Hadzidzi 129
Míalé Míaƒe Mɔkpɔkpɔa Me Ðe Asi Sesĩe
Tatatɔ
1. Ƒe geɖee nye ’sia ame’o le viviti me.
Wole ya yome l’agbagba dzodzro dzem.
Edze ƒãa be ’megbetɔwo do kpo nu,
Womate ŋu ’ɖe mí gbeɖe o.
(HAXE)
Midzɔ dzi Ma’u ƒe Fiaɖuƒea gogo!
Le Via ƒe dziɖuɖua me míagavɔ̃ o;
Vɔ̃ɖinyenyewo katã nu ayi.
Mɔkpɔkpɔ nyui sia míalé ɖ’asi sesĩe.
2. Míaɖe gbeƒã be “Mawu ƒe ŋkekea gogo!”
Hũɖeɖe kple nuxaxa nu ayi kpuie.
Ame’aɖeke magado vlo Mawu o;
Míadoe ɖe dzi akafui tegbee.
(HAXE)
Midzɔ dzi Ma’u ƒe Fiaɖuƒea gogo!
Le Via ƒe dziɖuɖua me míagavɔ̃ o;
Vɔ̃ɖinyenyewo katã nu ayi.
Mɔkpɔkpɔ nyui sia míalé ɖ’asi sesĩe.
(Kpɔ Hab. 1:2, 3; Ps. 27:14; Yoel 2:1; Rom. 8:22 hã.)