INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 6/8 axa 15-17
  • Èxɔ Asi le Mawu Ŋkume!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èxɔ Asi le Mawu Ŋkume!
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míaƒe Asixɔxɔ Ŋuti Nukpɔsusu si Sɔ
  • Dzi Gbagbãwo, Gbɔgbɔ Siwo Woƒo Ƒu Anyi
  • “Mia Tɔ Vena Wu Atsutsurɔe Geɖewo Tɔ”
  • Enye Ame Si Léa Ŋku Ðe Mía Ŋu Hedea Asixɔxɔ Mía Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yehowa Nya ‘Miaƒe Taɖawo Katã Ƒe Xexlẽme’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Naneke Mate Ŋu ‘Ama Mí Ða Tso Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Gbɔ O’
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • “Mawu Enye Lɔlɔ̃”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 6/8 axa 15-17

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Èxɔ Asi le Mawu Ŋkume!

NYƆNU KRISTOTƆ AÐE ŊLƆ BENA: “MESENƐ LE ÐOKUINYE ME LE NYE AGBE ME KATÃ KLOE BE VIÐE MELE ŊUNYE O. ZI ALEKE KE MELƆ̃ YEHOWA ALO DZEA AGBAGBA BE MASUBƆE O, EWƆNA NAM ƔESIAƔI BE MENYO TUTUTU O.”

ÈDZE si ame aɖe si wòɖea fu na vevie be yemedze o alo be viɖe mele ye ŋu oa? Alo ɖe nèsena le ɖokuiwò me alea ɣeaɖewoɣia? Seselelãme siawo bɔ eye wòle Mawu subɔla wɔnuteƒewo gɔ̃ hã dome. Ame aɖeke medo le nusiwo tum ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ la le kple ame me o. Ame geɖe kpe ɖekematsɔleme kple anyrawɔwɔ ƒe fu le ‘ɖokuidzimaɖulawo, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o,’ siwo nye nɔnɔme si bɔ ɖe ‘ŋkeke mamlɛawo’ me la si me. (Timoteo II, 3:​1-⁠5) Nudzɔdzɔ veame siawo ate ŋu ana woanɔ veve sem vevie, ana ame nase le eɖokui me be yemeɖi naneke kura o.

Le ame aɖewo gome la, dzidzenu kɔkɔwo ɖoɖo na wo ɖokui gbɔe wòtsona be seselelãme manyomanyowo ɖoa wo me. Dzidzenu siawo gbɔ maɖomaɖo gana wosenɛ ɖe edzi be yewomele ɖeke me kura o. Susu ka kee wòɖanye o, asesẽ na amesiwo wòle fu ɖem na be yewomeɖi naneke o la be woakpɔ nusita Mawu​—alo ame bubu​—nalɔ̃ wo ɖo. Le nyateƒe me la, woasusui be ame aɖeke malɔ̃ yewo o.

Gake menye aleae Yehowa Mawu ya kpɔnɛ o! Yehowa xlɔ̃ nu mí le eƒe Nya me be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie le yeƒe Futɔ, Satana Abosam ƒe “aɖaŋu vɔ̃wo” ŋu. (Efesotɔwo 6:​11) Satana zãa eƒe aɖaŋu vɔ̃wo be yeatsɔ ana míadzudzɔ mía Mawu subɔsubɔ. Le esia ta la, Satana nana míesena le mía ɖokui me be míeɖi naneke o, eye be Yehowa mate ŋu alɔ̃ mí gbeɖe o. Gake ‘aʋatsokalae’ Satana nye​—le nyateƒe me la, ‘aʋatsokafofoe’ wònye. ( Yohanes 8:​44) Eyata mele be míana eƒe aɖaŋu vɔ̃wo naflu mí o! Yehowa ƒo nu le eɖokui ŋu le Biblia me eye wòka ɖe edzi na mí be asixɔxɔ le mía ŋu le ye ŋkume.

Míaƒe Asixɔxɔ Ŋuti Nukpɔsusu si Sɔ

Biblia xlɔ̃ nu le nusi dziɖeleameƒo ate ŋu agblẽ le mía ŋu la ŋuti. Lododowo 24:​10 (NW ) gblɔ be: “Ðe dzi ɖe le ƒowò le xaxaɣia? Ekema ŋusẽ boo manɔ ŋuwò o.” Seselelãme gbegblẽ si anɔ mía me eteƒe nadidi la ate ŋu axɔ ŋusẽ le mía si ana míagbɔdzɔ eye nuvevi ɖesiaɖe ate ŋu awɔ mí. Nya lae nye be Satana nya nusia nyuie. Ne asimaxɔmaxɔ le fu wɔm míaƒe dzi la, enyea nu sesẽ ŋutɔ. Gake ne Satana dze agbagba be yeawɔ seselelãme ma ŋudɔ la, ewɔnɛ be nɔnɔmea gasesẽna ɖe edzi wu.

Eyata ele vevie be míaƒe asixɔxɔ ŋuti nukpɔsusu nyui si da sɔ nanɔ mía si. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negabu eɖokui gã wu alesi dze o; ke wòabu alesi eƒe susu nanɔ tee la ŋu boŋ.” (Romatɔwo 12:⁠3, NW ) Biblia gɔmeɖeɖe bubu ɖe nya siawo gɔme be: “Magblɔ na mia dometɔ ɖesiaɖe be wòagabu eɖokui wu asixɔxɔ si le eyama ŋu o, ke boŋ wòade asixɔxɔ si sɔ la eɖokui ŋu.” (Charles B. Williams) Eyata ŋɔŋlɔa de dzi ƒo na mí be mía ɖokui ŋuti nukpɔsusu si da sɔ nenɔ mía si. Nu ɖekae nye be ele be míatsri dada; gake mele be míabu mía ɖokui ame maɖinuwo o, elabena Paulo le fiafiam be ne míaɖɔ ŋu ɖo la, ehiã be míabu nane le mía ɖokui ŋu. Ẽ, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Paulo wòɖee fia be asixɔxɔ le mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu le Yehowa ŋkume.

Asixɔxɔ si sɔ dede ame ɖokui ŋu dze le Yesu ƒe nya si wògblɔ be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene” hã me. (Mateo 22:​39) Nyagbɔgblɔ “abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene” fia be ele be míasee le mía ɖokui me be viɖe le mía ŋu, alo be bubu le mía ŋu. Nyateƒee, kpɔtsɔtsɔwo anɔ mía ŋu eye míedaa vo. Gake ne míedzea agbagba be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, ne míesea veve ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta, eye míebia tsɔtsɔkee la, asixɔxɔ aɖe sinu agate ŋu anɔ mía ŋu. Míaƒe dzi si bua fɔ mí la agblɔ nya bubu, gake ɖo ŋku edzi be, “Mawu enye gã wu míaƒe dzi.” ( Yohanes I, 3:​20) Ne míagblɔe bubui la, alesi Yehowa kpɔa mí to vovo kura na alesi míekpɔa mía ɖokuii.

Dzi Gbagbãwo, Gbɔgbɔ Siwo Woƒo Ƒu Anyi

Hakpala Dawid ŋlɔ bena: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” (Psalmo 34:​19) Esi Matthew Henry’s Commentary on the Whole Bible nɔ nu ƒom tso kpukpui sia ŋu la, egblɔ be: “Enye ame dzɔdzɔewo ƒe nɔnɔme . . . be woƒe dzi nagbã eye woƒe gbɔgbɔ naxa nu, si fia be woakpɔe be yewomegaɖi naneke o le nuvɔ̃ ta; wobua wo ɖokui ame tsɛwo, eye womegakana ɖe wo ɖokui dzi kura o.”

Amesiwo ƒe “dzi gbã gudugudu” alo ƒe “gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi” la ase le wo ɖokui me be Yehowa le adzɔge ʋĩ akpa eye be yewole sue akpa ne Yehowa natsɔ ɖe le yewo me. Gake menye aleae nyaa le o. Dawid ƒe nyawo na kakaɖedzi mí be Yehowa megblẽa amesiwo “[bua] wo ɖokui ame tsɛwo” la ɖi o. Mía Mawu si sea veve ɖe ame nu nyae be ɣeyiɣi mawo mee míehiã ye wu, eye etsɔ ɖe mía gbɔ.

De ŋugble le kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, vinɔ aɖe tsɔ viaŋutsu si xɔ ƒe eve la ƒu du yi kɔdzii elabena gbɔgbɔtsixe tsi eƒo vevie ŋutɔ. Esi ɖɔktawo lé ŋku ɖe ɖevia ŋu la, wogblɔ na dadaa be ele be yewoaxɔ ɖevia ɖe kɔa dzi ŋu nake. Afikae vidada la mlɔ zã ma me? Ablegɔ aɖe si nɔ via ƒe abati xa le kɔa dzi dzie wòtsi dɔ. Viaŋutsu suea dze dɔ, eye ɖeko wòle be woanɔ eŋu. Kakaɖedzitɔe la, míate ŋu akpɔ mɔ be mía Fofo lɔlɔ̃tɔ si le dziƒo, amesi ƒe nɔnɔme nu wowɔ mí ɖo la awɔ nusi wu ema! (Mose I, 1:​26; Yesaya 49:​15) Psalmo 34:​19 me nya wɔdɔɖeamedzia na kakaɖedzi mí be ne míaƒe “dzi gbã gudugudu” la, Yehowa “tsɔ ɖe” mía “gbɔ” abe dzila lɔlɔ̃tɔ ene​—eƒe ŋkuwo kple towo le mía ŋu, eye wòle klalo be yeana kpekpeɖeŋu mí.​—Psalmo 147:​1, 3.

“Mia Tɔ Vena Wu Atsutsurɔe Geɖewo Tɔ”

Esi Yesu nɔ eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔm la, eɖe nu geɖe fia le Yehowa ƒe susu kple eƒe seselelãmewo ŋu kpakple alesi Yehowa sena le eɖokui me ɖe Esubɔla siwo le anyigba dzi ŋu. Yesu ka ɖe alesi eƒe nusrɔ̃lawo xɔ asii le Yehowa ŋkume dzi na wo zi gbɔ zi geɖe.​—Mateo 6:​26; 12:⁠12.

Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu nɔ asixɔxɔ si le eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu ƒe kpɔɖeŋu wɔm la, egblɔ be: “Alo wometsɔa atsutsurɔe eve ƒlena xɔa hotsui ewo oa? Eye ne menye mia Fofo ƒe lɔlɔ̃nu o la, wo dometɔ aɖeke mele dzedze ge ɖe anyigba o; ke miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe! Eyaŋuti migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ.” (Mateo 10:​29-31) De ŋugble le alesi Yesu ƒe nyasela ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo ase nya siawo gɔmee ŋu kpɔ ko.

Edze ƒã be le xe siwo katã woɖuna dome la, atsutsurɔewoe nye esiwo mexɔ asi kura o wu. Zi geɖe la, wonyɔa fu le xevi siawo ŋu tɔna ɖe ati ŋu mena abe tsitsiŋga ene. Ðikeke aɖeke mele eme o be Yesu kpɔ nyɔnuwo le asime kpɔ wonɔ woƒe gakuwo xlẽm kpɔ be atsutsurɔe nenie yewoate ŋu aƒle hã. Wobu xevi siawo be womexɔ asi aɖeke kura o ale gbegbe be ne hotsui ewo (ne míagblɔe tututu la, Roma-gaku ɖeka si mede sent atɔ̃ o) le ame si la, ate ŋu aƒle atsutsurɔe eve.

Yesu gagblɔ kpɔɖeŋu sia ɣebubuɣi​—gake le mɔ si to vovo vie nu. Le Luka 12:⁠6 me nyawo nu la, Yesu gblɔ be: “Alo womedzraa atsutsurɔe atɔ̃ xɔa hotakpo oa?” Bu eŋu kpɔ ko. Ne ame aɖe lé hotsui ewo ɖe asi la, ate ŋu aƒle atsutsurɔe eve. Gake ne wòate ŋu ana hotsui blaeve la, menye atsutsurɔe enee woanae o ke boŋ atɔ̃. Wotsɔa xevi atɔ̃lia dea edzi abe ɖe asixɔxɔ aɖeke mele eya ŋu o ene. Yesu gblɔ be, “[Ke hã] womeŋlɔ wo dometɔ aɖeke [esi wotsɔ de edzi gɔ̃ hã] be le Mawu ƒe ŋku me o.” Esi Yesu tsɔ kpɔɖeŋua nɔ sɔsɔm kple wo la, ewu enu be: “Mia tɔ vena wua atsutsurɔe geɖewo tɔ.” (Luka 12:⁠7) Aleke gbegbe nya siawo anya de dzi ƒo na eƒe nyaselawoe nye si!

Èse nusi tututu Yesu ƒe kpɔɖeŋu lédzinamea fia gɔmea? Ne Yehowa bua xeviwo gɔ̃ hã be asixɔxɔ le wo ŋu la, ekema aleke gbegbe esubɔla siwo le anyigba dzi axɔ asi nɛ enye si! Mía dometɔ aɖeke menye ame maɖinu le Yehowa ŋkume o. Mía dometɔ ɖesiaɖe xɔ asi na Yehowa ale gbegbe be edea dzesi nu suetɔ kekeake le mía ŋu​—enya ɖa ɖekaɖeka nenie le mía ta.

Gake Satana ayi edzi anɔ eƒe “aɖaŋu vɔ̃wo” zãm​—ne míesusu be míeɖi naneke o la, azãe​—be yeatsɔ ana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Gake mègana Satana naɖu dzi o! Ðo ŋku nyɔnu Kristotɔ si ƒe nya míegblɔ va yi dzi. Gbetakpɔxɔ me nyati aɖe si na agbagba siwo Satana dzena be yeazã míaƒe seselelãmewo ŋuti nuxlɔ̃ame kpe ɖe eŋu.a Nyɔnua gblɔ be: “Nyemenya gbeɖe be Satana dzea agbagba be yeazã nye seselelãmewo atsɔ aɖe dzi le ƒonye o. Esia nyanya do ŋusẽm be maɖu seselelãme siawo dzi. Fifia la, mate ŋu akpe akɔ kple Satana ƒe amedzidzedze siawo dzinɔameƒotɔe.”

Yehowa ‘nya nuwo katã.’ ( Yohanes I, 3:​20) Ẽ, enya nusiwo me tom míele fifi laa. Enya nusiwo me míeto va yi siwo anya gblẽ bubu si míedea mía ɖokui ŋu la me hã. Ðo ŋku edzi be, alesi Yehowa kpɔa míe le vevie wu! Aleke ke míabui be míedze woalɔ̃ mí o alo be míeɖi naneke o hã la, Yehowa na kakaɖedzi mí be asixɔxɔ le mí esubɔlawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu na ye. Míate ŋu aka ɖe Yehowa dzi, elabena Mawu ‘mekaa aʋatso abe eƒe Futɔa ene o.’​—Tito 1:⁠2.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ nyati si nye “Èxɔ Asi Le Mawu Ŋkume!” si le April 1, 1995, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 10-⁠15.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 16]

Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gbɔ abe dzila lɔlɔ̃tɔ ene

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Ne Yehowa meŋlɔa atsutsurɔewo be o la, aleke wɔ wòaŋlɔ wò ya be?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Lydekker

Illustrated Natural History

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe