INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Fia Aʋawɔla la Ðu Aʋa Dzi le Harmagedon
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • 22. Aleke Yohanes ƒo nu tso alesi aʋa mamlea wu enu la ŋu kpuie?

      22 Yohanes ƒo alesi aʋa mamlea ayii la ta ale: “Eye mekpɔ lã [wɔadã] la kple anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo ƒo wo ɖokui nu ƒu, be yewoawɔ aʋa kple amesi le sɔ dzi la kple eƒe aʋakɔ la. Eye wolé lã [wɔadã] la kple aʋatsonyagblɔɖila, si wɔ dzesiwo le eƒe ŋku me, esiwo wòtsɔ ble amesiwo xɔ lã [wɔadã] la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba; wotsɔ wo ame eve la siaa ƒu gbe ɖe dzota, si le bibim kple dzokpe la me agbagbe. Eye wotsɔ yi, si do tso amesi le sɔ dzi la ƒe nu me la, wu ame susɔeawo.”—Nyaɖeɖefia 19:19-21.

  • Fia Aʋawɔla la Ðu Aʋa Dzi le Harmagedon
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • 24. (a) Ʋɔnudɔdrɔ̃ kae wohe va lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila la dzi, eye gɔmesese ka nue wogale “agbagbe” le? (b) Nukatae wòle be “dzota” la nanye kpɔɖeŋunu?

      24 Womu lã wɔadã si to ta adre eye dzo ewo le wo dzi, si tsi tre ɖi na Satana ƒe dunyahenuɖoanyia la ƒu anyi, eye aʋatsonyagblɔɖila si nye xexemeŋusẽ adrelia hã yi kplii. (Nyaɖeɖefia 13:1, 11-13; 16:13) Esi wogakpɔtɔ le ‘agbe,’ alo woganɔ dɔ wɔm le woƒe tsitre tsitsi ɖekae ɖe Mawu ƒe ame siwo le anyigba dzi la ŋu me la, wotsɔ wo ƒu gbe ɖe “dzota” la me. Ðe esia nye dzota ŋutɔŋutɔa? Ao, abe alesi lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila hã menye lãwo ŋutɔŋutɔ o ene. Ke boŋ enye kpɔɖeŋu na tsɔtsrɔ̃ keŋkeŋ si nye mamletɔ, si ŋu tɔtrɔgbɔ aɖeke mele o. Afisiae emegbe woatsɔ ku kple Tsiẽƒe, kpakple Abosam ŋutɔ hã aƒu gbe ɖo. (Nyaɖeɖefia 20:10, 14) Menye dzomavɔ alo funyafunya mavɔ wɔwɔ ame vɔ̃ɖiwoe o, elabena teƒe ma tɔgbe ƒe susu ɖeɖe kura nyɔ ŋu na Yehowa.—Yeremya 19:5; 32:35; Yohanes I, 4:8, 16.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe