Dzidzɔkpɔkpɔ Ðe Yehowa Ŋu Togbɔ Be Dodokpɔwo Li Hã
ABE ALESI GEORGE SCIPIO GBLƆE ENE
Le December 1945 me la, nye ameti bliboa tu negbe nye asiwo kple afɔwo ko eye menɔ kɔdzi. Mesusui be ɣeyiɣi kpui aɖe koe manɔ nɔnɔme sia me, gake amewo meka ɖe edzi be magate ŋu azɔ o. Dodokpɔ ka gbegbee nye esi wònye na ƒe 17 vi si me dzo le la! Megbe be nyemalɔ̃ ɖe woƒe nya sia dzi o. Tameɖoɖo geɖe nɔ asinye, eye ɖekae nye be mía kple nye dɔtɔ míazɔ mɔ ayi England le ƒe si kplɔe ɖo me.
ATATUTUDƆ si va gblẽ nu le mía de St. Helena ƒukpoa dzi lae gblẽ nu le nye hã ŋunye. Ewu ame 11 eye ame geɖe zu wɔametɔwo. Esi menɔ abaa dzi la, ɣeyiɣi geɖe su asinye be mebu nye agbenɔƒe kpui la kple nye etsɔme ŋu. Esi menɔ nusiawo ŋu bum la, meva nɔ ekpɔm dze sii be togbɔ be mele fu kpem hã la, susu aɖewo li siwo ta wòle be dzi nadzɔm.
Gɔmedzedze Nyaŋui Aɖe
Esi mexɔ ƒe atɔ̃ le ƒe 1933 me la, fofonye, Tom, si nye kpovitɔ kple osɔfoteƒenɔla le Baptist Ha me la, xɔ agbalẽ babla aɖewo le Yehowa Ðasefo eve gbɔ. Wonye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔlawo, alo mɔɖelawo, amesiwo ɖi tsa va ƒukpoa dzi ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
Agbalẽawo dometɔ ɖekae nye The Harp of God. Fofonye zãe tsɔ srɔ̃ Biblia kple míaƒe ƒomea kpakple ɖetsɔlemetɔ geɖe. Emesese sesẽ, eye eƒe akpa sue aɖe ko gɔmee mesena. Gake meɖo ŋku edzi be medea dzesi ŋɔŋlɔ siwo katã me míedzrona la ɖe nye Biblia me. Eteƒe medidi o fofonye kpɔe dze sii be nusi srɔ̃m míenɔ lae nye nyateƒea eye be eto vovo na mawunya si yegblɔna le Baptist Haa me. Ete egbɔgblɔ na ame bubuwo kple gbaƒãɖeɖee tso nuƒokplɔ̃a ta be Mawuɖekaetɔ̃, dzomavɔ, kple luʋɔ makumaku aɖeke meli o. Esia he nyaʋiʋli va haa me.
Mlɔeba, wona sɔlemeha la va kpe ta bene woakpɔ nyaa gbɔ. Wobia be, “Amekawoe le Baptisttɔwo ƒe akpa dzi?” Ame akpa gãtɔ tsi tre. Nyabiabia si kplɔe ɖoe nye, “Amekawoe le Yehowa ƒe akpa dzi?” Amesiwo tsi tre anɔ 10 alo 12. Wobia tso wo si be woado le haa me.
Aleae subɔsubɔha yeyea dze egɔme sue le St. Helena. Fofonye na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã si le United States nya eye wòbia nuƒomɔ̃ be yeatsɔ anɔ Biblia me nuƒo siwo wolé ɖi la ƒom na amehawo. Wogblɔ nɛ be mɔ̃ la lolo akpa be woaɖo ɖe St. Helena. Ke woɖo agbaƒomɔ̃ si le sue wu la ɖee, eye emegbe la nɔviawo dɔ eve kpee. Wozɔa afɔ eye wodoa tedzi nɔa tsatsam le ƒukpoa dzi godoo tsɔ gbedasia yina na amewo.
Alesi gbedasia nɔ kakamee la, nenema ke tsitretsiɖeŋu hã nɔ dzidzim ɖe edzii. Le míaƒe suku la, ɖeviawo nɔa ha dzim be: “Miva se loo, miva se Tommy Scipio ƒe agbaƒomɔ̃a ɖa!” Dodokpɔ sesẽ aɖee wònye na nye sukuvi si di be nye nu nadze hatinyewo ŋu. Nukae kpe ɖe ŋunye be menɔ te ɖe enu?
Míaƒe ƒome gã la—si me ɖevi ade nɔ la—wɔa ƒome Biblia-nusɔsrɔ̃ edziedzi. Míexlẽa Biblia hã ɖekae ŋdi sia ŋdi hafi ɖua ŋdinu. Ðikeke mele eme o be esia wɔ akpa vevi aɖe ale be wòkpe ɖe míaƒe ƒomea ŋu wòyi edzi wɔ nuteƒe le nyateƒea me ƒe geɖe. Tso ɖevime kee lɔlɔ̃ na Biblia su asinye, eye esi ƒeawo va nɔ yiyim la, ezu numãme nam be maxlẽ Biblia gbesiagbe. (Psalmo 1:1-3) Kaka mado le suku esi mexɔ ƒe 14 la, meli ke le nyateƒea me, eye Yehowa vɔvɔ̃ nɔ nye dzi me. Esia kpe ɖe ŋunye mekpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu togbɔ be dodokpɔ mawo ɖe kpe nam hã.
Dodokpɔ Kple Dzidzɔnya Bubuwo
Esi menɔ dɔbadzi henɔ tame bum tso ɖevimeƒe mawo kple nusiwo etsɔme ahe vɛ nam ŋu la, meva kpɔe dze sii to Biblia sɔsrɔ̃ me be menye dodokpɔ alo tohehe aɖee dɔléle sia nye nam tso Mawu gbɔ o. (Yakobo 1:12, 13) Ke hã, dodokpɔ sesẽ aɖee atatutudɔa nye nam, eye eƒe fuɖename atsi ŋunye le nye agbemeŋkeke mamlɛawo me.
Esi nye lãme va nɔ kakam ɖe eme la, ele be magasrɔ̃ azɔlizɔzɔ ake. Nye abɔmeka aɖewo hã meganɔ dɔ wɔm o. Nyemate ŋu agblɔ zi alesinu medzea anyi gbesiagbe o. Ke hã, to gbedodoɖa madzudzɔmadzudzɔe kple agbagbadzedze geɖe me la, kaka ƒe 1947 naɖo la, mete ŋu nɔ tɔtɔm ɖe ati ŋu.
Le ɣeyiɣi mawo me la, ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Doris, amesi ƒe dzixɔsewo sɔ kple tɔnye la ƒe nu lé dzi nam. Míetsi kura abu srɔ̃ɖeɖe ŋu o, gake edo ŋusẽm be mawɔ ŋgɔyiyi le azɔlizɔzɔ me. Meɖe asi le dɔ si wɔm menɔ hã ŋu elabena fetua mesɔ gbɔ nam matsɔ akpɔ srɔ̃nyɔnu dzii o, eye nye ŋutɔ meɖo aɖudokpɔƒe, eye mewɔ dɔ le afima le ƒe eve siwo kplɔe ɖo me. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1950 me. Ɣemaɣi la, ga su asinye meƒle ʋu vi aɖe. Mate ŋu akɔ nɔviawo yi kpekpewo kple gbeadzi azɔ.
Teokrasi ƒe Dzidziɖedziwo le Ƒukpoa Dzi
Le ƒe 1951 me la, Habɔbɔa dɔ wo teƒenɔla ɖo ɖe mí zi gbãtɔ. Amesia enye Jacobus van Staden, ɖekakpui aɖe si tso South Africa. Ðeko míeʋu yi ɖe aƒe gã aɖe me teti koe enye ma, eyata míete ŋu xɔe ɖe mía ɖokui gbɔ ƒe bliboa. Esi menye ɖokuisidɔwɔla ta la, mía kplii míezãa ɣeyiɣi geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye mexɔ hehe nyui aɖewo tso egbɔ.
Jacobus, si míeyɔna be Koos, wɔ ɖoɖo na hamea ƒe kpekpewo wɔwɔ edziedzi, eye mí katã míedena kple dzidzɔ. Ʋuɖonyawo ɖe fu na mí elabena ʋuvi eve koe li ɖetsɔlemetɔwo katã naɖo. Anyigba mesɔ o eye wònye tonyigba, eye lɔrimɔ nyui ʋee aɖewo koe nɔ anyi ɣemaɣi. Eyata dɔ sesẽe wònye be woakɔ amesiame va kpekpeawo. Ame aɖewo dzea afɔzɔzɔ gɔme ŋdi kanya. Metsɔa ame etɔ̃ ɖe nye ʋuvi la me va ɖina ɖe mɔa dzi. Woɖina heyia azɔlia zɔzɔ dzi. Megbugbɔna gava tsɔa ame etɔ̃ bubu va ɖia wo ɖe mɔa dzi, eye megatrɔna. Amesiame va ɖoa kpekpea mlɔeba to dɔ sia wɔwɔ me. Ne míewu kpekpea nu la, míegakɔa wo nenema ke ale be amesiame ɖoa aƒeme.
Koos fia alesi míaɖi ɖase be woaʋã amewo le gbeadzi hã mí. Nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo kple esiwo menyo tututu o geɖe su mía si. Gake dzidzɔ si míekpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la ƒo dodokpɔ siwo katã amesiwo tsi tre ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu he vɛ la ta. Menɔ dɔ wɔm kple Koos ŋdi aɖe. Esi míenɔ ʋɔtru aɖe nu ɖom la, míese gbeɖiɖi aɖe le xɔa me. Ŋutsu aɖe nɔ Biblia xlẽm sesĩe. Míenɔ Yesaya ta 2 lia me nya siwo míenya nyuie la sem nyuie. Esi wòɖo kpukpui 4 lia la, míeƒo ʋɔa. Enye ame tsitsi xɔlɔ̃wɔla aɖe, amesi kpe mí be míage ɖe eme eye míenɔ te ɖe Yesaya 2:4 dzi ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia me nɛ. Togbɔ be teƒe si wòle yiyi mele bɔbɔe o hã la, míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Ele be míalia togbɛ aɖe, atso tɔsisi sue aɖe si me woɖo kpewo ɖo agalia togbɛ bubu agaɖi abu hafi ayi ɖe eƒe aƒea me. Gake eɖe vi. Ame tsitsi fatu sia xɔ nyateƒea hexɔ nyɔnyrɔ. Be wòate ŋu ayi kpekpeawo la, etɔna ɖe kpo eve ŋu vaa teƒe aɖe si mate ŋu atsɔe ɖe ʋu me ayii. Enye Ðasefo wɔnuteƒe vaseɖe ku me.
Kpovitɔwo ƒe amegã si nɔ dua me tsi tre ɖe míaƒe dɔa ŋu eye egblɔna edziedzi be yeanyã Koos le dua me. Eyɔa Koos zi ɖeka ɣleti ɖesiaɖe biaa gbee. Alesi Koos ɖoa nyawo ŋu nɛ tso Biblia me tẽ la kua dzi nɛ ɖe dzi. Edea se na Koos ɣesiaɣi si wòyɔe be wòadzudzɔ gbeƒãɖeɖe, gake ɖase ko wòɖina nɛ ɣesiaɣi. Esi Koos dzo le St. Helena megbe kura gɔ̃ hã la, egakpɔtɔ tsi tre ɖe dɔa ŋu. Emegbe kpovitɔwo ƒe amegã sia si nye ŋutsu sesẽ dzɔtsu la dze dɔ kpata heɖi ku glãŋ. Ðɔktawo mete ŋu ke ɖe nusi nɔ fu ɖem nɛ ŋu o. Ewɔe be wòdzo le ƒukpoa dzi.
Nyɔnyrɔxɔxɔ Kple Dzidziɖedzi Madzudzɔmadzudzɔe
Esi Koos nɔ ƒukpoa dzi ɣleti etɔ̃ megbe la, ekpɔe be esɔ be woana nyɔnyrɔ amewo. Afisi míakpɔ ta si sɔ nyuie le la nye kuxi. Míeɖoe be miaɖe ʋe gã aɖe, ade siminti eme, eye míadu tsi ɖe eme wòayɔ. Le zã si do ŋgɔ na nyɔnyrɔxɔgbea la, tsi dza eye esi ŋu ke la, dzi dzɔ mí esi míekpɔ be tsi yɔ ʋea banabana.
Koos ye na nyɔnyrɔxɔxɔnuƒoa Kwasiɖagbe ŋdi ma. Esi wòbia tso nyɔnyrɔxɔlawo si be woatsi tre la, mí ame 26 ye tso heɖo nya siwo wobia ŋu. Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míenye Ðasefo gbãtɔ siwo wona nyɔnyrɔe le ƒukpoa dzi. Ŋkeke mae nye gbesigbe dzi dzɔm wu le nye agbe me elabena eɖea fu nam ɣesiaɣi be Harmagedon ava hafi maxɔ nyɔnyrɔ.
Mlɔeba míeɖo hame eve, ɖeka ɖe Levelwood eye ɖeka hã nɔ Jamestown. Mí ame etɔ̃ alo ene zɔa mɔ kilometa 13 kwasiɖa ɖesiaɖe yia hame ɖeka me va kpɔa Teokrasi Subɔsubɔ Suku kple Subɔsubɔ Kpekpe dzi Memleɖagbe fiẽ. Le Kwasiɖagbe ŋdi ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa megbe la, míegbɔna va wɔa kpekpe mawo ke, kpakple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃, le míaƒe hamea me le ɣetrɔ kple fiẽ. Eyata teokrasidɔ siwo me dzidzɔ le lae xɔa míaƒe kwasiɖanuwuwuwo. Edzroam vevie be mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa, gake ƒome nɔ asinye si dzi wòle be makpɔ. Eyata le ƒe 1952 me la, metrɔ yi dziɖuɖudɔ me be mawɔ aɖudɔdala ƒe dɔ ɣeyiɣiawo katã.
Le ƒe 1955 me la, Habɔbɔa teƒenɔla mɔzɔla siwo woyɔna be nutome sue dzikpɔlawo te ƒukpoa sasrãkpɔ ƒe sia ƒe, eye wonɔa aƒenyeme ɣeyiɣi aɖe le woƒe sasrãkpɔa me. Woƒe nuwɔnawo kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe miaƒe ƒomea dzi. Le ɣeyiɣi mawo ke lɔƒo me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye menɔ eme míeɖe Habɔbɔa ƒe sinima etɔ̃awo fia le ƒukpoa dzi godoo.
Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Takpekpe Dodzidzɔname La
Le ƒe 1958 me la, megaɖe asi le dziɖuɖudɔa ŋu bene mate ŋu ade Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Dukɔwo Dome Takpekpe le New York. Takpekpe ma nye wɔna ɖedzesi aɖe le nye agbe me—enye mɔnukpɔkpɔ si nam susu geɖe siwo ta makpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu. Esi tɔdziʋuwo mevaa ƒukpoa dzi edziedzi o ta la, míetsi duta ɣleti atɔ kple afã sɔŋ. Takpekpea xɔ ŋkeke enyi, edzea egɔme ŋdi ga asieke vaseɖe zã ga asieke. Gake ɖeɖi metea ŋunye o, eye meganɔa mɔ kpɔm na ŋkeke si kplɔe ɖo tɔ. Mɔnukpɔkpɔ su asinye menɔ St. Helena teƒe ƒo nu aɖabaƒoƒo eve le takpekpea me. Nuƒoƒo na ameha gã siwo ƒo ƒu ɖe Yankee Stadium kple Polo Grounds ƒoa dzidzi ame ŋutɔ.
Takpekpea na ŋusẽ ɖo menye ɖe tame si meɖo be mawɔ mɔɖeɖedɔa ŋu. Dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Mawu ƒe Fiaɖuƒea le Dzi Ðum—Ðe Xexeame ƒe Nuwuwu Gogoa?” de dzi ƒo nam ale gbegbe. Esi takpekpea wu enu la, míeva srã Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn kpɔ heɖi tsa le agbalẽtaƒea. Megblɔ alesi dɔa le edzi yimee le St. Helena la na Nɔviŋutsu Knorr, amesi nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi. Egblɔ be adzɔ dzi na ye ŋutɔ be gbaɖegbe la, yeasrã ƒukpoa akpɔ. Míetsɔ nuƒo siwo katã míelé ɖe mɔ̃ dzi kpakple takpekpea ŋuti sinimawo gbɔe be míaƒo ahaɖe afia míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo.
Meɖo Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Taɖodzinua Gbɔ
Esi metrɔ gbɔ la, wogatrɔ dɔ xoxo si mewɔna la nam le esi aɖudɔdala aɖeke menɔ ƒukpoa dzi o ta. Gake mena wonya be ɖe medi be mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Le numedzodzro geɖe megbe la, wolɔ̃ nam be mawɔ dɔ ŋkeke etɔ̃ le kwasiɖa me, gake woaxe fe si sɔ gbɔ wu esi woxena nam esime menɔ dɔ wɔm ŋkeke ade le kwasiɖa me. Yesu ƒe nya siawo va eme: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:33) Nye afɔ beliwo dzi zɔzɔ ato ƒukpoa ƒe tonyigbaawo dzi menɔ bɔbɔe nam o. Ke hã, mewɔ mɔɖeɖedɔa ƒe 14 sɔŋ eye mete ŋu kpe ɖe hanyevi ƒukpoadzinɔla geɖe ŋu be wosrɔ̃ nyateƒea—enye nusita makpɔ dzidzɔ geɖe ɖo vavã.
Le ƒe 1961 me la, dziɖuɖua di be yeaɖom ɖe Fiji Ƒukpo dzi ne mava xɔ hehe ƒe eve femaxee bene mava zu aɖudɔdala bibi. Wogblɔ be yewoana nye ƒomea nayi kplim gɔ̃ hã. Nunana sia nye ametetekpɔ, gake esi mebu eŋu nyuie vɔ la, megbe. Nyemedi be magblẽ nɔviawo ɖi ɣeyiɣi didi ma gbegbe aɖe asi le mɔnukpɔkpɔ si wònye be mía kple wo míasubɔ ŋu o. Nya la ku dzi na atikewɔlawo ƒe amegã si wɔ ɖoɖo ɖe mɔzɔzɔa ŋu vevie. Egblɔ nam be: “Ne èsusu be nuwuwua gogo nenema gbegbe hã la, àte ŋu azã ga si nàkpɔ la vaseɖe ɣemaɣi.” Gake nyemena ta o.
Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wokpem be mava de Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku, si nye hamemegãwo ƒe hehexɔsuku si xɔa ɣleti ɖeka, le South Africa. Nufiame xɔasi siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe hamea me dɔdasiwo gbɔ nyuie ye wona mí. Le sukua dede vɔ megbe la, megaxɔ hehe bubu esi mezɔ kple dzikpɔla mɔzɔla. Emegbe meva zu nutome sue dzikpɔla teƒenɔla hesubɔ hame eve siwo nɔ St. Helena ƒe ewo sɔŋ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nɔviŋutsu bubu siwo dze la va sɔ gbɔ, eye míava nɔ mía nɔewo ɖɔ lim.
Gake míeʋu le ɣeyiɣi mawo me tso Jamestown yi Levelwood, afisi hiahiãa lolo le wu eye míenɔ afima ƒe ewo sɔŋ. Le ɣeyiɣi sia me la, menɔ hloloe tsom wu gbɔgblɔ—menɔ mɔɖeɖedɔa wɔm, mewɔa dziɖuɖudɔ ŋkeke etɔ̃ le kwasiɖaa me, eye meganɔ nu kpotokpotoewo dzram le fiase sue aɖe me. Gakpe ɖe eŋu la, menɔ hamea ƒe nyawo gbɔ kpɔm eye mía kple srɔ̃nye míenɔ ɖevi ene siwo nɔ tsitsim hã dzi kpɔm. Be mate ŋu anɔ te ɖe enu la, meɖe asi le ŋkeke etɔ̃ dɔa ŋu, dzra fiasea, hekplɔ ƒome bliboa katã yi mɔkekee ɣleti etɔ̃ le Cape Town, South Africa. Emegbe míeʋu yi Ascension Ƒukpo dzi eye míenɔ afima ƒe ɖeka. Le ɣeyiɣi mawo me la, míete ŋu kpe ɖe ame geɖe ŋu be Biblia me sidzedze vavãtɔ su wo si.
Esi míetrɔ gbɔ va St. Helena la, míegbugbɔ ʋu yi Jamestown. Míedzra aƒe aɖe si tsiã ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ŋu ɖo. Be míate ŋu akpɔ míaƒe ŋutilãmenuwo gbɔ la, mía kple vinyeŋutsu John míetrɔ Ford-ʋu si wotsɔna tsɔa agbae la wɔ ice-cream-dzraʋui, eye míedzra ice-cream ƒe atɔ̃ si kplɔe ɖo. Esi míedze edzadzra gɔme eteƒe medidi o la, medze afɔku kple ʋua. Ʋua mu hedze nye afɔwo dzi. Ewɔe be nye afɔwo ku tso klo nu yi anyi, eye exɔ ɣleti etɔ̃ hafi ŋusẽ gaɖo ŋunye.
Yayra Gbogbo Siwo Va Yi Kple Esiwo Gagbɔna
Míekpɔ yayra geɖe le ƒe siwo va yi me—wonye susu bubu siwo ta wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo. Esiawo dometɔ ɖekae nye mɔ si míezɔ yi South Africa hena takpekpe gã si wowɔ le dukɔa me le ƒe 1985 me kpakple Betel yeye si tum wonɔ la hã sasrãkpɔ. Bubue nye kpekpeɖeŋu sue si mena, hekpe ɖe vinyeŋutsu John ŋu, be wotu Takpexɔ dzeani aɖe si te ɖe Jamestown ŋu. Eganye dzidzɔ na mí be mía vi ŋutsu etɔ̃ nye hamemegãwo, eye tɔgbuiyɔvinye ɖeka le subɔsubɔm le South Africa ƒe Betel. Eye míekpɔ dzidzɔ kple dzidzeme geɖe be míekpe ɖe ame geɖe ŋu Biblia me sidzedze vavãtɔ su wo si.
Anyigbamamã si me míewɔa subɔsubɔdɔa le la le sue, eye amesiwo anɔ 5,000 koe le eme. Ke hã, dɔwɔwɔ edziedzi le anyigbamamã sia ke me tse ku nyui geɖe. Ame ʋee aɖewo koe wɔa amemabunu ɖe mía ŋu. St. Helena xɔ ŋkɔ le alesi amewo kɔa mo na amee ta, eye amewo ado gbe na wò le afisiafi si nàyi—eɖanye afɔ zɔm nèle le mɔ dzi loo alo wò ŋutɔ wò ʋu kum nèle o. Nusi mekpɔ enye be ne ènya amewo nyuie ko la, ɖaseɖiɖi na wo nɔa bɔbɔe. Gbeƒãɖela 150 ye le mía si fifia, togbɔ be geɖe ʋu yi ƒu godo hã.
Le srɔ̃ɖeɖe ƒe 48 megbe esi mía viwo tsi heʋu dzo le mía gbɔ ta la, mía kple srɔ̃nye ɖeɖekoe gava li. Eƒe lɔlɔ̃ kple alɔdodom nuteƒewɔwɔtɔe le ƒeawo me kpe ɖe ŋunye be mete ŋu yi edzi le Yehowa subɔm kple dzidzɔ togbɔ be dodokpɔwo li hã. Ŋusẽ le vɔvɔm le mía ŋu, ke hã wole míaƒe gbɔgbɔmeŋusẽ ya wɔm yeyee gbesiagbe. (Korintotɔwo II, 4:16) Mía kple nye ƒomea kpakple xɔlɔ̃wo siaa míele mɔ kpɔm na etsɔme wɔnuku si me woagbugbɔ aɖɔ nye ametia ɖo wòanyo ɖe edzi wu alesi menɔ esime mexɔ ƒe 17 kura gɔ̃ hã. Nusi dzroam vevie koŋue nye blibodede me nɔnɔ le goawo katã me eye, ƒo ɖesiaɖe ta la, be masubɔ Yehowa, mía Mawu lɔlɔ̃tɔ si léa be na ame, kpakple Yesu Kristo, eƒe Fia si le dzi ɖum la tegbee.—Nexemya 8:10.
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
George Scipio kple viaŋutsu etɔ̃ siwo nye hamemegãwo
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
George Scipio kple srɔ̃a Doris