Na Woanya Yesu Ŋuti Nyateƒea
1 Kristotɔ amesiamina siwo ŋu woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo kpena ɖo la le ‘dɔ si ɖia ɖase tso Yesu ŋuti’ wɔm. (Nyaɖ. 12:17) Esia nye dɔdasi vevi aɖe, elabena eya koe nye mɔ ɖeka kolia si dzi woate ŋu ato akpɔ xɔxɔ.—Yoh. 17:3; Dɔw. 4:12.
2 ‘Mɔ la, Nyateƒe la, Kple Agbe La’: Yesu gblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yoh. 14:6) Yesu, si nye “mɔ la” dzi koe míate ŋu ato ate ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me ahanɔ ƒomedodo nyui me kple Eyama. (Yoh. 15:16) Yesue nye “nyateƒe la,” si fia be Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖiwo kple woƒe vɔvɔ̃li va eme to eyama dzi. (Yoh. 1:17; Kol. 2:16, 17) Nyateƒee, tameɖoɖo vevi si le nyagblɔɖi vavã ŋue nye be wòana akpa vevi si wɔm Yesu le be Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme la me nakɔ na mí nyuie. (Nyaɖ. 19:10) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesue nye “agbe la.” Ele be mí katã míaxɔ eƒe tafevɔsa la dzi ase hafi agbe mavɔ ƒe yayra nasu mía si.—Yoh. 3:16, 36; Heb. 2:9.
3 Tatɔ Kple Fia si le Dzi Ðum: Ele be amewo nade dzesi dziɖuŋusẽ gã si Yehowa tsɔ de Via si. Woɖo Yesu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fiae—‘eyae amewo katã aɖo to.’ (Mose I, 49:10) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa ɖoe wònye hamea ƒe Ta. (Ef. 1:22, 23) Ehiã be míakpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woade dzesi alesi Yesu le mɔ fiam hamea kple alesi wòle “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” zãm be wòana gbɔgbɔ me ‘nuɖuɖu mí le ɣeyiɣi nyui dzi.’—Mat. 24:45-47.
4 Nunɔlagã Nublanuikpɔla: Esi wònye Yesu to tetekpɔwo kple fukpekpewo me esime wònye amegbetɔ ta la, “ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna.” (Heb. 2:17, 18) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na amegbetɔ madeblibowo be woanya be Yesu sea yewoƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo gɔme eye wòƒoa koko tufafatɔe ɖe yewo ta enye si! (Rom. 8:34) To Yesu ƒe vɔsa kple eƒe Nunɔlagãnyenye dzi la, míate ŋu ‘atsɔ dzideƒo’ ate ɖe Yehowa ŋu be ‘míaxɔ kpekpeɖeŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.’—Heb. 4:15, 16.
5 Neva eme be míaƒe agbagba siwo míadze be míana amewo nanya Yesu ŋuti nyateƒea naʋã wo be woaɖo to Yesu ahasubɔe ɖekae kpli mí.—Yoh. 14:15, 21.