-
Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum Fifia!Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
-
-
2. Aleke nɔnɔmeawo kple amewo ƒe agbenɔnɔ va le tso ƒe 1914 me?
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Nu kae anye wò anyinɔɣi kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” (Mateo 24:3) Esi Yesu nɔ nyaa ŋu ɖom na wo la, egblɔ nu geɖe siwo adzɔ ne yedze dziɖuɖu gɔme le dziƒo le Mawu Fiaɖuƒea me vɔ megbe la ɖi. Nu siawo ƒe ɖewoe nye aʋawɔwɔ, nuɖuɖu ƒe veve, kple anyigbaʋuʋuwo. (Xlẽ Mateo 24:7.) Biblia gblɔe ɖi hã be, ale si amewo anɔ agbe nɔm le “ŋkeke mamlɛawo me” la awɔe be agbea ‘nasesẽ.’ (2 Timoteo 3:1-5) Nyagblɔɖi siawo katã dze emevava gɔme, vevietɔ tso ƒe 1914 me.
3. Nu ka tae nuwo va gblẽ ɖe edzi alea gbegbe tso esime Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme?
Esi Yesu va zu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia megbe kpuie la, ewɔ aʋa kple Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo le dziƒo. Eɖu Satana dzi. Biblia gblɔ be ‘wotsɔ Satana ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe kpe ɖe eŋu.’ (Nyaɖeɖefia 12:9, 10, 12) Eya ta, dzi le Satana kum vevie, elabena enyae be woava tsrɔ̃ ye. Esia tae wòna vevesese kple fukpekpe xɔ anyigba dzi alea gbegbe ɖo. Mewɔ nuku o be nuwo gblẽ ɖe edzi le xexea me alea gbegbe! Mawu Fiaɖuƒea ava ɖe kuxi siawo katã ɖa.
-
-
Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum Fifia!Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
-
-
5. Xexea trɔ kura tso ƒe 1914 me
Yesu gblɔ nu siwo adzɔ le xexea me ne yeva zu Fia la ɖi. Mixlẽ Luka 21:9-11, eye miadzro biabia sia me:
Nudzɔdzɔ siawo dometɔ kawo teƒee nèkpɔ loo alo se nu tsoe?
Apostolo Paulo ɖɔ ale si amewo ƒe nɔnɔme anɔ le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋkeke mamlɛawo me. Mixlẽ 2 Timoteo 3:1-5, eye miadzro biabia sia me:
Nɔnɔme siawo dometɔ kawoe nèdea dzesii le amewo ŋu egbea?
-