INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Gbɔgbɔmenutowo—Ame Kawoe Le Afi Ma?
    Gbetakpɔxɔ—2010 | December 1
    • Gbɔgbɔmenutowo—Ame Kawoe Le Afi Ma?

      Le Europa la, nyɔnu tsitsi aɖe lé rosario ɖe asi ge ɖe gbedoxɔ me hedze klo bubutɔe ɖe Maria ƒe kpetata ŋkume. Le Afrika la, ƒome aɖe yi ɖaƒo aha ɖi le woƒe ƒometɔ aɖe si ŋu wodea bubui la ƒe yɔdo dzi. Le nuto si woyɔna be Americas me la, ɖekakpui aɖe tsi nu dɔ heyi ŋugble me ʋĩi kple susu be yeate ŋu aƒo nu kple mawudɔla si wòsusu be eyae kpɔa ye ta la. Le Asia la, nunɔla aɖe le dzo tɔm nu siwo le abe pepa kakɛwo ene siwo le amadede vovovowo me la na tɔgbui kukuwo.

      NU KAE ɖe dzesi le ame siawo katã ŋu? Wo katã woxɔe se be ame aɖewo le gbɔgbɔmenutowo me siwo yewoate ŋu ado ka kple, eye woxɔe se be ŋutete le wo si be woakpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amegbetɔwo ƒe agbe dzi. Le nyateƒe me la, mewɔ nuku be dzixɔse sia le amewo si o, eye menye nu yeyee hã o. Nu si wɔ nukue nye ale si susu vovovo siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la le amewo si ku ɖe ame siwo le gbɔgbɔmenutowo me la ŋu.

      Moslemtɔwo subɔa Mawu ɖeka, si nye Allah.a Ame siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la dometɔ geɖe gblɔna be Mawuɖekaetɔ̃e Mawu nye, si fia be Mawu Fofo la, Mawu Vi la, kple Mawu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo ƒu wɔ Mawu ɖeka. Hindutɔwo xɔe se be mawu kple mawunɔ siwo wu akpe ɖeka ye li. Ame bubuwo hã xɔe se be gbɔgbɔwo nɔa lã, ati, agakpe, kple tɔsisi aɖewo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woƒoa nu tso mawudɔlawo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo, ŋɔliwo kple gbetsi vɔ̃wo, mawuwo kple mawunɔwo ŋu le agbalẽ, video, kple television dzi wɔna gbogbo aɖewo me, eye nu siawo kpɔa ŋusẽ ɖe ame bubuwo hã dzi.

      Ale si ko susu vovovo siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu le amewo si ku ɖe mawuwo ŋu la, nenema kee susu vovovo siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu ye le amewo si ku ɖe ale si woawɔ ate ɖe mawu siawo ŋui la ŋu. Nuwo ŋu bubu nyuie ana míakpɔe be mɔ vovovoawo dometɔ ɖe sia ɖe mate ŋu anye nyuitɔ o. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Hafi míaƒo ka na ame aɖe la, ele be míanya ame si míele kaa ƒom na, eye míaka ɖe edzi be amea li ŋutɔŋutɔ, eye be alɔ̃ aɖo to mí. Ne míele agbagba dzem be míaƒo nu kple ame aɖe si míesusu be eli evɔ meli hafi o la, dzodzroe. Nu si me afɔku anɔ wu ye nye be míado ka kple ame bubu si wɔ eɖokui abe ame si míedi be míado ka kplii la ene.

      Eya ta nya si míabiae nye be ame kawo tututue le gbɔgbɔmenutowo me? Menye ɖeko Biblia ɖo nya sia ŋu na mí o, ke eƒo nu tso ame si wòle be míaƒo nu kplii kple ale si míakpɔ mɔ be wòaɖo eŋu na mí la hã ŋu. Ne èyi nuxexlẽa dzi la, ɖewohĩ ale si Biblia ɖe nya sia mee la awɔ nuku na wò.

      [Etenuŋɔŋlɔ]

      a Menye ŋkɔe “Allah” nye o, egɔme koe nye “Mawu.”

  • Nu Si Ŋutegawo Ðe Fia Le Gbɔgbɔmenutowo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ—2010 | December 1
    • Nu Si Ŋutegawo Ðe Fia Le Gbɔgbɔmenutowo Ŋu

      NE ÈWU mo dzi kpɔ dziƒo ʋuu keke hã la, màkpɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖeke o. Ne èƒu wò to anyi hã, màse wo dometɔ aɖeke ŋkɔ o. Ke hã, ɖewohĩ èka ɖe edzi be gbɔgbɔwo li. Woƒe nunya de ŋgɔ, wotri akɔ, ŋkɔ le wo dometɔ ɖe sia ɖe si, eye woƒe nɔnɔmewo le vovovo. Wo dometɔ aɖewo wɔa nyui na mí; eye bubuwo hã dina be yewoawɔ nuvevi mí. Wo katã woƒe ŋkuwo le mía ŋu.

      Gbɔgbɔe Mawu vavã la ŋutɔ hã nye. (Yohanes 4:24) Ŋkɔ tɔxɛ le esi, eye ŋkɔ sia na wòɖe ɖe vovo tso alakpamawu gbogbo siwo li la gbɔ. Eŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:19) Hakpalaa dzi ha be: “Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu ƒo mawuwo katã ta. Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye nu dzodzrowo; ke Yehowa ye wɔ dziƒo. Gãnyenye kple ŋutikɔkɔe le eŋku me, ŋusẽ kple atsyɔ̃ le eƒe kɔkɔeƒe la.”—Psalmo 96:4-6.

      Mawu Vavã La Ŋuti Ŋutegawo

      Biblia gblɔ be: “Ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o.” (Yohanes 1:18) Abe ale si ko ame si wodzi ŋkunɔ mate ŋu ase nu si amadede nye o gɔme ene la, nenema kee Mawu ƒe dzedzeme kple atsyɔ̃ gɔme manya se na mí o. Gake abe ale si ko nufiala nyui ate ŋu azã nu siwo eƒe sukuviwo nya nyuie la atsɔ aɖe nane si gɔme sese sesẽ me na wo ene la, nenema kee Mawu hã to eƒe Nya Biblia dzi zã nu siwo míate ŋu akpɔ la tsɔ ɖe nu siwo míate ŋu akpɔ o la me na mí. Yehowa to eƒe gbɔgbɔa dzi na esubɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema la kpɔ ŋutega siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si dziƒonutowo me le la le susu me, eye be míase ƒomedodo si le mía kple ame siwo le afi ma dome la gɔme.

      Le kpɔɖeŋu me, le ŋutega aɖe si woɖe fia nyagblɔɖila Ezekiel me la, wotsɔ dzo, keklẽ, safir-kpe, kple anyieʋɔ ɖɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe. Le ŋutega bubu me la, apostolo Yohanes kpɔ Yehowa Mawu wònɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi, eye wògblɔ be eƒe “nɔnɔme le abe yaspis kpe kple kpe xɔasi dzĩ aɖe ene,” eye wògagblɔ kpee be “anyieʋɔ aɖe si ƒe nɔnɔme le abe emerald kpe ene la ƒo xlã fiazikpui la.” Ale si woɖɔ Yehowa le mɔ siawo nu la na míekpɔe be eƒe dzedzeme tɔgbi aɖeke megali o, eƒe atsyɔ̃, nyonyo, kple anidzedze teƒe mekɔ o.—Nyaɖeɖefia 4:2, 3; Ezekiel 1:26-28.

      Nyagblɔɖila Daniel hã kpɔ Yehowa le ŋutega me “[mawudɔla] akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe [Egbɔ].” (Daniel 7:10) Ðe nu sia teƒe kpɔkpɔ mawɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ oa? Be woakpɔ mawudɔla ɖeka ko le ŋutega me gɔ̃ hã awɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ, ʋuu keke wòahanye be woakpɔ mawudɔla deblibo akpe teƒe akpewo!

      Woƒo nu tso mawudɔlawo ŋu wòde zi 400 kloe le Biblia me, eye ɖoƒewo le wo si keŋ, ɖewo nye kerubiwo, eye bubuwo hã nye serafiwo. Le Helagbe kple Hebrigbea siaa me la, nya si gɔme woɖe be “mawudɔla” le Biblia me la fia “dɔla.” Eya ta mawudɔlawo ƒoa nu kple wo nɔewo, eye woƒo nu kple amegbetɔwo hã le blemaɣeyiɣiwo me. Menye amegbetɔ siwo nɔ agbe le anyigba dzi kpɔe mawudɔlawo nye o. Yehowa wɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo xoxoxo hafi va wɔ amegbetɔwo.—Hiob 38:4-7.

      Le ŋutega si Daniel kpɔ me la, mawudɔla akpeakpeawo va kpe ta be yewoakpɔ wɔna vevi aɖe teƒe. Eyome Daniel kpɔ ‘ame aɖe si le abe amegbetɔvi ene’ te ɖe Yehowa ƒe fiazikpuia ŋu bene woatsɔ ‘bubu kple dziɖuɖu anae, ne dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo nasubɔe.’ (Daniel 7:13, 14) ‘Amegbetɔvi’ sia, si wɔa akpa vevi aɖe ŋutɔ le gbɔgbɔmenutowo me lae nye Yesu Kristo, si wofɔ ɖe tsitre, ame si wona ŋusẽe be wòaɖu anyigba bliboa dzi. Eteƒe madidi o, eƒe dziɖuɖu ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe, eye wòaɖe dɔléle, blanuiléle, ameteteɖeanyi, hiãkame, kple ku gɔ̃ hã ɖa tegbee.—Daniel 2:44.

      Ðikeke mele eme o be esi woɖo Yesu zi dzi la, mawudɔla wɔnuteƒe akpeakpeawo, siwo tsɔ ɖe le eme na amegbetɔƒomea la, kpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Gake nublanuitɔe la, menye gbɔgbɔmenuwɔwɔwo katãe se le wo ɖokui me nenema o.

      Wonye Mawu Kple Amegbetɔwo Siaa Ƒe Futɔwo

      Tso keke esime wowɔ amegbetɔwo ke la, mawudɔlawo dometɔ ɖeka, si di vevie be woasubɔ ye la dze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye wòwɔ eɖokui Satana, si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula.” Satana, si nye ame vɔ̃ɖitɔ kekeake la, tsi tsitre ɖe Yehowa, amelɔ̃la gãtɔ kekeake la, ŋu vevie. Mawudɔla bubuwo wɔ ɖeka kple Satana wodze aglã ɖe Mawu ŋu. Biblia yɔ wo be gbɔgbɔ vɔ̃wo. Abe Satana ke ene la, gbɔgbɔ vɔ̃awo hã wɔ wo ɖokuiwo amegbetɔwo ƒe futɔ vɔ̃ɖiwo. Gbɔgbɔ vɔ̃ siawoe le megbe na nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, dɔléle, hiãkame, aʋawɔwɔ, kple fu siwo katã kpem amegbetɔƒomea le la.

      Togbɔ be subɔsubɔha siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la dometɔ geɖe megalɔ̃a nuƒoƒo tso Satana ŋu abe tsã ene o hã la, Biblia gbalẽ si nye Hiob gblɔ ame si ƒomevi mawudɔla dzeaglã sia nye kple susu vɔ̃ siwo le esi la ŋu nya na mí. Egblɔ be: “Eye wòva me gbe ɖeka be, esi mawuviwo va tsi tre ɖe Yehowa ŋku me la, Satana hã le wo dome va.” Le dzeɖoɖo si kplɔe ɖo me la, Satana tso Hiob nu le Mawu ŋkume amemabumabutɔe be esi Mawu yra Hiob ta koe wòsubɔnɛ ɖo. Esi Satana di be yeaɖo kpe yeƒe amenutsonyawo dzi ta la, ehe fuwɔame geɖe va Hiob dzi, ena eƒe lãhawo tsrɔ̃, eye wòwu via ewoawo katã. Ema yome la, ena ƒoƒoe vɔ̃ɖi ƒo Hiob ŋuti katã. Nu siwo katã Satana he va Hiob dzi la mete ŋu ɖo kpe eƒe nyaa dzi o.—Hiob 1:6-19; 2:7.

