-
Eden Bɔa—Afi Mae Amegbetɔ Dze Agbe Gɔme Lea?Gbetakpɔxɔ—2011 | January 1
-
-
blibo le, eye ablɔɖe, ŋutifafa, kple dzidzɔkpɔkpɔ nɔ anyi, nu sia nu si hiã la li, eye ameteteɖeanyi, masɔmasɔwo, kple dzre menɔ anyi o. . . . Dzixɔse sia wɔe be paradiso si nɔ anyi tsã la dzroa ame geɖe, eye woƒe didi vevie enye be yewoƒe asi nagasu edzi.”
Ðe wòanye be ŋutinya kple dzixɔse mawo katã nɔ te ɖe nane si dzɔ kpɔ dzia? Ðe wòate ŋu anye be nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ aɖe si tsi susu me na amewo lae wɔe be agbenɔnɔ le xexe ma tɔgbi me “dzroa ame geɖea”? Nyateƒee wònye be Eden bɔ aɖe nɔ nyi le blema? Eye ɖe Adam kple Xawa nɔ anyi kpɔ vavã?
Ðeklemiɖelawo tua afɔkpo nya sia. Le egbexexe sia si me wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya me la, ame geɖe susui be ŋutinya mawo nye gli kple nyakpakpa dzrowo ko. Nukutɔe la, menye mawudzimaxɔselawo koe susui nenema o. Subɔsubɔhakplɔla geɖe na amewo megava xɔ ŋutinya si ku ɖe Eden bɔa ŋu la dzi se o. Wogblɔna be teƒe aɖeke menɔ anyi kpɔ le ŋutinya me nenema o. Wogblɔna be kpɔɖeŋu, nyakpakpa, gli, alo lododo koe ŋutinya ma nye.
Ele eme be wowɔ kpɔɖeŋuwo le Biblia me ya. Yesu ŋutɔe wɔ kpɔɖeŋu mawo dometɔ siwo ŋu ame geɖe nya nu tso nyuie wu la. Ke hã, Biblia megblɔ be nuŋlɔɖi si ku ɖe Eden bɔa ŋu la nye kpɔɖeŋu o, ke boŋ eɖee fia kɔtɛ be enye nu si dzɔ ŋutɔŋutɔ le ŋutinya me. Eye ne nya siwo Biblia gblɔ tso abɔ ma ŋu menye nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ o la, ke ɖe míate ŋu aka ɖe nya bubu siwo le Biblia me ya dzi be wonye nyateƒea? Na míadzro nu si tae ame aɖewo kea ɖi nuŋlɔɖi si ku ɖe Eden bɔa ŋu la me akpɔ, eye míakpɔe ɖa nenye be susu mawo sɔ hã? Eyome míadzro nu si tae wòle vevie be mí katã míatsɔ ɖe le Biblia me nuŋlɔɖi ma me.
-
-
Ðe Eden Bɔa Nɔ Anyi Kpɔ Vavã?Gbetakpɔxɔ—2011 | January 1
-
-
Ðe Eden Bɔa Nɔ Anyi Kpɔ Vavã?
ÈSE Adam kple Xawa kpakple Eden bɔa ŋu nya kpɔa? Ame geɖe nya ŋutinya sia le xexea me godoo. Ðe manyo be wò ŋutɔ nàxlẽe akpɔ oa? Edze le 1 Mose 1:26–3:24. Ŋutinyaa ƒe totoɖeme kpuie ye nye esi gbɔna.
Yehowa Mawua tsɔ anyi me ame, etsɔ ŋkɔ nɛ be Adam, eye wòdae ɖe abɔ aɖe si le nuto aɖe si woyɔ be Eden me. Mawu ŋutɔe tso abɔ ma. Tsi le teƒea nyuie, eye ati tseku dzeani geɖewo bɔ ɖe afi ma. “Sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati” le abɔa titina. Mawu de se be amegbetɔwo nagaɖu ati ma ƒe tsetse o, eye wògblɔ be ne wosẽ to ɖui la, woaku. Emegbe Yehowa ɖe Adam ƒe agbaƒuti ɖeka tsɔ wɔ nyɔnu—si ŋkɔe nye Xawa—be wòanye Adam ƒe kpeɖeŋutɔ. Mawu de dɔ asi na wo be woalé be na abɔa eye be woadzi asɔ gbɔ ayɔ anyigba la dzi.
Gbe ɖeka esi Xawa ɖeɖe li la, da aɖe ƒo nu kplii, eye wòble enu be wòaɖu ati si ŋu Mawu de se ɖo be womegaɖu o la ƒe tsetse hegblɔ nɛ be
-