-
“Dziehefia” La Le Nuwuɣi LaGbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020 | May
-
-
8. Dziɖuɖu kae nye anyiehefia le ŋkeke mamlɛawo katã me?
8 Esi Xexemeʋa Gbãtɔ nɔ edzi yim la, Amerika kple Britain wɔ ɖeka hewɔ aʋa kple woƒe futɔwo eye woƒe asrafowo va kpɔ ŋusẽ geɖe. Ɣemaɣie Britain kple Amerika va zu Anglo-Amerika Xexemeŋusẽ. Abe ale si Daniel gblɔe ɖi ene la, fia sia ƒo “aʋakɔ gã nyadri aɖe ŋutɔ” nu ƒu. (Dan. 11:25) Le ŋkeke mamlɛawo katã me la, Britain kple United States (Amerika) ye nye anyiehefia.c Gake, dziɖuɖu kae va nye dziehefia la?
DZIÐUÐU KAE VA NYE DZIEHEFIA?
9. Dziɖuɖu kae va nye dziehefia, eye aleke Daniel 11:25 va eme?
9 Esi Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛawo ɖo woƒe Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒoa anyi ƒe ɖeka megbe la, dziehefia bubu gado le ƒe 1871 me. Le ƒe ma ke me la, Otto von Bismarck ƒo nuto vovovowo nu ƒu wova zu dukɔ sẽŋu si woyɔ be Germany Fiaɖuƒe. Prussiatɔ Fia Wilhelm Gbãtɔ va zu fiaɖuƒe ma ƒe fiagã gbãtɔ, eye eɖo Bismarck wònye dudɔnunɔlagã gbãtɔ.d Ƒe geɖe megbe la, Germany va zu dukɔ sesẽ si kpɔ ŋusẽ ɖe dukɔ bubu siwo le Afrika kple Pasifik-ƒua dzi la dzi, eye edze agbagba be yeakpɔ ŋusẽ wu Britain. (Xlẽ Daniel 11:25.) Germany Fiaɖuƒea ɖo aʋakɔ gã sẽŋu aɖe anyi eye esusɔ vie eƒe ƒudzisrafowo ƒe ŋusẽ nade Britain tɔa ƒe ŋusẽ nu. Le xexemeʋa gbãtɔa me la, Germany na eƒe aʋakɔawo dze eƒe futɔwo dzi.
10. Aleke Daniel 11:25b, 26 va eme?
10 Eyome, Daniel gblɔ nu si ava dzɔ ɖe Germany Fiaɖuƒea kple eƒe aʋakɔ gã si wòɖo anyi dzi la ɖi. Nyagblɔɖia gblɔ be dziehefia la “manɔ te o.” Nu ka tae? “Elabena woaɖo nugbe ɖe eŋu. Ame siwo ɖua nu kplii lae ana wòadze anyi.” (Dan. 11:25b, 26a) Le Daniel ƒe ŋkekea me la, fiaŋume siwo ‘subɔa fia la’ hã nɔa ame siwo ɖua “fia la ƒe nuɖuɖu viviwo” la dome. (Dan. 1:5) Ame kawo ŋue nyagblɔɖia ƒe akpa sia ku ɖo? Eku ɖe fiaŋume siwo nɔ ɖoƒe kɔkɔwo le Germany Fiaɖuƒea me la ŋu—wo dometɔ aɖewoe nye fiagã la ƒe aʋafiagãwo kple eƒe asrafo siwo nye aɖaŋuɖolawo. Ame siawo ƒe nuwɔna ye wɔe be fiaƒome ƒe dziɖuɖu ma nu yi eye dziɖuɖu bubu va xɔ ɖe eteƒe le Germany.e Menye ɖeko nyagblɔɖia gblɔe ɖi be fiaɖuƒe ma amu ko evɔ o, ke egblɔ ale si aʋa si wòawɔ kple anyiehefia la awu enui la hã ɖi. Nyagblɔɖia gblɔ tso dziehefia la ŋu be: “Eƒe aʋakɔ la nu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene, eye ame geɖewo atsi aʋa.” (Dan. 11:26b) Abe ale si tututu wogblɔe ɖi ene la, Germany-srafowo ‘nu yi’ le xexemeʋa gbãtɔa me “abe tɔsisie kplɔe dzoe ene” eye ‘ame geɖewo tsi aʋa’ hã vavã. Wowu ame le aʋa ma me wu aʋa bubu ɖe sia ɖe si wowɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me kpɔ.
-
-
“Dziehefia” La Le Nuwuɣi LaGbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020 | May
-
-
e Woƒe nuwɔnawo wɔe be fiaɖuƒe ma ƒe dziɖuŋusẽ nu va yi kaba. Le kpɔɖeŋu me, wodzudzɔ asikpekpe ɖe fia la ŋu, woʋu go aʋa la ŋuti nya ɣaɣlawo na ame bubuwo, eye wozi fia la dzi wòɖi le zia dzi.
-