      Susu nyui aɖewo tae Yehowa ɖe mɔ Satana li ɣeyiɣi didi sia gbegbe ɖo, gake manɔ alea tegbee o. Eteƒe madidi o, woabu mo na Abosam. Woɖe afɔ gbãtɔ siwo hiã be woaɖe Satana ɖa la vɔ xoxo, eye woƒo nu tso eŋu le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me, afi si woɖe nuwo me nyuie le ku ɖe nu vevi bubu aɖe si dzɔ le gbɔgbɔmenutowo me si ŋu nya anye ne míanya naneke le hafi o. Wogblɔ le afi ma be: “Aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael [Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre] kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la [si nye Satana], eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la, gake meɖu dzi o, eye womegakpɔ teƒe aɖeke hã na wo le dziƒo o. Eya ta wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana, ame si le anyigba dzi nɔlawo katã blem la, ƒu gbe; wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe kpe ɖe eŋu.”—Nyaɖeɖefia 12:7-9.

      De dzesii be wogblɔ le Satana ŋu be ele “anyigba dzi nɔlawo katã blem.” Eto subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo dzi le amewo blem be woatrɔ ɖa le Yehowa kple eƒe Nya la yome. Alakpanya si wòzãna la dometɔ ɖekae nye be ame sia ame si ku la yina ɖe gbɔgbɔmenutowo me. Eye subɔsubɔhawo doa dzixɔse sia ɖe ŋgɔ le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, le Afrika kple Asia la, woxɔe se be ne ame ku la, eyina ɖanɔa gbɔgbɔmenuto si me tɔgbui kukuwo le la me. Wotu ŋutiklɔdzo kple dzomavɔ ƒe nufiafia la hã ɖe dzixɔse si nye be amewo yia edzi nɔa agbe le ku megbe la dzi.

      Ne Ame Ku La, Ðe Wòyia Dziƒoa?

      Ke ɖe nufiafia si ame miliɔn geɖe xɔ se le xexea me godoo, si nye be ame nyuiwo katã yia dziƒo la, nye nyateƒea? Enye nyateƒe be ame nyui aɖewo ayi afi ma ya, gake woƒe xexlẽme le sue ne wotsɔ wo sɔ kple ame biliɔn geɖe siwo ku la. Biblia na míenya be ‘woaƒle’ ame 144,000 “tso anyigba dzi,” woanye “nunɔlawo,” eye “woaɖu fia ɖe anyigba la dzi.” (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 3) Ame siawo kple Yesu Kristo, si nye Amegbetɔvi la woe anye dziƒodziɖuɖu, si nye Mawu Fiaɖuƒe la. Dziɖuɖu ma atsrɔ̃ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo, eye wòana anyigba natrɔ azu paradiso. Mɔkpɔkpɔ asu ame siwo woafɔ ɖe tsitre la dometɔ akpa gãtɔ si be woava nɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi.—Luka 23:43.

      Eya ta míaƒo nya bliboa ta ale: Ame akpeakpewo le gbɔgbɔmenutowo me. Yehowa Mawu, ame si nye nu gbagbewo katã Wɔla lae, ƒo wo katã ta. Mawudɔla wɔnuteƒe akpe teƒe akpewo le esubɔm. Mawudɔla bubuwo, siwo Satana xɔ ŋgɔ na la, dze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye wole dɔ dzi le amegbetɔwo blem. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, “woƒle” alo tia ame ʋɛ aɖewo tso anyigba dzi hena dɔ tɔxɛ aɖewo wɔwɔ le dziƒo. Esi nya siawo le susu me na mí la, azɔ na míadzro nu me ku ɖe ame si míate ŋu ado ka kple le gbɔgbɔmenutowo me, kple mɔ si dzi wòle be míato awɔ esia la ŋu.

  • Kadodo Kple Ame Siwo Le Gbɔgbɔ Me Nutowo Me
    Gbetakpɔxɔ—2010 | December 1
    • Kadodo Kple Ame Siwo Le Gbɔgbɔ Me Nutowo Me

      MAWU ŊUSẼKATÃTƆ la de dɔ aɖewo asi na gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, etsɔ anyigba dzi ɖuɖu ƒe dɔa de asi na Yesu Kristo, eye wòtsɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia dzi kpɔkpɔ ƒe dɔa de asi na mawudɔla wɔnuteƒewo. (Nyaɖeɖefia 14:6) Ke metsɔ gbedodoɖawo sese ya de asi na ame bubu aɖeke o. Mawu ɖeka hɔ̃ɔ koe míaƒe gbedodoɖawo yina na, eye esɔ nenema hã.

      Yehowa ye nye ame si ‘Ðoa to gbedodoɖa.’ (Psalmo 65:3) Esea míaƒe gbedodoɖawo, eye wòɖoa wo ŋu. Apostolo Yohanes ŋlɔ ku ɖe gbedodoɖa ŋu na ehati Yehowa subɔlawo be: “Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple [Mawu ƒe] lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí. Azɔ hã, ne míenya be eɖoa to mí le nu sia nu si biam míele me la, ekema míenya be míakpɔ nu siwo míebiae la, elabena esie míebia wo le.”—1 Yohanes 5:14, 15.

      Mawudɔla wɔnuteƒeawo medi be míadze agbagba be míado ka kpli yewo alo ado gbe ɖa na yewo o. Wose ɖoɖo si Mawu wɔ ɖe gbedodoɖawo sese ŋu la gɔme hewɔna ɖe edzi, eye Mawu zãa wo ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã le gbedodoɖawo ŋu ɖoɖo me. Le mɔ ka nu? Le kpɔɖeŋu me, esi nyagblɔɖila Daniel do gbe ɖa na Yehowa tso Yerusalem ƒe aƒedozuzu ŋu la, Mawu dɔ mawudɔla Gabriel ɖa wòtsɔ gbedeasi dedziƒoname aɖe vae nɛ tsɔ ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ.—Daniel 9:3, 20-22.

      Ðe Gbedeasiawo Tso Kukuawo Gbɔa?

      Ðe wòle be míate kpɔ be míana kadodo nanɔ mía kple kukuawo domea? Ŋutinya geɖe li ku ɖe dze siwo amewo ɖo kple ame siwo wosusu be wonye ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le Ireland la, ŋɔliyɔla aɖe va nyɔnu aɖe gbɔ va gblɔ nɛ be le zã si va yi me la, yeɖo dze kple Fred, si nye nyɔnua srɔ̃, ke hã nyɔnua medze si amea le afi aɖeke o. Evɔ Fred ku kwasiɖa ʋɛ aɖewo do ŋgɔ. Ŋɔliyɔlaa gblɔ nya siwo wòbe Fred gblɔ na ye la na Fred srɔ̃, evɔ Fred srɔ̃ susui be ye koe nya nya mawo hafi. Anya nɔ bɔbɔe ŋutɔ nɛ be wòaƒo nya ta be Fred gale agbe le gbɔgbɔmenutowo me, eye wòle agbagba dzem be yeana kadodo nanɔ yewo dome to amea dzi. Ke hã, nyataƒoƒo ma mawɔ ɖeka kple nya si Biblia gblɔ eme kɔ nyuie ku ɖe nɔnɔme si ame kukuwo le ŋu la kura o.—Kpɔ aɖaka si le ete.

      Ekema aleke míase nudzɔdzɔ mawo ƒomevi gɔme? Mɔ aɖe si dzi gbɔgbɔ vɔ̃wo tona be yewoable amewoe nye be woawɔ wo ɖokui abe ame si ku la ene, abe ale si wònɔ le Fred gome ene. Nu ka tae wowɔa nu sia? Be woatrɔ amewo ƒe susu ɖa tso Biblia ƒe nufiafiawo gbɔ, eye woana be amewo nagaxɔ Yehowa dzi ase ahaka ɖe edzi o. Ðikeke mele eme o be Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo blem to “ŋusẽdɔwɔwɔ kple amebeble ƒe dzesiwo kple nukunuwo, kpakple madzɔmadzɔnyenye ƒe beble ɖe sia ɖe me, . . . na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la” dzi.—2 Tesalonikatɔwo 2:9, 10.

      Ɛ̃, ŋɔliyɔlawo kple ame bubu siwo hã yɔa gbɔgbɔwo la ka ɖe dzi vevie be yewole kadodo me kple kukuawo. Gake le nyateƒe me la, ne wole kadodo me kple ame aɖewo gɔ̃ hã la, wonye gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Nenema kee ame aɖewo li siwo xɔe se be Mawu ye yewole ta dem agu na, gake mele nenema hafi o. Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ nuxlɔ̃amenya vevi sia bena: “Nu siwo dukɔwo tsɔ saa vɔe la, gbɔgbɔ vɔ̃woe wotsɔa wo saa vɔe na, ke menye na Mawu o.”—1 Korintotɔwo 10:20, 21.

      Nu ka tae míadi be míado gbe ɖa na ame bubu aɖe evɔ míenya be míate ŋu ado gbe ɖa na Ŋusẽkatãtɔ la, si lɔ̃ mí heléa be na mí la? Gawu la, Biblia gblɔ nya siawo tsɔ de dzi ƒo na mí be: “Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.”—2 Kronika 16:9.

      [Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 8, 9]

      Nu ka tae míadi be míado gbe ɖa na ame bubu aɖe evɔ míenya be míate ŋu ado gbe ɖa na Ŋusẽkatãtɔ la, si lɔ̃ mí heléa be na mí la?

      [Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

      Nyateƒe Kple Nyakpakpa

      NYATEƑE: AME ŊUTƆŊUTƆE SATANA NYE

      “Satana ŋutɔ yia edzi trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.”—2 Korintotɔwo 11:14.

      “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ. Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem ene, eye wòle ame dim be yeami.” —1 Petro 5:8.

      “Ame si yia edzi wɔa nu vɔ̃ la tso Abosam me, elabena tso gɔmedzedzea me kee Abosam le nu vɔ̃ wɔwɔ dzi.”—1 Yohanes 3:8.

      “Eya ŋuti Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; gake mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ.”—Yakobo 4:7.

      “Amewulae ame ma [Abosam] nye tso gɔmedzedzea me, eye meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.” —Yohanes 8:44.

      NYAKPAKPA: AME SIA AME SI KU LA YIA GBƆGBƆMENUTOWO ME

      “Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, va se ɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!”—1 Mose 3:19.

      “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.”—Nyagblɔla 9:5.

      “Nu sia nu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afi si yi ge nala o.”—Nyagblɔla 9:10.

      “Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.”—Psalmo 146:4.

      NYATEƑE: MAWUDƆLA WƆNUTEƑEWO TSƆ ÐE LE EME NA MÍ

      “Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.”—Psalmo 34:8; 91:11.

      “Alo menye gbɔgbɔwoe [mawudɔlawo] katã wonye hena dutoƒo subɔsubɔdɔ wɔwɔ, eye wodɔa wo ɖa be woawɔ subɔsubɔdɔ na ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ dome oa?”—Hebritɔwo 1:14.

      “Mekpɔ mawudɔla bubu aɖe wònɔ dzodzom le dziƒo titina, eye nya nyui mavɔ aɖe le esi, be wòagblɔ wòanye dzidzɔnya na ame siwo le anyigba dzi, kple dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple ame ɖe sia ɖe ƒomevi, eye wòtsɔ gbe gã aɖe nɔ gbɔgblɔm be: ‘Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ.’”—Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

      NYAKPAKPA: YESU SƆ KPLE MAWU

      “Medi be mianya be ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo la; eye nyɔnu hã ƒe tae nye ŋutsu; ke Kristo la hã ƒe tae nye Mawu.”—1 Korintotɔwo 11:3.

      “Ne wotsɔ nuwo katã de ete vɔ la, ekema Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade Ame si tsɔ nuwo katã de ete la te, bene Mawu nanye nuwo katã na ame sia ame.”—1 Korintotɔwo 15:28.

      “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Vi la mate ŋu awɔ nu ɖeka pɛ hã le eɖokui si o, negbe nu siwo wòkpɔ Fofo la wòle wɔwɔm la ko.”—Yohanes 5:19.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe