INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 4 axa 16-axa 17
  • Maria Fɔ Fu Evɔ Meɖe Srɔ̃ O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Maria Fɔ Fu Evɔ Meɖe Srɔ̃ O
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Efɔ Fu Evɔ Meɖe Srɔ̃ O
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Maria Ƒe Kpɔɖeŋu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • ‘Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Dɔlanyɔnue Menye!’
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Enɔ Nyaawo “Ŋu Bum Le Eƒe Dzi Me”
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 4 axa 16-axa 17
Maria le gbɔgblɔm na Yosef be yefɔ fu

TA 4

Maria Fɔ Fu Evɔ Meɖe Srɔ̃ O

MATEO 1:18-25 LUKA 1:56

  • MARIA GBLƆ NA YOSEF BE YEFƆ FU

  • MARIA ZU YOSEF SRƆ̃

Maria le eƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti enelia me. Àɖo ŋku edzi be eyi ɖasrã Elizabet kpɔ le eƒe fufɔfɔa ƒe gɔmedzeɣi le Yudea togbɛwo dzi le anyiehe gome. Gake fifia Maria trɔ gbɔ va wo de Nazaret. Eteƒe madidi o, amewo ava nya be efɔ fu. Bu ale si gbegbe wòanya ɖo xaxa mee ŋu kpɔ!

Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be wodo Maria ɖeɖe ŋugbe na Yosef, si nye atikpala aɖe si le wo gbɔ. Eye enya be le Se si Mawu de na Israel-viwo nu la, ne wodo nyɔnu aɖe ŋugbe na ŋutsu aɖe gake nyɔnua lɔ̃ faa dɔ kple ŋutsu bubu la, woƒua kpee wòkuna. (5 Mose 22:23, 24) Eya ta togbɔ be Maria medɔ kple ŋutsu aɖeke kpɔ o hã la, anɔ eme be enɔ ale si wòle eƒe fufɔfɔa me ɖe ge na Yosef kple nu si ava dzɔ la ŋu bum.

Maria dzo ɣleti etɔ̃e nye ema, eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be Yosef di vevie be yeakpɔe. Anɔ eme be esi wodo go la, Maria gblɔ eƒe fufɔfɔa ŋu nya nɛ, eye wòwɔ etɔ sinua heɖe eme nɛ be to Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ mee yefɔ fua le. Gake abe ale si nàkpɔe ene la, asesẽ na Yosef ŋutɔ be wòase nya sia gɔme ahaxɔ edzi ase.

Yosef nya be Maria nye nyɔnu nyui si ŋu ŋkɔ nyui le. Eye elɔ̃e vevie hã. Ke hã, nu ka kee wòanya gblɔ o, ewɔ na Yosef be ŋutsu aɖe kokokoe anya do fui. Yosef medi be woaƒu kpee wòaku alo woado ŋukpee le dutoƒo o; eya ta eɖoe be yeagbee le adzame. Le ŋkeke mawo me la, wobua ame siwo do ɖeɖeŋugbe na wo nɔewo la abe srɔ̃tɔwo ene, eye wobiaa srɔ̃gbegbe tso ŋugbedolawo si be woatsɔ atso ŋugbedodoa me.

Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe

Emegbe esi Yosef ganɔ nya siawo ŋu bum la, eyi ɖamlɔ anyi. Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃e me hegblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va aƒewò me o, elabena fu si wòfɔ la, gbɔgbɔ kɔkɔe mee wòtso. Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe dukɔ tso eƒe nu vɔ̃wo me.”—Mateo 1:20, 21.

Esi Yosef nyɔ la, aleke gbegbe wòada akpee nye esi be nyaa me va kɔ azɔ! Ewɔ ɖe mawudɔlaa ƒe mɔfiamea dzi enumake. Ekplɔ Maria yi eƒe me. Le nyateƒe me la, gaglãgbenuwɔna sia nye srɔ̃ɖekɔnu si ɖee fia be fifia Yosef kple Maria woɖe wo nɔewo. Gake Yosef medɔ Maria gbɔ esime Yesu ƒe fu nɔ eƒo o.

Maria le gbɔgblɔm na Yosef be yefɔ fu

Le ɣleti aɖewo megbe la, eva hiã be Yosef kple Maria, si ƒo fu tsi ɖo la nazɔ mɔ tso wo de Nazaret. Afi kae wòhiã be woayi le ɣeyiɣi sia si me Maria ƒe vidziɣi ɖo?

  • Esi Maria gblɔ na Yosef be yefɔ fu la, nu kae Yosef anya susu, eye nu ka tae?

  • Aleke Yosef ate ŋu agbe Maria esi womeɖe wo nɔewo haɖe o?

  • Gaglãgbenuwɔna kae ɖee fia be Yosef kple Maria wozu srɔ̃tɔwo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe