INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Aleke Wole Gbeƒã Ðem Nya Nyuiae?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • Nusɔsrɔ̃ 21 lia. Ŋutsu aɖe le dze ɖom kple Yehowa Ðasefo eve le dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe kekevi aɖe gbɔ le mɔ gã aɖe to.

      NUSƆSRƆ̃ 21

      Aleke Wole Gbeƒã Ðem Nya Nyuiae?

      Eteƒe madidi o, Yehowa ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe míaƒe kuxi ɖe sia ɖe ɖa. Nya nyui sia nyo ale gbegbe be mele be míamia nu ɖe edzi o. Yesu di be ye yomedzelawo nagblɔ nya nyui sia na ame sia ame! (Mateo 28:19, 20) Aleke Yehowa Ðasefowo le Yesu ƒe sedede sia dzi wɔm?

      1. Aleke nya si le Mateo 24:14 la le eme vam egbeae?

      Yesu gblɔ ɖi be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi.” (Mateo 24:14) Edzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewole dɔ vevi sia wɔm. Míele gbeƒã ɖem nya nyui sia le gbegbɔgblɔ siwo wu 1,000 sɔŋ me le xexea me godoo! Dɔ gã sia bia agbagbadzedze geɖe kple ɖoɖo nyui wɔwɔ. Ne menye Yehowae le kpekpem ɖe mía ŋu o la, míate ŋu awɔ dɔ sia o.

      2. Agbagba kawoe míedzena be míaɖe gbeƒã na amewo?

      Míeɖea gbeƒã le afi sia afi si míate ŋu akpɔ amewo le. Míeɖea gbeƒã na amewo tso “aƒe me yi aƒe me,” abe ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene. (Dɔwɔwɔwo 5:42) Gbeƒãɖeɖe le ɖoɖo nu alea wɔnɛ be míetea ŋu gblɔa nya nyuia na ame miliɔn geɖe ƒe sia ƒe. Esi wònye be menye ɣesiaɣie amewo nɔa aƒe me o ta la, míeɖea gbeƒã na amewo le dutoƒo hã zi geɖe. Ɣesiaɣi la, míedia mɔ siwo dzi míato aƒo nu na amewo tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu.

      3. Ame kawoe wòle na be woaɖe gbeƒã nya nyuia?

      Ele na Kristotɔ vavãwo katã be woaɖe gbeƒã nya nyuia na amewo. Dɔ sia le vevie na mí ŋutɔ. Míedzea agbagba ɖea gbeƒã na amewo le ale si míaƒe nɔnɔmewo ɖe mɔe nu, elabena míenyae be esia ate ŋu axɔ amewo ɖe agbe. (Xlẽ 1 Timoteo 4:16.) Womexea fe na mí ɖe gbeƒãɖeɖedɔ sia ta o, elabena Biblia gblɔ be: “Faa miexɔe, faa minae.” (Mateo 10:7, 8) Menye ame sia amee lɔ̃na ɖoa to míaƒe gbedeasia o. Ke hã, míeyia edzi ɖea gbeƒã, elabena gbeƒãɖeɖe nya nyuia nye míaƒe mawusubɔsubɔ ƒe akpa aɖe, eye edoa dzidzɔ na Yehowa.

      SRƆ̃ NU BUBUWO

      Àsrɔ̃ nu geɖe tso agbagba siwo Yehowa Ðasefowo dzena be yewoaɖe gbeƒã na amewo le xexea me godoo la ŋu, eye àkpɔ ale si Yehowa kpena ɖe wo ŋu hã.

      A. Yehowa Ðasefo eve le gbeƒã ɖem na ŋutsu aɖe le togbɛ dama aɖe dzi le Costa Rica. B. Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem na tɔƒodelawo le woƒe ʋudzeƒe le Amerika. D. Yehowa Ðasefo eve le gbeƒã ɖem na ŋutsu aɖe le kɔƒe aɖe me le Benin. Ð. Ðasefo aɖe le gbeƒã ɖem na nyɔnu aɖe le asi aɖe si ɖina le tɔ dzi la me le Thailand. E. Yehowa Ðasefo eve aɖewo le gbeƒã ɖem na nyɔnu aɖe le afi si kpe gbadzawo le le Yap. Ɛ. Yehowa Ðasefo eve le gbeƒã ɖem na nyɔnu aɖe le tsimɔ aɖe gbɔ le snodzaɣi le Sweden.

      Wole gbeƒã ɖem le xexea me godoo: (A) Costa Rica, (B) Amerika, (D) Benin, (Ð) Thailand, (E) Yap, (Ɛ) Sweden

      4. Míekua kutri vevie be míaɖe gbeƒã na ame sia ame

      Yehowa Ðasefowo dzea agbagba vevie be yewoaɖe gbeƒã nya nyuia na amewo le afi sia afi. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia si gbɔna me.

      VIDEO: Gbeƒãɖeɖe Le “Anyigba Ƒe Seƒe Ke” (7:33)

      • Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le agbagba siwo Yehowa Ðasefowo dzena be yewoagblɔ nya nyuia na amewo la ŋu?

      Mixlẽ Mateo 22:39 kple Romatɔwo 10:13-15, eye miadzro biabia siawo me:

      • Aleke gbeƒãɖeɖedɔ si míewɔna la ɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía haviwo?

      • Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso ame siwo ɖea gbeƒã nya nyuia ŋu?—Kpɔ kpukpui 15 lia.

      5. Míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo

      Nudzɔdzɔ geɖewo ɖee fia be Yehowae le mɔ fiam míaƒe dɔa. Le kpɔɖeŋu me, le New Zealand la, esime nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Paul nɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me le ŋdɔ aɖe me la, edo go nyɔnu aɖe. Gake do ŋgɔ le ŋdi me la, nyɔnua do gbe ɖa na Mawu, eyɔ Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa le gbedodoɖaa me hegblɔ nɛ be, nena ame aɖe nava ye gbɔ be wòakpe ɖe ye ŋu yeadze sii. Paul gblɔ be: “Gaƒoƒo etɔ̃ megbea, meva ɖo eƒe ʋɔtru nu.”

      Mixlẽ 1 Korintotɔwo 3:9, eye miadzro nyabiase sia me:

      • Aleke nudzɔdzɔ siawo tɔgbi, abe esi dzɔ le New Zealand ene la, ɖee fia be Yehowae le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔa?

      Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 1:8, eye miadzro nyabiase sia me:

      • Nu ka tae míehiã na Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be míate ŋu akpɔ dzidzedze le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me?

      Ènyaa?

      Le míaƒe kwasiɖa domedome kpekpe si míedena kwasiɖa sia kwasiɖa me la, míexɔa hehe si kpena ɖe mía ŋu míeɖea gbeƒã. Ne ède kpekpe mawo dometɔ aɖe kpɔ la, aleke nèkpɔ hehe si wonana mí?

      Yehowa Ðasefo eve le ale si woaɖe gbeƒã nya nyuiae la wɔm fia le hame ƒe kpekpe aɖe me.

      6. Míewɔa se si Mawu de be woaɖe gbeƒã la dzi

      Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame aɖewo dze agbagba be yewoana Yesu yomedzelawo nadzudzɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia. Gake Kristotɔ gbãtɔwo ‘ʋli gome si le wo si be woaɖe gbeƒã nya nyuia la ta le se nu’ ale be woate ŋu ayi edzi aɖe gbeƒã. (Filipitɔwo 1:7) Yehowa Ðasefowo hã wɔa nenema ke egbea.a

      Mikpɔ VIDEOA.

      VIDEO: Nya Nyuia Ta Ʋiʋli Le Se Nu (2:28)

      Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 5:27-42, eye miadzro biabia sia me:

      • Nu ka tae míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe gbeɖe o?—Kpɔ kpukpui 29, 38, kple 39 lia.

      AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Nu ka tae Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me?”

      • Ne ame aɖe bia nya ma la, aleke nàɖo eŋu nɛ?

      NU SIWO MÍESRƆ̃

      Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã nya nyuia na dukɔwo katã. Yehowa le kpekpem ɖe eƒe amewo ŋu be woawɔ dɔ sia.

      Numetoto

      • Ame kawoe le gbeƒã ɖem nya nyuia le xexea me godoo?

      • Aleke gbeƒãɖeɖedɔ si míewɔna la ɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía haviwo?

      • Ðe nèsusu be gbeƒãɖeɖe nya nyuia ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔa? Nu ka tae?

      Anyo Be Nàwɔ Esia

      KU NU ME TSO NYATIA ŊU

      Le video sia me la, àkpɔ ale si Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã na amewo le dugãwo me.

      Dutoƒoɖaseɖiɖidɔ Tɔxɛ Si Wowɔ Le Paris (5:11)

      Aleke Yehowa Ðasefowo kpe ɖe sitsoƒedilawo ŋui?

      Gbɔgbɔmetsi Nana Sitsoƒedilawo (5:59)

      Le video sia me la, àse nu si tae nyɔnu aɖe kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòtsɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia wɔ eƒe agbemedɔe.

      Edzɔ Dzi Nam Be Metia Agbemedɔ Sia (6:29)

      Xlẽ nu tso ʋɔnudrɔ̃ƒewo ƒe afiatsotso vevi siwo do nya nyui gbɔgblɔ dɔa ɖe ŋgɔ la ŋu.

      “Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo Ʋlia Wo Ðokuiwo Ta Le Ʋɔnu” (Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!, ta 13 lia)

      a Mawue de se be míaɖe gbeƒã. Eya ta, Yehowa Ðasefowo mehiã mɔɖeɖe tso amegbetɔwo ƒe dziɖulawo gbɔ hafi aɖe gbeƒã nya nyuia o.

  • Nyɔnyrɔxɔxɔ Ana Nàkpɔ Yayra Geɖe!
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • Nusɔsrɔ̃ 23 lia. Wonyrɔ nyɔnu aɖe ɖe tsi me keŋkeŋ wòzu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka.

      NUSƆSRƆ̃ 23

      Nyɔnyrɔxɔxɔ Ana Nàkpɔ Yayra Geɖe!

      Yesu na míenya be ele be ame si azu Kristotɔ la naxɔ nyɔnyrɔ. (Xlẽ Mateo 28:19, 20.) Gake nu kae nyɔnyrɔxɔxɔ fia? Eye nu kae wòle be ame nawɔ hafi axɔ nyɔnyrɔ?

      1. Nu kae nyɔnyrɔxɔxɔ fia?

      Helagbe me nya si me woɖe nya “nyrɔ” tso la fia be ‘woade nane tsi me’ wòabu ɖe eme keŋkeŋ. Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, Yohanes nyrɔe ɖe Yordan Tɔsisi la me, eye ‘wòfɔ tso tsia me.’ (Mateo 3:13, 16) Nenema kee le Kristotɔ vavãwo ƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, wonyrɔa woƒe ameti bliboa ɖe tsi me keŋkeŋ.

      2. Nu kae ame ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ fia?

      Ne ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ la, efia be etsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu. Nu kae wòfia be ame natsɔ eɖokui aɖe adzɔgbe na Mawu? Efia be, hafi amea nava xɔ nyɔnyrɔ la, eya ŋutɔ ɖeɖe ado gbe ɖa na Yehowa ahagblɔ nɛ be yedi be yeasubɔe tegbee. Ado ŋugbe na Yehowa be eya ɖeka koe yeasubɔ, eye eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe anye nu vevitɔ na ye le agbe me. Ato esia me aɖee afia be ‘yegbe nu le ye ɖokui gbɔ, eye yeɖoe be yeadze Yesu yome ɖaa,’ si fia be, yeawɔ eƒe nufiafiawo dzi eye yeasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. (Mateo 16:24) Eƒe adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ana be ƒomedodo kplikplikpli nava nɔ eya kple Yehowa kpakple ame bubu siwo hã subɔnɛ la dome.

      3. Afɔ kawoe wòle be ame naɖe hafi axɔ nyɔnyrɔ?

      Hafi nàxɔ nyɔnyrɔ la, ele vevie be nàsrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye nàxɔ edzi ase. (Xlẽ Hebritɔwo 11:6.) Zi ale si nèva le nu geɖe srɔ̃m tso Yehowa ŋu eye wò xɔse le tsitsim la, zi nenema kee nàva lɔ̃e vevie. Esia awɔe be àdi vevie be yeaƒo nu tso eŋu na amewo eye yeawɔ ɖe eƒe sewo dzi. (2 Timoteo 4:2; 1 Yohanes 5:3) Ne ame aɖe va ‘le zɔzɔm ale si dze Yehowa, ale be yeadze eŋu bliboe’ ko la, adi be yeatsɔ yeƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa eye yeaxɔ nyɔnyrɔ.—Kolosetɔwo 1:9, 10.a

      SRƆ̃ NU BUBUWO

      Àkpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ me kple nu si ame ate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe afɔ vevi sia ɖeɖe ŋu.

      4. Míate ŋu asrɔ̃ nu tso nya si Biblia gblɔ tso Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu la me

      Mixlẽ Mateo 3:13-17 be miakpɔ nya bubu siwo Biblia gblɔ tso Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu. Eyome midzro nyabiase siawo me:

      • Vidzĩe Yesu nye esime wòxɔ nyɔnyrɔa?

      • Aleke wonyrɔe? Ðe wokɔ tsi ɖe tame nɛa?

      Yesu xɔ nyɔnyrɔ hafi dze dɔ tɔxɛ si Mawu de esi be wòawɔ le anyigba dzi la gɔme. Mixlẽ Luka 3:21-23 kple Yohanes 6:38, eye miadzro nyabiase sia me:

      • Esi Yesu xɔ nyɔnyrɔ vɔ la, dɔ kae nɔ vevie nɛ wu le agbe me?

      5. Wò hã àte ŋu axɔ nyɔnyrɔ

      Ðewohĩ adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ adze nu sesẽ na wò. Ke hã, ne èyi edzi le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu eye nèva nyae nyuie wu la, esia ana dzi naɖo ƒowò nàɖe afɔ vevi sia. Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ ale si ame aɖewo te ŋu wɔ esiae ɖa.

      VIDEO: Ale Si Nàwɔ Anye Yehowa Xɔlɔ̃ (1:11)

      Mixlẽ Yohanes 17:3 kple Yakobo 1:5, eye miadzro biabia sia me:

      • Nu kawoe ame ate ŋu awɔ be wòasu te axɔ nyɔnyrɔ?

      A. Nyɔnu aɖe le gbɔgblɔm na Mawu le gbedodoɖa me be yetsɔ ye ɖokui ɖe adzɔgbe nɛ be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. B. Wonyrɔ nyɔnu ma ke ɖe tsi me keŋkeŋ wòzu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka.
      1. Adzɔgbeɖeɖe fia be míagblɔ na Yehowa be míedi be míasubɔe tegbee

      2. Le míaƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, míeɖenɛ fiana le eteƒekpɔlawo ŋkume be míeɖe adzɔgbe na Mawu

      6. Ne míexɔ nyɔnyrɔ la, míeva zua Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo

      Ne míexɔ nyɔnyrɔ la, míeva zua ƒome gã ɖeka si le xexea me godoo la me tɔwo. Togbɔ be míetso dukɔ vovovowo me eye míaƒe dekɔnuwo to vovo hã, míaƒe dzixɔsewo le ɖeka eye míewɔna ɖe se kple mɔfiame siwo le Biblia me dzi. Mixlẽ Psalmo 25:14 kple 1 Petro 2:17, eye miadzro biabia sia me:

      • Ne ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ la, aleke eya kple Yehowa kpakple ame siwo subɔnɛ la dome anɔ?

      Nɔnɔmetata vovovoawo: Dzi le nɔvinyɔnu aɖe dzɔm esi wòle ƒomedodo nyui si le eya kple ame bubu siwo le hamea me dome la ŋu bum. 1. Ele eƒe dzimenyawo gblɔm na nɔvinyɔnu aɖe. 2. Ele kpekpem ɖe nɔvinyɔnu tsitsi aɖe ŋu be wòazɔ. 3. Eya kple exɔlɔ̃ siwo xɔ ƒe vovovowo la le nu ɖum. 4. Eya kple nɔvinyɔnu bubu aɖe wole gbeƒã ɖem na ŋutsu aɖe. 5. Eya kple Ðasefo eve siwo nye dukɔ bubu me tɔwo la le foto ɖem le takpekpe gã aɖe me.

      AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Nyemekpɔ su te be maxɔ nyɔnyrɔ o.”

      • Ne nenemae nèsena le ɖokuiwò me la, ɖe wònye wò taɖodzinu be yeava xɔ nyɔnyrɔa?

      NU SIWO MÍESRƆ̃

      Yesu na míenya be ele be ame si azu Kristotɔ la naxɔ nyɔnyrɔ. Hafi ame aɖe naxɔ nyɔnyrɔ la, ele be wòaxɔ Yehowa dzi ase, anɔ wɔwɔm ɖe Eƒe sewo dzi, eye wòatsɔ eɖokui aɖe adzɔgbe nɛ.

      Numetoto

      • Nu kae nya nyɔnyrɔxɔxɔ fia, eye nu ka tae nyɔnyrɔxɔxɔ le vevie?

      • Ne ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ la, nu kae esia fia?

      • Nu kawoe wòhiã be ame nawɔ hafi wòate ŋu aɖe adzɔgbe na Mawu ahaxɔ nyɔnyrɔ?

      Anyo Be Nàwɔ Esia

      KU NU ME TSO NYATIA ŊU

      Le nyati sia me la, àkpɔ nu si nyɔnyrɔxɔxɔ fia kple nu si mefia o.

      “Nu Kae Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ?” (Nyati sia le jw.org)

      Xlẽ nu tso afɔ vovovo siwo ame ate ŋu aɖe be wòava su te axɔ nyɔnyrɔ la ŋu le nyati sia me.

      “Lɔlɔ̃ Na Yehowa Aʋã Wò Be Nàxɔ Nyɔnyrɔ” (Gbetakpɔxɔ, March 2020)

      Xlẽ nu tso nu si ʋã ŋutsu aɖe wòxɔ nyɔnyrɔ la ŋu le nyati sia me.

      “Wodi Be Maka Ðe Nyateƒea Dzi Na Ðokuinye” (Gbetakpɔxɔ, February 1, 2013)

      Xlẽ nu tso nu si tae nyɔnyrɔxɔxɔ nye taɖodzinu nyui aɖe kple ale si nàwɔ asu te be nàxɔ nyɔnyrɔ la ŋu.

      “Ðe Wòle Be Maxɔ Nyɔnyrɔa?” (Nya Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖo Vavãwo, Babla 2 Lia, ta 37)

      a Ne ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ va yi le subɔsubɔha bubu aɖe me la, ehiã be wòagaxɔ nyɔnyrɔ ake. Nu ka tae? Nu si tae nye be subɔsubɔha ma ƒe nufiafiawo mewɔ ɖeka kple nyateƒe si le Biblia me o.—Kpɔ Dɔwɔwɔwo 19:1-5 kple Nusɔsrɔ̃ 13 lia.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe