INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 10/1 axa 9
  • Nyateƒea Ate Ŋu Atrɔ Wò Agbe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyateƒea Ate Ŋu Atrɔ Wò Agbe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nyateƒetoto Gale Vevie Egbea?
    Nyati Bubuwo
  • Kristotɔwo Dea Ta Agu Le Gbɔgbɔ Kple Nyateƒe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Biblia La Gɔme Sese Nukae Akpe Ðe Ŋuwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Ðe Wògblẽ Be Ame Naɖo Subɔsubɔha Bubu Mea?
    Nyɔ!—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 10/1 axa 9

Nyateƒea Ate Ŋu Atrɔ Wò Agbe

ÐEWOHĨ èse Mawu ŋuti alakpanya siwo dzi míehe susu yii le nyati siawo me la dometɔ aɖe kpɔ, alo be eyae wofia wò. Ke hã, ate ŋu asesẽ na wò be nàɖe asi le wò dzixɔsewo ŋu, vevietɔ nenye be èxɔ wo dzi se ɣeyiɣi didi aɖee nye esia.

Ele eme baa be asiɖeɖe le wò dzixɔsewo ŋu ate ŋu asesẽ le susu aɖewo ta. Le kpɔɖeŋu me, sɔlemeha aɖewo gblɔna be mele be woatsɔ nu si Biblia gblɔ la asɔ kple hamenufiafiawo o. Nu si ame aɖewo hã gblɔna tsɔ ʋlia alakpanufiafiawo tae nye be Biblia gɔme sese sesẽ, eye menye ame sia amee ate ŋu ase egɔme o. Ke hã, togbɔ be Yesu ƒe nusrɔ̃la akpa gãtɔ nye ame tsɛwo, eye womede suku yi ŋgɔ o hã la, wose eƒe nufiafiawo gɔme bɔbɔe.—Dɔwɔwɔwo 4:13.

Ðewohĩ ànɔ hehem ɖe megbe le ŋkuléle ɖe wò dzixɔsewo ŋu be wonye nyateƒe hã, le esi nèsusui be esia wɔwɔ afia be xɔse mele ye si o ta. Gake ɖe susu anɔ eme be míagblɔ be ne èdzro Biblia, si me Mawu ƒe gbedeasi na ameƒomea le la me, be nànya nu si wòdi tso asiwò la, wò nu madze eŋu oa? Mawu ƒe Nyaa le dzi dem ƒo na wò boŋ be nàdzro Ŋɔŋlɔawo me, elabena egblɔ be: “[Mido] Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la kpɔ na mia ɖokui.”—Romatɔwo 12:2.

Menye nu yeyewo sɔsrɔ̃ ta koe wòle vevie be nàsrɔ̃ Mawu ŋuti nyateƒea o, ke ate ŋu aɖe vi geɖe na wò hã. (Yohanes 8:32) Deanne, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati siawo ƒe gɔmedzedze la tu eƒe dzixɔsewo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi azɔ. Egblɔ be: “Esi medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme hafi meva nya be sigbeɖe Ŋɔŋlɔawo me kɔ alea gbegbe. Fifia nyemegabua Yehowa be enye Mawu si si amenyenye mele o, ke boŋ be enye Fofonye si le dziƒo si lɔ̃m. Tameɖoɖo vavã va le nye agbe ŋu azɔ.”

Ðewohĩ èsrɔ̃ Biblia kpɔ va yi, gake èse le ɖokuiwò me be meɖe vi aɖeke na ye o. Ne ele nenema hã la, mègana ta o. Ne nu si wofia wò tso Mawu ŋu nye alakpa hafi nèle agbagba dzem be yease Biblia gɔme la, ɖeko wòasɔ kple ale si nànɔ agbagba dzem be yeadzra mɔ̃ aɖe ɖo, gake mèle mɔfiamegbalẽ nyuitɔ zãm o. Àdzrae ɖo ase ɖe afi aɖe ya, gake akpeke wò le mɔ dzi nàna ta. Gake ne èzã mɔfiamegbalẽ nyuitɔ la, àte ŋu adzrae ɖo.

Àdi be yeasrɔ̃ Mawu ŋuti nyateƒea? Ekema míade dzi ƒo na wò be nàte ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu alo nàzã adrɛs si sɔ si le magazine sia ƒe axa 4 lia nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ abia be woava srɔ̃ Biblia kpli ye le aƒe me femaxee.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

“[Mido] Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la kpɔ na mia ɖokui.”—ROMATƆWO 12:2

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe