-
Ʋɔnudrɔ̃gbe La—Nukae Wònye?Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
-
-
ɣeyiɣia me hã dzi. Eyata nusi amesiame awɔ ɣemaɣi le Ʋɔnudrɔ̃gbea dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnui.
Ʋɔnudrɔ̃gbea ana mɔnukpɔkpɔ ame biliɔn geɖe be woasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu zi gbãtɔ ahawɔ ɖe edzi. Esia fia be nufiafiadɔ gã aɖe ayi edzi ɣemaɣi. Nyateƒee, “xexeametɔwo [asrɔ̃] dzɔdzɔenyenye.” (Yesaya 26:9) Gake menye amesiamee adi be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o. Yesaya 26:10 gblɔ be: ‘Ne wove ame vɔ̃ɖi nu la, masrɔ̃ dzɔdzɔenyenye o, ke boŋ awɔ nu vɔ̃ɖi le anyigba dzɔdzɔe dzi, eye malé ŋku ɖe Yehowa ƒe gãnyenye ŋu o.’ Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi siawo ɖikaa le Ʋɔnudrɔ̃gbea.—Yesaya 65:20.
Ne Ʋɔnudrɔ̃gbea wu enu la, amesiwo tsi agbe la ‘agbɔ agbe’ ŋutɔŋutɔ azu ame deblibowo. (Nyaɖeɖefia 20:5) Eyata Ʋɔnudrɔ̃gbea ana ameƒomea nagaɖo blibodede si me wònɔ le gɔmedzedzea me gbɔ ake. (Korintotɔwo I, 15:24-28) Azɔ woawɔ dodokpɔ mamlɛ aɖe. Woaɖe Satana tso aʋli me eye woaɖe mɔ nɛ be wòadze agbagba be yeable ameƒomea zi mamlɛtɔ. (Nyaɖeɖefia 20:3, 7-10) Amesiwo tsi tre ɖe eŋu la akpɔ Biblia ƒe ŋugbedodo sia me vava teƒe bliboe, be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Ẽ, yayrae Ʋɔnudrɔ̃gbea anye na ameƒomea me tɔ wɔnuteƒewo!
-
-
1914—Ƒe Ðedzesi Aɖee Wònye le Biblia ƒe Nyagblɔɖi MeNuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
-
-
MEGBENYAWO
1914—Ƒe Ðedzesi Aɖee Wònye le Biblia ƒe Nyagblɔɖi Me
BIBLIA nusrɔ̃viwo ɖe gbeƒã ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na ƒe 1914 be nu ɖedzesi aɖewo adzɔ le ƒe ma me. Nudzɔdzɔ kawoe, eye kpeɖodzi kawoe li be ƒe 1914 nye ƒe vevi aɖe?
Abe alesi wòdze le Luka 21:24 ene la, Yesu gblɔ be: “Trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi [dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi, NW] la nu.” Yerusalem ye nye Yuda-dukɔa ƒe fiadu—afimae Fia Dawid ƒe fiaƒomea me tɔ siwo nɔ zia dzi la ƒe fiaɖuƒe nɔ. (Psalmo 48:2, 3) Gake fia siawo to vovo tso dukɔwo ƒe fiawo gbɔ. Esi wonye Mawu ŋutɔ teƒenɔlawo ta la, wonɔ “Yehowa ƒe fiazikpui” dzi. (Kronika I, 29:23) Eyata Yerusalem nye kpɔɖeŋu na Yehowa ƒe dziɖulanyenye.
Gake aleke wòva dzɔe be ‘trɔ̃subɔlawo tu afɔ’ Mawu ƒe dziɖuɖu dzi, eye ɣekaɣie nusia dzɔ? Ƒe 607 D.M.Ŋ. mee esia dzɔ esime Babilontɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem. Ame aɖeke meganɔ “Yehowa ƒe fiazikpui” la dzi o, eye fia siwo tso Dawid ƒe ƒomea me nu tso. (Fiawo II, 25:1-26) Ðe ‘woatu afɔ edzi’ tegbeea? Ao, elabena Xezekiel ƒe nyagblɔɖia gblɔ ku ɖe Yerusalem-fia mamlɛtɔ si nye Zedekiya ŋu be: “Woaɖe tablanu ɖa, eye woaɖe fiakuku ɖi. . . . Esia maganɔ anyi o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye la nava, eye matsɔe nɛ.” (Xezekiel 21:31, 32) “Amesi tɔ wònye,” si dze axɔ Dawid ƒe fiakukuae nye Kristo Yesu. (Luka 1:32, 33) Eyata ‘afɔtutu edzi’ la awu enu ne Yesu zu Fia.
Ɣekaɣie nu vevi ma adzɔ? Yesu ɖee fia be Trɔ̃subɔlawo aɖu dzi hena ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe. Nuŋlɔɖi si le Daniel ta 4 kpe ɖe mía ŋu be míanya ɣeyiɣi ma ƒe didime. Eku ɖe nyagblɔɖi me drɔ̃e aɖe si Babilon-fia Nebukadnezar ku la ŋu. Ekpɔ ati kɔkɔ aɖe si wolã. Eƒe takpoa magate ŋu adze o elabena wotsɔ gayibɔ kple akɔbli blae. Mawudɔla aɖe gblɔ be: ‘Vaseɖe esime azã adre nu nava yi nɛ.’—Daniel 4:7-13.
Le Biblia me la, wozãna ati tsɔ wɔa dziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu zi geɖe. (Xezekiel 17:22-24; 31:2-5) Eyata kpɔɖeŋutia lalã fia alesi wova tɔ te Mawu ƒe dziɖuɖu, si fia siwo nɔ Yerusalem nye kpɔɖeŋu na. Gake ŋutega la ɖee fia be ɣeyiɣi vi aɖe koe ‘afɔtutu Yerusalem’ dzi axɔ—vaseɖe “azã adre.” Ɣeyiɣi didi kae nye ema?
Nyaɖeɖefia 12:6, 14 ɖee fia be azã alo ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã ƒe didimee nye “ŋkeke akpe ɖeka alafa eve kple blaade.” Eyata “azã adre,” alo ɣeyiɣi adre ƒe didime anye ema ƒe teƒe eve, alo ŋkeke 2,520. Gake Trɔ̃subɔlawo medzudzɔ ‘afɔtutu’ Mawu ƒe dziɖuɖu dzi le Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke 2,520 pɛ ko megbe o. Eyata edze ƒã be ɣeyiɣi si didi wu ema ŋue nyagblɔɖi sia ku ɖo. Ne míetsɔ nya siwo le Mose IV, 14:34 kple Xezekiel 4:6 si gblɔ be “ŋkeke ɖeka nanye ƒe ɖeka” wɔ dɔe la, ekema “azã adre” la ƒe didime anye ƒe 2,520.
Ƒe 2,520 la dze egɔme le ƒe 607 D.M.Ŋ. ƒe October me, esime Babilontɔwo ɖu Yerusalem dzi eye woxɔ fianyenyea le fia siwo ɖu dzi le Dawid ƒe ƒomea me la si. Ɣeyiɣia wu enu le ƒe 1914 ƒe October me. Ɣemaɣi la, “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi” la wu enu, eye woɖo Yesu Kristo wònye Mawu ƒe Fia si le dzi ɖum le dziƒo.a—Psalmo 2:1-6; Daniel 7:13, 14.
Abe alesi tututu Yesu gblɔe ɖi ene la, nu dovoɖiname siwo dzɔ le xexeame godoo lae de dzesi eƒe “vava” alo anyinɔnɔ abe Fia ene le dziƒo—esiawoe nye aʋawɔwɔ, dɔwuame, anyigbaʋuʋuwo, dɔvɔ̃wo. (Mateo 24:3-8; Luka 21:11) Nudzɔdzɔ siawo na kpeɖodzi sẽŋu aɖe mí be ƒe 1914 mee wodzi Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le dziƒo la vavã eye be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” dze egɔme ɣemaɣi.—Timoteo II, 3:1-5.
a Tso ƒe 607 D.M.Ŋ. ƒe October vaseɖe ƒe 1 D.M.Ŋ. ƒe October ƒe didimee nye ƒe 606. Esi wònye ne wodzo le ƒe 1 D.M.Ŋ. ko woɖona ƒe 1 M.Ŋ. me ta la, tso ƒe 1 D.M.Ŋ. ƒe October vaseɖe ƒe 1914 M.Ŋ. ƒe October ƒe didimee nye ƒe 1,914. Ne míetsɔ ƒe 606 kpe ƒe 1,914 la, ye katã le ƒe 2,520. Ne èdi numeɖeɖe le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me ŋu la, ke kpɔ nyati si nye “Ɣeyiɣikɔntabubu” (“Chronology” [Chronologie]) le Insight on the Scriptures (Étude perspicace des Écritures) si Yehowa Ðasefowo ta me.
-
-
Amekae Nye Mawudɔlagã Mixael?Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
-
-
MEGBENYAWO
Amekae Nye Mawudɔlagã Mixael?
WOMEƑO nu tso gbɔgbɔmenuwɔwɔ si woyɔna be Mixael la ŋu fũ le Biblia me o. Gake ɣesiaɣi si woƒo nu tso eŋu la, ke ele dɔ aɖe wɔm vevie. Daniel ƒe agbalẽa ƒo nu tso Mixael ŋu be ele aʋa wɔm kple mawudɔla vɔ̃ɖiwo; Yuda ƒe lɛtaa gblɔ be ele nya ʋlim kple Satana; eye le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, wogblɔ be ele aʋa wɔm kple Abosam kpakple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. Mixael wɔ nu wòsɔ kple gɔmesese si le eƒe ŋkɔ ŋu—si nye “Amekae Le abe Mawu Ene?”—to Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli kple aʋawɔwɔ kple Mawu ƒe futɔwo me. Gake amekae nye Mixael?
Ɣeaɖewoɣi la, ŋkɔ geɖe nɔa ame ɖeka si. Le kpɔɖeŋu me, wogayɔa blemafofo Yakob be Israel, eye wogayɔa apostolo Petro hã be Simon. (Mose I, 49:1, 2; Mateo 10:2) Nenema kee Biblia ɖee fia be Mixael ye nye ŋkɔ bubu si woyɔna na Yesu Kristo, hafi wòva anyigba dzi kple le eƒe dzodzo le anyigba dzi megbe. Na míadzro Ŋɔŋlɔawo me akpɔ ɖa be susu ka tae míate ŋu aƒo nya ta nenema hã.
Mawudɔla Gã. Mawu ƒe Nya la yɔ Mixael be “mawudɔla gã la.” (Yuda 9) Nya sia gɔmee nye “mawudɔlawo ƒe fia.” De dzesii be woyɔ Mixael be mawudɔla gã la. Esia fia be mawudɔla sia ƒomevi ɖeka pɛ koe li. Le nyateƒe me la, ame ɖeka koe wozã nya “mawudɔla gã” na le Biblia me, womezãe na ame geɖe o. Gawu la, wogblɔ be mawudɔla gã ƒe ɖoƒe le Yesu si. Tesalonikatɔwo I, 4:16 gblɔ tso Aƒetɔ Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre ŋu be: “Aƒetɔ la
-