioxia—Siria-fiadu yeyea—kple Seleukia si nye melidzeƒe. Emegbe apostolo Paulo fia nu le Antioxia, afisi woyɔ Yesu yomedzelawo be Kristotɔwo le zi gbãtɔ. (Dɔwɔwɔwo 11:25, 26; 13:1-4) Wowu Seleucus kpata le ƒe 281 D.M.Ŋ. me, gake eƒe fiaƒomea ɖu fia vaseɖe ƒe 64 D.M.Ŋ. me esime Romatɔ Aʋafia Gnaeus Pompey na Siria va zu Roma-dziɖuƒe.

14. Ɣekaɣie woɖo Ptolemy-fiaƒomedziɖuɖua anyi le Egipte?

14 Hela-fiaɖuƒe eneawo dometɔ si nɔ anyi didi wu ɖesiaɖee nye Ptolemy Lagus, alo Ptolemy I, si va zu fia le ƒe 305 D.M.Ŋ. me la tɔ. Ptolemy-fiaƒomedziɖuɖu si wòɖo anyi la yi edzi ɖu fia le Egipte vaseɖe esime wòmu dze Roma si me le ƒe 30 M.Ŋ. me.

15. Fia sesẽ eve kawoe do tso Hela-fiaɖuƒeawo me, eye ʋiʋli ka gɔmee wodze?

15 Eyata fia sesẽ eve do tso Helatɔwo ƒe fiaɖuƒe eneawo me—Seleucus I Nicator si ɖu Siria dzi kple Ptolemy I si ɖu Egipte dzi. Fia eve siawoe dze ʋiʋli si le “dziehefia” kple “anyiehefia” dome tso gbaɖegbe ke si ŋu woƒo nu tsoe le Daniel ta 11 la gɔme. Yehowa ƒe dɔla la meyɔ fiaawo ƒe ŋkɔwo o, elabena amesiwo fia eve siawo nye kple dukɔ si me wotso anɔ tɔtrɔm le ƒe alafaawo me. Dziɖulawo kple nudzɔdzɔ siwo ku ɖe ʋiʋlia ŋu koe mawudɔla la ƒo nu tsoe eye wòɖe asi le nya siwo mehiã o ŋu.

ƲIƲLIA DZE EGƆME

16. (a) Amekawo ƒe dziehe kple anyiehe ye fia eveawo nɔ? (b) Fia kawoe va zu “dziehefia” kple “anyiehefia” zi gbãtɔ?

16 Se ɖa! Yehowa ƒe dɔla ƒo nu tso ʋiʋli wɔdɔɖeamedzi sia ƒe gɔmedzedze ŋu be: “Ŋusẽ aɖo [anyiehefia] ŋu, eye [Alexander ƒe] aʋafiawo dometɔ ɖeka akpɔ ŋusẽ wu eyama, [dziehefia aɖu dzi], eye eƒe fiaɖuƒe alolo.” (Daniel 11:5) Dzesideŋkɔ siwo nye “dziehefia” kple “anyiehefia” la nye fia siwo le Daniel ƒe amewo, amesiwo wona ablɔɖee ɣemaɣi tso aboyo me le Babilon eye wogbugbɔ ɖo wo te le Yuda-nyigba dzi la ƒe dziehe kple anyiehe. “Anyiehefia” gbãtɔe nye Ptolemy I si tso Egipte. Alexander ƒe aʋafiawo dometɔ si ɖu Ptolemy I dzi eye wòɖu fia ɖe ‘fiaɖuƒe gã’ la dzie nye Siriatɔ Fia Seleucus I Nicator. Eyae zu “dziehefia.”

17. Ameka ƒe dziɖuɖu tee Yuda-nyigba nɔ le dziehefia kple anyiehefia ƒe ʋiʋlia ƒe gɔmedzedze?

17 Esi ʋiʋlia dze egɔme la, anyiehefia ƒe dziɖuɖu tee Yuda-nyigba nɔ. Tso ƒe 320 D.M.Ŋ. me la, Ptolemy I ble Yudatɔwo nu be woava Egipte ava xɔ anyigba anɔ edzi. Yudatɔwo ƒe nɔƒe keke ta le Alexandria, afisi Ptolemy I tu agbalẽdzraɖoƒe xɔŋkɔ aɖe ɖo. Yudatɔ siwo nɔ Yuda kpɔtɔ nɔ Ptolemy ƒe Egipte si nye anyiehefia la ƒe ŋusẽ te vaseɖe ƒe 198 D.M.Ŋ. me.

18, 19. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, aleke fia eve siwo le ho ʋlim la wɔ ɖoɖo be ‘yewoade ŋutifafa aƒee’?

18 Mawudɔla la gblɔ ɖi le fia eveawo ŋu be: “Le ƒe aɖewo megbe la woaɖu dzo kple wo nɔewo, eye [anyiehefia] ƒe vinyɔnu ayi [dziehefia] gbɔ, ne wòade ŋutifafa aƒe; ke ŋusẽ manɔ eƒe alɔ ŋu o, eye eya kple eƒe alɔ mali ke o, ke boŋ woatsɔ eya kple amesiwo kplɔe ɖo, kple edzila kpakple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃ ade asi le ɣemaɣi.” (Daniel 11:6) Aleke esia va emee?

19 Nyagblɔɖia mebu Seleucus I Nicator ƒe vi Antiochus I si va xɔ ɖe eteƒe la kpe ɖe eŋu o, elabena meho aʋa gã aɖeke ɖe anyiehefia ŋu o. Gake Antiochus II si va xɔ ɖe eteƒe ho aʋa si xɔ ɣeyiɣi didi ɖe Ptolemy II si nye Ptolemy I ƒe vi ŋu. Antiochus II kple Ptolemy II va nye dziehefia kple anyiehefia. Antiochus II ɖe Laodice wòzu srɔ̃a eye wodzi viŋutsu si ŋkɔe nye Seleucus II, eye vinyɔnu nɔ Ptolemy II hã si si ŋkɔe nye Berenice. Le ƒe 250 D.M.Ŋ. me la, fia eve siawo wɔ ɖoɖo be ‘yewoade ŋutifafa aƒe.’ Nusi Antiochus II wɔ le ɖekawɔwɔ ƒe ɖoɖo sia mee nye be egbe srɔ̃a Laodice eye wòɖe Berenice si nye “[anyiehefia] ƒe vinyɔnu.” Berenice dzi ŋutsuvi nɛ, amesi va zu Siria-fiazikpuia domenyila le esi teƒe be wòanye Laodice viwo tɔ.

20. (a) Aleke Berenice ƒe “alɔ” meli kee o? (b) Aleke wotsɔ Berenice, “amesiwo kplɔe ɖo,” kple “edzila” de asii? (d) Amekae va zu Siria-fia esi Antiochus II ‘ƒe alɔ,’ alo ŋusẽ, vɔ?

20 Berenice ƒe “alɔ,” alo ŋusẽtɔ si nɔ megbe nɛ, ye nye fofoa Ptolemy II. Esime wòku le ƒe 246 D.M.Ŋ. me la, ‘eƒe alɔ meli ke’ le srɔ̃a gbɔ o. Antiochus II gbee gava ɖe Laodice, eye wòtia wo viŋutsu be wòanye ye domenyila. Laodice wɔ ɖoɖo wowu Berenice kple viaŋutsua. Edze abe wowu subɔvi siwo kplɔ Berenice tso Egipte va Siria—“amesiwo kplɔe ɖo”—la hã nenema ke ene. Laodice de aɖi nu me na Antiochus II gɔ̃ hã, eye nenema wòdzɔe be “eƒe alɔ,” alo ŋusẽ, hã ‘meli ke o.’ Eyata Berenice fofo—amesi nye “edzila”—kple srɔ̃a Siriatɔ—amesi na “ŋusẽ” nɔ eŋu ɣeyiɣi kpui aɖe—la siaa ku. Esia na Laodice viŋutsu Seleucus II va zu Siria-fia. Aleke Ptolemy-fiaɖuƒea ƒe fia si kplɔe ɖo awɔ nu ɖe nusiawo katã ŋui?

FIA AÐE BIA HLƆ̃ ÐE NƆVIANYƆNU SI WOWU TA

21. (a) Amekae nye “alɔ” si tso Berenice ƒe “ke me,” eye aleke ‘wòdoe’? (b) Aleke Ptolemy III ho va “dziehefia ƒe mɔ sesẽwo me” heɖu edzii?

21 Mawudɔla la gblɔ be: “Alɔ adze atso eƒe ke me ɖe eteƒe; aho aʋa ahage ɖe [anyiehefia] ƒe mɔ sesẽwo me, awɔ nu kple wo, eye wòaɖu dzi.” (Daniel 11:7) Berenice dzilawo, alo eƒe “ke,” ƒe ‘alɔ si dze’ enye nɔviaŋutsu. Esime fofoa ku la, ‘etsi tre’ hezu anyiehefia, si nye Egiptetɔ Farao Ptolemy III. Edze egɔme enumake be yeabia hlɔ̃ ɖe nɔvianyɔnu si wowu ta. Eho ɖe Siriatɔ Fia Seleucus II, amesi dzi Laodice to wu Berenice kple viaŋutsu, ŋu heva “[dziehefia] ƒe mɔ sesẽwo me.” Ptolemy III xɔ Antioxia ƒe akpa si ŋu takpɔnu sesẽwo le eye wòwu Laodice. Eho yi ɣedzeƒe gome to dziehefia ƒe dziɖuƒe eye wòdze Babilonia dzi ha aboyonuwo hetɔ dzi yi India.

22. Nukae Ptolemy III galɔ va Egipte, eye nukata ‘wòdzudzɔ nuwɔwɔ kple dziehefia ƒe aɖewo’?

22 Nukae gava dzɔ? Mawu ƒe dɔla gblɔ na mí be: “Aɖe aboyo woƒe mawuwo kple legba kɔkɔwo kpakple nu vevi, siwo wotsɔ klosalo kple sika wɔe la, ayi Egipte, eye wòadzudzɔ nuwɔwɔ kple [dziehefia] ƒe aɖewo.” (Daniel 11:8) Ƒe 200 kple edzivɔ do ŋgɔ la, Persia Fia Cambyses II ɖu Egipte dzi eye wòlɔ Egipte-mawu, si nye “[woƒe] legba kɔkɔwo” yi aƒee. Esi Ptolemy III ha Susa si nye Persia-fiadu si me fia nɔna tsã la, egbugbɔ mawu siawo xɔ eye wòɖe “aboyo” wo yi Egipte. Elɔ “nu vevi [geɖe], siwo wotsɔ klosalo kple sika wɔe” hã yi aƒe wozu aboyonuwo. Esi wòva hiã be Ptolemy III nava tsi aglãdzedze aɖe nu le wo de ta la, ‘edzudzɔ nuwɔwɔ kple dziehefia,’ eye megawɔ nuvevi aɖekee o.

SIRIA FIA ÐO ETEƑE NƐ

23. Nukata dziehefia ‘gbugbɔ yi eƒe anyigba dzi’ esi wòva anyiehefia ƒe fiaɖuƒea me megbe?

23 Aleke dziehefia wɔ nu ɖe enui? Wogblɔ na Daniel be: “Aƒo ɖe [anyiehefia] ƒe fiaɖuƒe dzi, ke agagbugbɔ ayi eƒe anyigba dzi.” (Daniel 11:9) Dziehefia—si nye Siria Fia Seleucus II—hã tso ɖe eŋu. Ege ɖe anyiehefia si le Egipte ƒe “fiaɖuƒe,” alo dziɖuƒe me, gake woɖu edzi. Seleucus II kple eƒe aʋakɔ sue si susɔ la ‘gbugbɔ yi woƒe anyigba dzi,’ eye wòva nɔ Antioxia si nye Siria-fiadu la me le ƒe 242 D.M.Ŋ. me lɔƒo. Esi wòku la, viaŋutsu Seleucus III va ɖu fia ɖe eteƒe.

24. (a) Nukae dzɔ ɖe Seleucus III dzi? (b) Aleke Siria Fia Antiochus III ‘va ƒo ɖe anyi hegbagba ɖe’ anyiehefia ƒe dziɖuƒe?

24 Nya kae wogblɔ ɖi le Siria Fia Seleucus II ƒe dzidzimeviwo ŋu? Mawudɔla la gblɔ na Daniel be: “Viawo adze aʋa gɔme, eye woaƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu fũ, woava aƒo ɖe anyi ahagbagba ɖi, eye woagawɔ aʋa kplii vaseɖe eƒe mɔ sesẽwo gbɔ.” (Daniel 11:10) Wowu Seleucus III ale be eƒe dziɖuɣi si mede ƒe etɔ̃ o la wu enu. Nɔviaŋutsu Antiochus III va xɔ ɖe eteƒe le Siria-fiazikpuia dzi. Seleucus II ƒe viŋutsu sia ƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu be woayi aɖadze anyiehefia si nye Ptolemy IV ɣemaɣi la dzi. Siriatɔ dziehefia yeyea kpe aʋa kple Egipte heɖu edzi eye wògaxɔ Seleukia si nye melidzeƒe, Coele-Siria nutome, dugã siwo nye Tiro kple Ptolemai, kple nutoa me duwo. Etsrɔ̃ Fia Ptolemy IV ƒe aʋakɔ aɖe eye wòxɔ Yuda-duwo fũ. Le ƒe 217 D.M.Ŋ. ƒe adame la, Antiochus III dzo le Ptolemai eye wòyi dziehe, “vaseɖe eƒe mɔ sesẽwo gbɔ” le Siria. Gake tɔtrɔ aɖe nɔ mɔ dzi gbɔna.

NUWO TRƆ BUBUI

25. Afikae Ptolemy IV kpe aʋa kple Antiochus III le, eye nukae ‘wotsɔ de’ Egipte-fia si tso anyiehe ‘si’?

25 Míetsɔ didi vevie le to ɖom abe Daniel ene esime Yehowa ƒe dɔla yi edzi gblɔ ɖi be: “[Anyiehefia] anyrã, eye wòaho aɖawɔ aʋa kple [dziehefia], atsɔ aʋakɔ gã aɖe adze aʋa ɖe eŋu, eye woatsɔ aʋakɔawo ade asi nɛ.” (Daniel 11:11) Anyiehefia Ptolemy IV kplɔ asrafo 75,000 ho yi dziehe va kpe kple eƒe futɔ la. Siriatɔ dziehefia Antiochus III ƒo “aʋakɔ gã aɖe” si nye ame 68,000 nu ƒu tsɔ ho aʋa ɖe eŋu. Gake wotsɔ “aʋakɔ” la ‘de asi’ na anyiehefia le aʋa si wowɔ le Raphia si nye ƒutadu, si medidi tso Egipte liƒoa dzi o la me.

26. (a) ‘Aʋakɔ’ kae anyiehefia wu le aʋa si wowɔ le Raphia me, eye ɖoɖo kae nɔ nubabla si wowɔ le afima me? (b) Aleke Ptolemy IV ‘mezã eƒe ŋusẽnɔƒea o’? (d) Amekae va zu anyiehefia si kplɔe ɖo?

26 Nyagblɔɖia yi edzi be: “Ne aʋakɔawo ho la, eƒe dzi ado eɖokui ɖe dzi, atsrɔ̃ ame akpe nanewo, ke [mazã eƒe ŋusẽnɔƒe la, NW ] o.” (Daniel 11:12) Anyiehefia Ptolemy IV ‘wu’ Siria-srafo afɔzɔla 10,000 kple sɔdzisrafo 300 eye wòɖe aboyo ame 4,000. Azɔ fiaawo wɔ nubabla ale be Antiochus III ƒe Siria-melidzeƒe si le Seleukia la kpɔtɔ nɔ esi me gake Foenike kple Coele-Siria megava nɔ eƒe ŋusẽ te o. Aʋadziɖuɖu sia na anyiehefia si tso Egipte la ƒe dzi ‘do eɖokui ɖe dzi,’ vevietɔ ɖe Yehowa ŋu. Yuda kpɔtɔ nɔ Ptolemy IV ƒe ŋusẽ te. Gake ‘mezã eƒe ŋusẽnɔƒea’ tsɔ lé eƒe aʋadziɖuɖu ɖe Siria-fia si le dziehe dzi me ɖe asi o. Ptolemy IV va trɔ ɖe agbeblibanɔnɔ boŋ ŋu, eye viaŋutsu Ptolemy V si xɔ ƒe atɔ̃ la va zu anyiehefia si kplɔe ɖo ƒe aɖewo hafi Antiochus III va ku.

KALẼNUWƆLA LA GATRƆ VA

27. Aleke dziehefia trɔ va “le ƒe aɖewo megbe” be yeava xɔ anyigba tso Egipte si?

27 Le Antiochus III ƒe kalẽwɔwɔ ta la, wova yɔe be Antiochus Gãtɔ. Mawudɔla la gblɔ le eŋu be: “[Dziehefia] agaƒo aʋakɔ nu ƒu wòalolo wu gbãtɔ, eye le ƒe aɖewo megbe la ava kple aʋakɔ gã kple aʋawɔnu geɖe.” (Daniel 11:13) “Ƒe” siawo nye ƒe 16 alo esi wu nenema le esime Egiptetɔwo ɖu Siriatɔwo dzi le Raphia megbe. Esime Ptolemy V si nye ɖekakpui va zu anyiehefia la, Antiochus III kplɔ ‘aʋakɔ si lolo wu gbãtɔ’ yi be yeaxɔ anyigba siwo Egipte-fia si le anyiehe xɔ le ye si. Le esia ta wo kple Makedonia Fia Philip V dzɔ asrafowo kpe.

28. Kuxi kawoe dze ŋgɔ anyiehefia si nye ɖekakpui la?

28 Kuxiwo nɔ anyiehefia hã ƒe fiaɖuƒea me. Mawudɔla la gblɔ be: “Le ɣemaɣi la ame geɖewo atso ɖe [anyiehefia] ŋu.” (Daniel 11:14a) Ame geɖe ‘tso ɖe anyiehefia ŋu’ nyateƒe. Tsɔ kpe ɖe Antiochus III kple Makedoniatɔ siwo va kpe ɖe eŋu ƒe aʋakɔ siwo wòle be fia ɖekakpui sia nadze ŋgɔe ŋu la, kuxiwo do mo ɖa le wo de Egipte hã. Esi enuɖela Agathocles si ɖu fia ɖe eŋkɔ me do eɖokui ɖe dzi ɖe Egiptetɔwo ŋu ta la, ame geɖe dze aglã. Mawudɔla la gblɔ kpee be: “Eye mia devi sẽŋutawo atso, be woana ŋutega la nava me, ke woadze anyi.” (Daniel 11:14b) Daniel devi aɖewo gɔ̃ hã va zu ‘ame sẽŋutawo,’ alo aglãdzelawo. Gake “ŋutega” ɖesiaɖe si Yudatɔ siawo kpɔ le Dukɔwo ƒe wo denyigba dzi ɖuɖu hehe va nuwuwui ŋu la nye aʋatso, eye woado kpo nu, alo “woadze anyi.”

29, 30. (a) Aleke “anyieheʋakɔ” la mete ŋu nɔ te ɖe dziehetɔwo ƒe amedzidzedzea nui o? (b) Aleke dziehefia va “tɔ ɖe anyigba nyo la dzi”?

29 Yehowa ƒe dɔla gagblɔ ɖi be: “[Dziehefia] ava aƒu kpo, eye wòaxɔ du sesẽ la; [anyieheʋakɔ] manɔ te o, eye eƒe ame tiatiawo mate ŋu anɔ te o. Amesi ho ɖe eŋu la, awɔ nu alesi dze eŋu, eye ame aɖeke manɔ te ɖe enu o; ava tɔ ɖe anyigba nyo la dzi, eye eƒe asi agblẽ nu.”—Daniel 11:15, 16.

30 Asrafowo ƒe aʋakɔ si nɔ Ptolemy V te, alo “anyieheʋakɔ” la na ta esime dziehetɔwo va dze wo dzi. Le Paneas (Kaisarea Filipi) la, Antiochus III nyã Egipte Ʋafia Scopas kple ame 10,000 siwo woɖo, alo “ame tiatiawo,” ɖe enu yi Zidon si nye “du sesẽ” la me. Antiochus III ‘ƒu kpo’ ɖe afima, eye wòxɔ Foenike-melidzeƒe ma le ƒe 198 D.M.Ŋ. me. Ewɔ nu “alesi dze eŋu” elabena Egipte-fia si le anyiehe la ƒe aʋakɔwo mete ŋu nɔ te ɖe enu o. Azɔ Antiochus III ho ɖe Yerusalem, Yuda si nye “anyigba nyo” la ƒe fiadu ŋu. Le ƒe 198 D.M.Ŋ. me la, Yerusalem kple Yuda do le Egipte-fia si le anyiehe ƒe dziɖuɖu te va nɔ Siria-fia si le dziehe te. Eye Antiochus Gãtɔ si nye dziehefia la dze egɔme va “tɔ ɖe anyigba nyo la dzi.” Eƒe ‘asi gblẽ nu’ le Yudatɔ kple Egiptetɔ siwo tsi tre ɖe eŋu la katã ŋu. Ɣekaɣie dziehefia sia ate ŋu awɔ nusi dze eŋu ava se ɖo?

ROMA ÐO ASI KALẼNUWƆLA LA DZI

31, 32. Nukata dziehefia va wɔ ŋutifafa ƒe ‘ɖoɖo’ kple anyiehefia?

31 Yehowa ƒe dɔla la ɖo eŋu na mí ale: “[Dziehefia] aɖo ta me be, yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe blibo la ƒe aʋakɔwo vɛ; eye wòaɖu dzo kplii ahatsɔ vianyɔnu nɛ wòaɖe, ne wòagblẽ anyigba la; ke mava me o, eye [makpɔtɔ anye etɔ, NW ] o.”—Daniel 11:17.

32 Antiochus III si nye dziehefia ‘ɖo tame’ be “yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe blibo la ƒe aʋakɔwo” aɖu Egipte dzii. Gake ŋutifafa ƒe ‘ɖoɖo’ boŋ wòva wɔ kple Ptolemy V si nye anyiehefia. Nusi Roma bia tso Antiochus III si be wòawɔ na wòtrɔ tame si wòɖo. Esime eya kple Fia Philip V si tso Makedonia wɔ ɖeka hetso ɖe Egipte-fia si nye ɖekakpui ŋu be yewoaxɔ eƒe anyigbawo la, Ptolemy V takpɔlawo bia kpekpeɖeŋu tso Roma be woaxɔ na yewo. Esi Roma di be yeawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ atsɔ akeke teƒe siwo dzi wòkpɔ ŋusẽ ɖo ɖe enu ta la, ezã eƒe ŋusẽ katã tsɔ kpe ɖe wo ŋui.

33. (a) Nukawoe nɔ ŋutifafa ƒe ɖoɖo si nɔ Antiochus III kple Ptolemy V dome la me? (b) Taɖodzinu kae nɔ Cleopatra I kple Ptolemy V ƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu, eye nukata tameɖoɖoa me gblẽ?

33 Roma zii ɖe Antiochus III dzi wòdo ŋutifafa wɔwɔ ƒe ɖoɖo ɖe anyiehefia gbɔ. Le esi teƒe be Antiochus III naɖe asi le anyigba siwo wòxɔ ŋu abe alesi Roma bia tso esi ene la, eɖoe be yeatrɔ nyaa boŋ be yeana ye vinyɔnu Cleopatra I—“nyɔnuwo ƒe vinyɔnu la”—naɖe Ptolemy V. Eye tanu si nyɔnua axe na srɔ̃a ye nye nuto siwo me Yuda si nye “anyigba nyo” la hã le tsɔtsɔ nɛ. Gake esi wowɔ srɔ̃ɖeɖea le ƒe 193 D.M.Ŋ. me la, Siria-fia meɖe asi le nuto siawo ŋu na Ptolemy V o. Dunyahehe me srɔ̃ɖeɖee esia nye, eye ɖe wowɔe be woana Egipte nava nɔ Siria te. Gake tameɖoɖoa me gblẽ elabena Cleopatra I ‘mekpɔtɔ nye etɔ o,’ elabena eva wɔ ɖeka kple srɔ̃a emegbe. Esi aʋa dzɔ ɖe Antiochus III kple Romatɔwo dome la, Egipte va nɔ Roma ƒe akpa dzi.

34, 35. (a) ‘Ƒutanyigba’ kawo ŋue dziehefia trɔ ɖo? (b) Aleke Roma he dziehefia ƒe “vlodoame” la va nuwuwui? (d) Aleke Antiochus III kui, eye amekae va nye dziehefia si kplɔe ɖo?

34 Esi mawudɔla la nɔ nu ƒom tso alesi dziehefia atrɔ ayi megbee ŋu la, egblɔ kpee be: “[Antiochus III] atrɔ ɖe [ƒutanyigbawo, NW ] ŋu, eye wòaxɔ geɖewo; ke aʋafia aɖe [Roma] atsi eƒe vlodoame la nu [na Roma], eye [Antiochus III] magado vloe azɔ o. [(Roma) ana wòatrɔ va eyama dzi, NW ]. [Antiochus III] atrɔ ɖe eƒe anyigba ƒe mɔ sesẽwo ŋu, ke aɖe goglomi adze anyi, eye womagakpɔe azɔ o.”—Daniel 11:18, 19.

35 ‘Ƒutanyigbaawoe’ nye Makedonia, Hela, kple Asia Sue ƒe ƒutanyigbawo. Aʋa dzɔ le Hela le ƒe 192 D.M.Ŋ. me, eye wòƒoe ɖe Antiochus III nu be wòava Hela. Esi Siria-fia ƒe agbagbadzedze be yeaxɔ anyigba bubuwo le afima medze Roma ŋu o ta la, eɖoe be yeawɔ aʋa kplii. Romatɔwo ɖu edzi le Thermopylae. Esi woɖu edzi le Magnesia-ʋa si wowɔ le ƒe 190 D.M.Ŋ. me ƒe ɖeka megbe la, eva hiã be wòaɖe asi le nusianu ŋu le Hela, Asia Sue, kple le nuto siwo le Taurus Towo ƒe ɣetoɖoƒe gome. Roma ka ga gbogbo aɖe nɛ be wòaxe eye wòɖo eƒe dziɖuɖu anyi wòkpɔ ŋusẽ ɖe Siria-fia si le dziehe la dzi. Esi wonyã Antiochus III le Hela kple Asia Sue eye eƒe tɔdziʋuwo katã kloe do le esi me ta la, ‘etrɔ ɖe eƒe anyigba’ si nye Siria ‘ƒe mɔ sesẽwo ŋu.’ Romatɔwo na ‘vlo si wòdo wo la trɔ va edzi.’ Antiochus III ku esi wòte kpɔ be yeada adzo gbedoxɔ aɖe me nuwo le Elymaïs, Persia, le ƒe 187 D.M.Ŋ. me. Eyata ‘edze anyi’ le ku me eye viaŋutsu Seleucus IV va xɔ ɖe eteƒe va zu dziehefia.

ƲIƲLI LA YI EDZI

36. (a) Agbagba kae anyiehefia dze be yeayi ʋiʋlia dzi, gake nukae va dzɔ ɖe edzi? (b) Aleke Seleucus IV dze anyii, eye amekae va xɔ ɖe eteƒe?

36 Ptolemy V te kpɔ be yeaxɔ nuto siwo wòle be wòanye Cleopatra ƒe tanu si woatsɔ na ye hafi la, gake wode aɖi nu me nɛ wòku ale be eƒe agbagbadzedzewo tsi akpo dzi. Ptolemy VI va xɔ ɖe eteƒe. Ke Seleucus IV ya ɖe? Esi ga nɔ ehiãm be wòatsɔ axe fe gbogbo si Roma do nɛ ta la, edɔ eƒe gadzikpɔla Heliodorus be wòava lɔ kesinɔnu siwo wogblɔ be ele Yerusalem-gbedoxɔa me la sesẽe. Esi Heliodorus di be yeaxɔ fiazikpuia ta ewu Seleucus IV. Gake Fia Eumenes si tso Pergamo kple nɔvia Attalus na wotsɔ fia si wowu la nɔviŋutsu Antiochus IV ɖo zi dzi.

37. (a) Aleke Antiochus IV te kpɔ be yeaɖee fia be yesẽ wu Yehowa Mawu? (b) Nukae Antiochus IV ƒe vlododo Yerusalem-gbedoxɔa he vɛ?

37 Antiochus IV si nye dziehefia yeye la di be yeaɖee afia be yesẽ wu Mawu esi wòte kpɔ be yeaɖe Yehowa ƒe tadedeagu ƒe ɖoɖoa ɖa keŋkeŋ. Ekɔ Yerusalem-gbedoxɔa ŋu na Zeus, alo Yupiter, tsɔ do vlo Yehowae. Le December 167 D.M.Ŋ. me la, woɖi trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpui ɖe vɔsamlekpui gã si le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu le afisi wosaa numevɔ na Yehowa le tsã. Ŋkeke ewo megbe la, wosa vɔ na Zeus le trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpui la dzi. Vlodoame sia na Yudatɔwo dze aglã le Maccabeewo ƒe kpɔkplɔ te. Antiochus IV wɔ aʋa kpli wo ƒe etɔ̃ sɔŋ. Le ƒe 164 D.M.Ŋ. me, esime ƒe trɔ le vlodoamenua wɔwɔ megbe la, Judas Maccabaeus gbugbɔ gbedoxɔa ŋu kɔ na Yehowa eye wòɖo ɖɔɖɔɖoŋkekenyui—Hanukkah—anyi.—Yohanes 10:22.

38. Aleke Maccabeewo ƒe dziɖuɖu wu enui?

38 Anɔ eme be Maccabeewo wɔ nubabla kple Roma le ƒe 161 D.M.Ŋ. me eye woɖo fiaɖuƒe anyi le ƒe 104 D.M.Ŋ. me. Gake masɔmasɔ si nɔ wo kple Siria-fia si le dziehe dome la yi edzi. Mlɔeba la, wona Roma va de nu nyaa me. Roma Ʋafia Gnaeus Pompey xɔ Yerusalem le ƒe 63 D.M.Ŋ. me esi wòɖe to ɖee ɣleti etɔ̃ megbe. Le ƒe 39 D.M.Ŋ. me la, Roma Sewɔhagã la ɖo Herodes—Edomtɔ aɖe—Yudea-fiae. Exɔ Yerusalem le ƒe 37 D.M.Ŋ. me tsɔ he Maccabeewo ƒe dziɖuɖua va nuwuwui.

39. Aleke Daniel 11:1-19 me dzodzro ɖe vi na wòe?

39 Dzidzɔ kae nye si wònye be míakpɔ nyagblɔɖi si ku ɖe fia eve siwo le ho ʋlim ŋu ƒe akpa gbãtɔ me vava bliboe! Nyateƒee, aleke gbegbe wòwɔa dɔ ɖe ame dzii enye si be míadzro ƒe alafa 500 siwo kplɔ ɣeyiɣi si me wogblɔ nyagblɔɖinya la na Daniel ɖo la me tsitotsito eye míade dzesi dziɖula siwo nye dziehefia kple anyiehefia! Gake amesiwo fia siawo nye le dunyahehe me la nɔ tɔtrɔm esime aʋa si le wo dome yi edzi va ɖo esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi kple vaseɖe míaƒe ŋkekea me. Ne míetsɔ ŋutinya me nudzɔdzɔwo sɔ kple nya ʋãme siwo woɖe fia le nyagblɔɖi sia me la, míate ŋu ade dzesi fia eve siawo siwo le avu wɔm.

NUKAWO GƆMEE NÈVA SE?

• Fiaƒome sesẽ eve kawoe do tso Hela-fiaɖuƒeawo me, eye ʋiʋli ka gɔmee fiaawo dze?

• Aleke fia eveawo wɔ ɖoɖo be ‘yewoade ŋutifafa aƒee,’ abe alesi wogblɔe ɖi le Daniel 11:6 ene?

• Aleke ʋiʋli la yi edzi le

Seleucus II kple Ptolemy III domee (Daniel 11:7-9)?

Antiochus III kple Ptolemy IV domee (Daniel 11:10-12)?

Antiochus III kple Ptolemy V domee (Daniel 11:13-16)?

• Tameɖoɖo kae nɔ Cleopatra I kple Ptolemy V ƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu, eye nukata ɖoɖoa medze edzi o (Daniel 11:17-19)?

• Aleke Daniel 11:1-19 me dzodzro ɖe vi na wòe?

[Nyaɖoɖo/Nɔnɔmetata si le axa 228]

FIA SIWO ŊU DANIEL 11:5-19 ƑO NU TSOE

Dziehefia Anyiehefia

Daniel 11:5 Seleucus I Nicator Ptolemy I

Daniel 11:6 Antiochus II Ptolemy II

(srɔ̃a Laodice) (vianyɔnu Berenice)

Daniel 11:7-9 Seleucus II Ptolemy III

Daniel 11:10-12 Antiochus III Ptolemy IV

Daniel 11:13-19 Antiochus III Ptolemy V

(vianyɔnu Cleopatra I) Edomenyila:

Edomenyilawo: Ptolemy VI

Seleucus IV kple

Antiochus IV

[Nɔnɔmetata si le axa 228]

Gaku si dzi Ptolemy II kple srɔ̃a le

[Nɔnɔmetata si le axa 228]

Seleucus I Nicator

[Nɔnɔmetata si le axa 228]

Antiochus III

[Nɔnɔmetata si le axa 228]

Ptolemy VI

[Nɔnɔmetata si le axa 228]

Ptolemy III kple edomenyilawo tu Horus ƒe gbedoxɔ sia ɖe Idfu, le Dzigbe Egipte

[Anyigbatata/Nɔnɔmetata siwo le axa 216, 217]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Dzesideŋkɔ siwo nye “dziehefia” kple “anyiehefia” ku ɖe fia siwo nɔ Daniel ƒe amewo ƒe dziehe kple anyiehe ŋu

MAKEDONIA

HELA

ASIA SUE

ISRAEL

LIBIA

EGIPTE

ETIOPIA

SIRIA

Babilon

ARABIA

[Nɔnɔmetata si le axa 216]

Ptolemy II

[Nɔnɔmetata si le axa 217]

Kpe gbadza si dzi Antiochus Gãtɔ ƒe dziɖuɖu sededewo le

Antiochus Gãtɔ

Sikagaku si dzi Ptolemy V ƒe nɔnɔme le

Ptolemy III ƒe agbo, le Karnak, Egipte

[Nɔnɔmetata si xɔ axa 210]

[Nɔnɔmetata si le axa 215]

Seleucus I Nicator

[Nɔnɔmetata si le axa 218]

Ptolemy I

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe