“Yehowa Ye Nye Nye Kpeɖeŋutɔ”
1 Esi Yesu de dɔ asi na eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo la, egblɔ na wo bena: “Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome.” (Mateo 10:16) Ðe nya ma na vɔvɔ̃ ɖo wo eye wohe ɖe megbe le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋua? Ao. Woɖe nɔnɔme si apostolo Paulo gblɔ na ehati Kristotɔwo emegbe be, ‘Mitsɔ dzideƒo gblɔ be: Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?’ la fia. (Hebritɔwo 13:6) Dzi dzɔ wo be wobu yewo be yewodze be woado ŋukpe yewo le Yesu ƒe ŋkɔ ta, eye womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuia gbɔgblɔ fia o.—Dɔwɔwɔwo 5:41, 42.
2 Egbea gbeƒãɖeɖedɔa le xexeame godoo ɖo eƒe yɔyrɔenu. Abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene la, dukɔwo katã lé fu mí. (Mateo 24:9) Wotsia tre ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu heɖua fewu le eŋu, eye woɖo asi edzi kura gɔ̃ hã le anyigba ƒe akpa aɖewo. Ne ɖe xɔse mele mía si o la, anye ne vɔvɔ̃ ɖo mí. Gake enyanya be Yehowae nye míaƒe Kpeɖeŋutɔ dea dzo mía me eye wòdoa ŋusẽ mí be míayi dɔa dzi.
3 Dzideƒoe nye nɔnɔme si doa ŋusẽ ame, si naa dzi nɔa ame ƒo, si naa wowɔa kalẽ. Nɔnɔme si tsi tre ɖe eŋue nye ŋukpe kple vɔvɔ̃. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hiã dzideƒo ɣesiaɣi be woado dzi. Ehiã vevie ne míedi be xexe sia si nye Mawu ƒe futɔ la ƒe nɔnɔme kple nuwɔnawo nagaɖe dzi le mía ƒo o. Aleke gbegbe Yesu, amesi ɖu xexeame dzi ƒe kpɔɖeŋu deblibo la dea dzi ƒoe na mí ne míebu eŋu enye si! (Yohanes 16:33) Ðo ŋku apostoloawo, amesiwo gblɔ dzideƒotɔe be, “Ele be, woabu Mawu awu amewo” esime wodze ŋgɔ dodokpɔ sesẽwo la hã dzi.—Dɔwɔwɔwo 5:29.
4 Míenye Amesiwo Gbugbɔna Ðe Megbe O: Ele be míadze agbagba nukpɔsusu nyui nanɔ mía si ɖe míaƒe dɔa ŋu. (Hebritɔwo 10:39) Nenɔ susu me na wò ɣesiaɣi be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ na ameƒomea katã tae wòdɔ mí ɖo. Medɔa esubɔlawo be woawɔ nane si ŋu viɖe mele o. Nusianu si wode asi na mí be míawɔ la aɖe vi godoo na amesiwo lɔ̃ Mawu.—Romatɔwo 8:28.
5 Mɔkpɔkpɔnɔamesi akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi adi amesiwo si alẽwo ƒe nɔnɔme le le míaƒe anyigbamamã me. Míatsɔe be ɖekematsɔleme si amewo ɖena fiana la tso alesi dzi ɖe le wo ƒo eye mɔkpɔkpɔ mele wo si o gbɔ. Mina lɔlɔ̃ si le mía me naʋã mí be woƒe nu nawɔ nublanui na mí eye míagbɔ dzi ɖi na wo. Ɣesiaɣi si míana agbalẽ alo míakpɔ ame aɖe wòaɖe ɖetsɔleme sue aɖe afia la, míaƒe taɖodzinu nanye be míatrɔ ayi egbɔ kaba atu eƒe ɖetsɔlemea ɖo. Mele be míake ɖi gbeɖe o be míate ŋu adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme alo awɔe nyuie o. Ke boŋ ele be míayi edzi anɔ Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple mɔfiame biam le gbedodoɖa me, eye kakaɖedzi nanɔ mía si be akpe ɖe mía ŋu.
6 Míeka ɖe edzi bliboe be Yehowa alé dɔa ɖe te vaseɖe eƒe nuwuwu. (Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 1:6.) Ne míeɖo dzi ɖe eŋu bliboe be enye míaƒe Kpeɖeŋutɔ la, edoa ŋusẽ mí, ale be ‘ɖeɖi metea mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o.’—Gal. 6:9.