TA 10
Yesu Kpɔ Ŋusẽ Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Dzi
ÈÐO ŋku nusita Mawu ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka va zu Satana Abosam dzia?— Ðokuitɔdidi si nɔ eme be woasubɔ ye lae wɔe be wòva tsi tre ɖe Mawu ŋu. Ðe mawudɔla bubuwo hã dze Satana yomea?— Ẽ, ɖewo dze eyome. Biblia yɔ wo be ‘Satana ƒe dɔlawo,’ alo gbɔgbɔ vɔ̃wo.—Nyaɖeɖefia 12:9.
Ðe mawudɔla vɔ̃ɖi siawo, alo gbɔgbɔ vɔ̃wo, xɔ Mawu dzi sea?— Biblia gblɔ be: ‘Gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔe se be Mawu li.’ (Yakobo 2:19) Gake azɔ ya wovɔ̃na ŋutɔ. Nusitae nye be wonyae be Mawu ahe to na yewo ɖe nu gbegblẽ siwo yewo wɔ ta. Nu gbegblẽ kawoe wowɔ?—
Biblia gblɔ be mawudɔla mawo gblẽ wo nɔƒe si wona wo le dziƒo ɖi va anyigba dzi va nɔ agbe abe ŋutsuwo ene. Nusita wowɔ nusiae nye be wodi be yewoakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me kple nyɔnu dzetugbe siwo nɔ anyigba dzi. (Mose I, 6:1, 2; Yuda 6) Nukae nèsusu be wòfia ne woƒo nu tso gbɔdɔdɔ ŋu?—
Gbɔdɔdɔe nye esime ŋutsu kple nyɔnu tena ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli le mɔ tɔxɛ ŋutɔ aɖe nu. Le ema megbe la, vidzĩ ate ŋu atsi le dadaa ƒe dɔme. Gake enye nu gbegblẽ be mawudɔlawo nava kpɔ gome le gbɔdɔdɔ me. Mawu di be ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo wozu srɔ̃tɔwo ko nakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me. Esia awɔe be ne wodzi vi la, srɔ̃ŋutsua kple srɔ̃nyɔnua ate ŋu akpɔ ɖevia dzi.
Nukae nye nu gbegblẽ si mawudɔla siawo wɔ?
Esime mawudɔlawo do amegbetɔ ŋutilã eye wova dɔ kple nyɔnuwo le anyigba dzi la, wo vi siwo wodzi la tsi va zu ame dzɔtsuwo. Wonye ŋutasẽlawo eye wowɔa nuvevi amewo. Eyata Mawu na tsiɖɔɖɔ gã aɖe va tsrɔ̃ ame dzɔtsuawo kple ame vɔ̃ɖi bubuawo katã. Gake ena Noa kpa aɖakaʋu, alo tɔdziʋu gã aɖe, be ame ʋɛ siwo nye nu dzɔdzɔe wɔlawo nakpɔ ɖeɖe. Nufiala Gã la gblɔ be nusi dzɔ le Tsiɖɔɖɔa me la nye nufiame vevi aɖe na mí si dzi wòle be míaɖo ŋkui.—Mose I, 6:3, 4, 13, 14; Luka 17:26, 27.
Esime Tsiɖɔɖɔa va la, ènya nusi dzɔ ɖe mawudɔla vɔ̃ɖiawo dzia?— Wogblẽ amegbetɔ ƒe ŋutilã si wotsɔ do la ɖi eye wogbugbɔ trɔ yi dziƒo. Gake womagate ŋu anye Mawu ƒe dɔlawo o, eyata wova zu Satana ƒe dɔlawo, alo gbɔgbɔ vɔ̃wo. Ke nukae dzɔ ɖe wo vi siwo nye ame dzɔtsuawo dzi?— Woku le Tsiɖɔɖɔa me. Eye ame bubu siwo katã meɖo to Mawu o la hã ku.
Nukatae nugbegblẽwɔwɔ bɔ ɖe xexeame fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe?
Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Mawu megaɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo be woagava nɔ anyi abe amegbetɔwo ene o. Gake togbɔ be míate ŋu akpɔ gbɔgbɔ vɔ̃awo o hã la, wogakpɔtɔ le agbagba dzem be yewoana amewo nawɔ nu baɖawo. Wole nu gblẽm fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Nusitae nye be wonya wo ɖa le dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi.
Ènya nusita míate ŋu akpɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo oa?— Esi míaƒe ŋku mate ŋu akpɔ wo o tae. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be woli. Biblia gblɔ be Satana ‘le amewo blem le xexeame katã,’ eye eƒe gbɔgbɔ vɔ̃woe le kpekpem ɖe eŋu.—Nyaɖeɖefia 12:9, 12.
Ðe Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ate ŋu able mí, alo aflu míawo hã egbea?— Ẽ, woate ŋui nenye be míekpɔ nyuie o. Gake mehiã be míavɔ̃ o. Nufiala Gã la gblɔ be: ‘Abosam mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye o.’ Ne mía kple Mawu dome le kplikplikpli la, akpɔ mía ta tso Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo si me.—Yohanes 14:30.
Ele vevie be míanya nu gbegblẽ siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo adi be yewoana míawɔ. Eyata bu eŋu. Nu gbegblẽ kawoe gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔ esime wova anyigba dzi?— Do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, wova kpɔ gome le gbɔdɔdɔ me kple nyɔnuwo, si nye nusi mesɔ be mawudɔlawo nawɔ o. Egbea hã edzɔa dzi na gbɔgbɔ vɔ̃wo ne amewo gbe toɖoɖo Mawu ƒe se si ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu. Mabia wò lo, Amekawo koe wòle be woakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me?— Nyateƒee, amesiwo nye srɔ̃tɔwo koe.
Egbea ŋutsuvi kple nyɔnuvi aɖewo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ me, gake nu gbegblẽe wònye wole wɔwɔm. Biblia ɖee fia be Mawue wɔ ŋutsu kple nyɔnu ƒe vidzinuwo. Yehowa wɔ míaƒe ŋutilã ƒe akpa siawo na taɖodzinu tɔxɛ aɖe si ŋudɔ wòle be srɔ̃tɔwo ko nawɔ. Edzɔa dzi na gbɔgbɔ vɔ̃wo ne amewo le nusiwo ŋu Yehowa de se ɖo la wɔm. Le kpɔɖeŋu me, edzɔa dzi na gbɔgbɔ vɔ̃wo ne ŋutsuvi kple nyɔnuvi le fefem kple wo nɔewo ƒe vidzinu. Míedi gbeɖe be míawɔ nusi ado dzidzɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo o, alo menye nenemae oa?—
Nu bubu aɖe hã li si gbɔgbɔ vɔ̃wo lɔ̃ gake Yehowa ya lé fui. Ènya nusi wònyea?— Eyae nye ŋutasẽnuwɔwɔ. (Psalmo 11:5) Ne amewo do dziku eye wowɔ nuvevi amewo la, efia be wole ŋutasẽnu wɔm. Ðo ŋku edzi be nu mae ame dzɔtsuwo, alo gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe viwo, wɔ.
Gbɔgbɔ vɔ̃wo dina hã be yewoado vɔvɔ̃ na amewo. Ɣeaɖewoɣi wowɔa nu abe amesiwo kue le ewɔm ene. Woate ŋu aƒo nu wòaɖi amesiwo ku ƒe gbe gɔ̃ hã. Gbɔgbɔ vɔ̃wo to esia wɔwɔ me flu ame geɖewo woxɔe se be amesiwo ku lae gale agbe eye be woate ŋu aƒo nu kple ame gbagbewo. Nyateƒee, gbɔgbɔ vɔ̃wo na ame geɖe va xɔ ŋɔliwo dzi se.
Eyata ele be míanɔ ŋudzɔ be Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nagaflu mí o. Biblia xlɔ̃ nu be: ‘Satana dzea agbagba trɔa eɖokui wòdzena abe dɔla nyui wònye ene, eye esubɔlawo hã wɔnɛ nenema.’ (Korintotɔwo II, 11:14, 15) Gake le nyateƒe me la, gbɔgbɔ vɔ̃wo vɔ̃ɖi ŋutɔŋutɔ. Na míakpɔ alesi woate ŋu adze agbagba be yewoana míanɔ abe yewo ene ɖa.
Afikae amewo srɔ̃a nu geɖe tso ŋutasẽnuwɔwɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ kpakple gbɔgbɔwo kple ŋɔliwo ŋu le?— Ðe menye le television dzi wɔna aɖewo kpɔkpɔ, kɔmpiuta kple video dzi fefewo, Internet dzi, kple le nukokoedonamegbalẽwo mee oa? Ðe nusiawo naa míetena ɖe Mawu ŋu loo alo Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋue wòtea mí ɖoa? Nukae nye wò susu?—
Nukae ate ŋu adzɔ ne míekpɔa ŋutasẽnuwɔwɔ?
Èbu be amekae di be míase alo akpɔ nu gbegblẽwo?— Ẽ, Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃woe. Eyata èbu be nukae wòle be mía kpli wò míawɔ?— Nusiwo nyo na mí eye woakpe ɖe mía ŋu míasubɔ Yehowa ye wòle be míaxlẽ, alo aɖo to, alo akpɔ. Nu nyui siawo siwo míate ŋu awɔ la dometɔ aɖewo va susu me na wòa?—
Nukae nye nu nyuitɔ si wòle be míawɔ?
Ne míewɔa nu nyui la, ekema naneke meli si ta wòle be míavɔ̃ gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Yesu sesẽ wu gbɔgbɔ vɔ̃wo, eye wovɔ̃na nɛ. Gbeɖeka gbɔgbɔ vɔ̃wo do ɣli bia Yesu be: “Ðe nèva mía tsrɔ̃ ge mahã?” (Marko 1:24) Ne ɣeyiɣia de be Yesu natsrɔ̃ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo la, ɖe madzɔ dzi na mí oa?— Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu akpɔ mía ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me nenye be mía kple mía Fofo si le dziƒo dome le kplikplikpli.
Na míaxlẽ nu tso nusiwo wòhiã be míawɔ ŋu, le Petro I, 5:8, 9 kple Yakobo 4:7, 8.