Akpa si Hadzidzi Wɔna le Tadedeagu me Egbea
MAWU ƒe nunanae hadzidzi nye. Ne míekɔ gbe dzi dzi ha la, ate ŋu ado dzidzɔ na mí eye wòadoe na mía Wɔla hã. Míate ŋu atsɔe aɖe míaƒe seselelãmewo, nuxaxawo kple dzidzɔkpɔkpɔwo siaa afia. Gawu la, míate ŋu atsɔe agblɔ alesi míelɔ̃ Yehowa, Amesi gbɔ hadzidzi dzɔ tso, alesi míedea bubu eŋu hekafunɛ la nɛ.
Teƒe siwo ade alafa etɔ̃ siwo woƒo nu tso hadzidzi ŋu le le Biblia me la ƒe akpa gãtɔ ku ɖe Yehowa ƒe tadedeagu ŋu. Dzidzɔ hã le hadzidzi me—menye edzilawo ɖeɖeko ƒe dzidzɔkpɔkpɔ o ke Yehowa hã ƒe dzidzɔkpɔkpɔ. Hakpala la ŋlɔ be: “[Woaƒo] ha nɛ! Elabena Yehowa ƒe dukɔ ƒe nu nyo eŋu.”—Psalmo 149:3, 4.
Gake aleke gbegbee hadzidzi le vevie le tadedeagu me egbea? Ne Yehowa ƒe amewo kɔ gbe dzi dzi ha nɛ egbea la, aleke wòana woƒe nu nanyo eŋui? Akpa kae wòle be hadzidzi nawɔ le tadedeagu vavãtɔ me? Hadzidzi ƒe ŋutinya me kuku akpe ɖe mía ŋu míaɖo nyabiase siawo ŋu.
Akpa si Hadzidzi Wɔ le Tadedeagu me le Ŋutinya Me
Zi gbãtɔ si woyɔ hadzidzi ŋkɔ le Biblia me la, womeyɔe tɔ ɖe Yehowa ƒe tadedeagu ŋu tẽ o. Wogblɔ le Mose I, 4:21 be Yubal ye nye amesi to haƒonu gbãtɔwo vɛ alo ɖewohĩ eɖo hadzidɔ ƒomevi aɖe anyi. Gake hafi amegbetɔ nava dzɔ gɔ̃ hã la, hadzidzi nye Yehowa ƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe. Biblia gɔmeɖeɖe geɖe gblɔ le mawudɔlawo ŋu be wodzia ha. Hiob 38:7 gblɔ na mí be mawudɔlawo tso aseye eye ‘wogli kple dzidzɔ.’ Eyata esɔ le Ŋɔŋlɔawo nu be míaxɔ edzi ase be wodzia ha le Yehowa ƒe tadedeagu me ɣeyiɣi didi aɖe hafi amegbetɔ va dzɔ.
Ŋutinyaŋlɔla aɖewo gblɔna be gbe ɖeka dzilawo ƒe hadzidzi me koe woŋlɔ blema Hebritɔwo ƒe hawo ɖo, eye womedzia gbe susɔeawo kpena ɖe eŋu o. Gake menye hadzigbe ɖeka koe woate ŋu aƒo le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me le kasaŋku, si nye haƒonu aɖe si woyɔ zi geɖe le Biblia me, dzi o. Kasaŋkuƒolawo ade dzesi alesi hadzigbe aɖewo sɔna ɖe wo nɔewo nui ne woƒo wo katã ɖekae le haƒonua dzi. Woƒe hakpakpawo menye ha tsɛwo o, wode ŋgɔ ŋutɔ. Eye ne míekpɔ alesi woŋlɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe hakpanyawo kple nuŋɔŋlɔ bubuawoe la, míate ŋu agblɔ be Israel-viwo ƒe hawo nyo ŋutɔ. Kakaɖedzitɔe la, gbɔgbɔ si ʋã wo wokpa woƒe hawo la de ŋgɔ boo wu dukɔ siwo ƒo xlã wo la tɔ.
Ðoɖo si nu nuwo yia edzi le le blema gbedoxɔa me wɔe be haƒonu vovovowo kple gbe vovovowo dzia ha le gbedoxɔa me tadedeagu me. (Kronika II, 29:27, 28) ‘Hadzikpɔlawo,’ “hafialawo,” “nusrɔ̃viwo,” kple ‘hadzilawo ƒe amegãwo’ nɔ anyi. (Kronika I, 15:21; 25:7, 8; Nexemya 12:46) Le nuƒoƒo tso alesi woƒe haŋutiɖaŋuwo de ŋgɔe ŋu me la, ŋutinyaŋlɔla Curt Sachs ŋlɔ be: “Hadzihawo kple haƒohawo ɖoɖo na Yerusalem Gbedoxɔa fia be wode ŋgɔ le hasɔsrɔ̃ me, wobi ɖe eme, eye wonya eŋu. . . . Togbɔ be míenya alesi blemaha mawo nya see o hã la, nusiwo fia be woʋãa ame, bubu nɔ wo ŋu, eye wokpa wo nyuie la ƒe ɖaseɖiɖiwo le mía si.” (The Rise of Music in the Ancient World: East and West, ƒe 1943, axa 48, 101-2) Míate ŋu akpɔ alesi wotsɔ nuŋububu deŋgɔ kpa Hebritɔwo ƒe hawoe kple woƒe nyonyome ƒe kpɔɖeŋu le Hawo ƒe Ha me. Enye ŋutinya si wotsɔ kpa hae, si sɔ kple nya siwo woŋlɔna na drama alo fefe siwo me nyawo nyea hadzidzi sɔŋ (opera) tɔ. Woyɔ ha la le Hebrigbe me be “Hawo ƒe Ha,” si fia be enye ha si ƒo bubuawo katã ta. Hadzidzi nye tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe na blema Hebritɔwo. Eye enaa wote ŋu gblɔa woƒe seselelãme le Yehowa kafukafu me wòdea to wu.
Ƒe Alafa Gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe Hadzidzi
Hadzidzi ganye tadedeagu ƒe akpa aɖe kokoko le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dome. Tsɔ kpe ɖe Psalmo siwo tso gbɔgbɔ me si nɔ wo si ŋu la, edze abe ɖe woawo ŋutɔ wokpa ha siwo wozãna le tadedeagu me ene, hagbea kple emenyawo siaa, eye woɖo kpɔɖeŋu le alesi Kristotɔwo kpaa ha egbeae me. (Efesotɔwo 5:19) Agbalẽ si nye The History of Music si Waldo Selden Pratt ŋlɔ ɖe nu me be: “Hadzidzi le gaglãgbe nye nusi Kristotɔ gbãtɔwo wɔna ɖaa. Le Yudatɔ dzimetrɔlawo gome la, nusi wowɔna le ƒuƒoƒe ɖaa ko ƒe dziyiyie wònye na wo . . . Le Hebri Psalmowo megbe . . . la, xɔse yeyea nɔa ha yeyewo kpakpa dzi, gbã la edze abe wokpa wo abe hadzidzi si mã votavotae ene.”a
Be míakpɔ alesi gbegbe hadzidzi xɔ asii la, esi Yesu ɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua gɔme anyi la, anye Hallel hawoe wo kple eƒe apostoloawo dzi. (Mateo 26:26-30) Ha siawo nye Yehowa kafuha siwo woŋlɔ ɖe Psalmowo me si wodzina le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu me.—Psalmo 113-118.
Alakpasubɔsubɔ ƒe Ŋusẽkpɔkpɔ Ðe Edzi
Le ɣeyiɣi si woyɔna be Blukɔɣi la me la, subɔsubɔ hadzidziwo va zu nublanuihawo ko. Le ƒe 200 M.Ŋ. me lɔƒo la, Clement si tso Alexandria gblɔ be: “Hadzinu ɖeka koe hiã mí: gbe fatu si míetsɔna subɔa Mawui, menye kasaŋku alo ʋu alo dze alo kpẽwo o.” Wova de sewo ale be nu koe wogatsɔna dzia sɔlemehawoe. Wova yɔ hadzidzi sia ƒomevi be numeha. Agbalẽ si nye Our Musical Heritage gblɔ be: “Mede ƒe blaene le Constantinople tsotso vɔ megbe o, Laodicea ƒe Aɖaŋudetakpekpe (A.D. 367) de se ɖe hadzinuwo zazã, kple hametɔwo ƒe hadzidzi le sɔlemewɔnawo me nu. Numegbe koe wotsɔna dzia Orthodɔkstɔwo ƒe hawoe.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Womakpɔ naneke anɔ te ɖe edzi ade se siawo le Kristotɔ gbãtɔawo ŋɔli o.
Le Blukɔɣia la, ame gbɔlo akpa gãtɔ menya Biblia kaka wòava yi wo si nɔ ge o. Wotia Kristotɔ siwo ka tse ƒle Biblia alo xlẽe la yome eye wowua wo gɔ̃ hã. Eyata mewɔ nuku be kafukafuhawo dzidzi na Mawu bu keŋkeŋ kloe le blukɔɣi ma o. Ne èbu eŋu kpɔ la, aleke ame gbɔlo siwo si Ŋɔŋlɔawo mele o awɔ anya be Biblia ƒe akpa ewolia nye ha sɔŋ? Amekae gbɔna egblɔ ge na wo be Mawu de se na esubɔlawo be, “[woadzi] ha yeye na Yehowa, eƒe bubu neɖi le mawumemewo ƒe ha me”?—Psalmo 149:1.
Hadzidzi Dada ɖe Teƒe si Dze Nɛ le Tadedeagu Me
Yehowa ƒe habɔbɔa dze agbagba geɖe gbugbɔ hakpakpa kple edzidzi da ɖe teƒe si dze na wo le tadedeagu me. Le kpɔɖeŋu me, ha ɖeɖe sɔŋ koe nɔ February 1, 1896, ƒe Zion’s Watch Tower me. Woyɔe be “Zion ƒe Ŋukedzidzɔhawo.”
Le ƒe 1938 me la, hadzidzi di be yeabu kura le hame ƒe kpekpewo me. Gake medidi hafi wogava dze kpɔɖeŋu si me nunya le si apostoloawo ɖo la yome o. Le ƒe 1944 nutome gã takpekpe me la, F. W. Franz ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Hawo.” Eɖee fia be Mawu ƒe nuwɔwɔ siwo nɔ dziƒo nɔ kafukafuhawo dzim na Yehowa ɣeyiɣi didi aɖe hafi amegbetɔ va dzɔ eye wògblɔ be: “Esɔ eye wòdzɔa dzi na Mawu be Ye subɔla siwo le anyigba dzi nakɔ gbe dzi adzi ha na ye.” Esi wòƒo nu tso alesi hadzidzi hiãe le tadedeagu me ŋu vɔ la, eɖe gbeƒãe be woɖe Kingdom Service Song Book (Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Hadzigbalẽ) si woanɔ zazãm le kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe subɔsubɔ kpekpewo me ɖe go.b Emegbe woɖe gbeƒãe le December 1944 ƒe Informant (si woyɔna fifia be Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ) me be woatsɔ hadzidzi aʋu kpekpe bubuwo hã nui eye woagatsɔe akpã woe. Hadzidzi gava ge ɖe Yehowa ƒe tadedeagu me ake.
‘Hadzidzi le Míaƒe Dzi me na Yehowa’
Míakpɔ alesi wodzia ha tso míaƒe dzi ƒe gogloeaƒe ke ƒe kpɔɖeŋu le mía nɔvi Ɣedzeƒe Europa kple Afrika tɔ siwo to fukpekpewo kple yometitiwo me ƒe geɖe la gbɔ. Lothar Wagner nɔ ameɖekɛgaxɔ me ƒe adre sɔŋ. Aleke wòwɔ te ŋu do dzi ɣeyiɣi didi ma katã? Egblɔ be: “Metsɔ kwasiɖa geɖe dze agbagba be maɖo ŋku Fiaɖuƒehawo dzi. Ne nyaawo di be yeabu ɖem la, ɖeko nye ŋutɔ mekpaa kpukpui ɖeka alo eve dea eme. . . . Dzideƒonya tuameɖo kawo gbegbe enye si le míaƒe Fiaɖuƒehawo me!”—1974 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, axa 226-8.
Le ƒe atɔ̃ siwo Harold King tsɔ nɔ ameɖekɛgaxɔ me ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ ta la, Yehowa kafuhawo kpakpa kple wo dzidzi fa akɔ nɛ. Yehowa Ðasefowo le eƒe hakpakpawo dometɔ gbogbo aɖewo zãm fifia le woƒe tadedeagu me. Dzidzɔ si le hadzidzi me la léa ame ɖe te. Gake menye ɖeko woati mía yome kokoko hafi míakpɔ asixɔxɔ si le kafukafuhawo dzidzi na Mawu me adze sii o.
Yehowa ƒe amewo katã ate ŋu akpɔ dzidzɔ le hadzidzi me. Togbɔ be ɖewohĩ míaƒe aɖeka madzɔ le nuƒoƒo me o hã la, míate ŋu aɖe míaƒe seselelãmewo na Yehowa agblɔ faa ne míedzi wo le ha me. Apostolo Paulo gblɔ alesi míate ŋu akpɔ dzidzɔ le kafukafuhawo dzidzi me esi wòxlɔ̃ nu Kristotɔwo be, “mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo ƒo nu kple mia nɔewo: Midzi ha, eye miƒo ha na Aƒetɔ la le miaƒe dzi me.” (Efesotɔwo 5:19) Ne gbɔgbɔmenuwo yɔ míaƒe dzi me la, míate ŋu agblɔe le mɔ wɔdɔɖeamedzi nu le hadzidzi me. Eyata nusi kpena ɖe ame ŋu eƒe hadzidzi nyonae nye dzi ƒe nɔnɔme nyuitɔ ƒe amesinɔnɔ.
Ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Yehowa naa dzidzɔ gbɔgbɔ nɔa mía me eye wòʋãa mí be míaƒo nu, adzi ha, ake nu agblɔ Yehowa ƒe kafukafuwoe. (Psalmo 146:2, 5) Míetsɔa dzi blibo dzia nusiwo doa dzidzɔ na mí ƒe hae. Eye ne míelɔ̃ ha la alo seselelãme siwo le ha la me la, anɔ bɔbɔe be míatsɔ seselelãme ŋutɔŋutɔ adzii.
Mehiã be woadzi ha sesĩe kokoko hafi wòanye be ɖe wodzii kple seselelãme o. Hadzidzi wòaɖi sesĩe mefia ha nyui dzidzi kokoko o; gake menyo hã be woadzii wòabɔbɔ ɖe anyi woado kpo esese o. Ame aɖewo siwo ƒe gbe ʋlona ƒe hadzidzi aɖi sesĩe togbɔ be menye gbe sesẽe wotsɔ le edzim o hã. Nusi nyea nu sesẽ ne èdi be yeadzi ha nyuie le ƒuƒoƒo mee nye alesi nàna wò gbe nasɔ ɖe ame bubuwo tɔ nu. Ne gbe vovovo dzim miele alo gbe ɖeka dzim miele o, wò gbe ƒe dziyiyi ƒe sɔsɔme kple amesiwo le axawò tɔ naa ɖekawɔwɔ nɔa hadzidzia me wònya sena. Kristotɔwo ƒe ɖokuibɔbɔ kple toɖoɖo nyuie kpena ɖe ame ŋu be woada asɔ le hadzidzi kple agbe me evɔ ame ƒe gbe maxɔ ame bubuwo tɔ o. Gake mele be dzi naɖe le amesiwo bi ɖe hadzidzi me kple amesiwo ƒe gbe nyo nyuie ƒo gbeɖe le haa dzidzi sesĩe me o. Gbe nyui ƒe amesinɔnɔ ate ŋu asɔ ɖe hamea ƒe kafukafuhawo dzidzi na Yehowa nu.
Hadzidzi le míaƒe kpekpeawo me hã nyea nɔnɔme si me wòsɔna le be míadzi ha la ƒe gbe vovovoawo tsɔ kpe ɖe gbe gbãtɔ ŋu. Míele dzi dem ƒo na amesiwo te ŋu léa gbe vovovoawo ɖe tame dzina alo amesiwo te ŋu dzia gbe vovovoawo ƒe hadzigbe le hadzigbalẽa me be woadzi wo le ha la dzidzi me agatsɔ aɖo atsyɔ̃ na ha lae.c
Ame aɖewo agblɔ be, ‘Ha menya nyana nam o’ alo ‘Nye gbe menyo o; nyemete ŋu dzia haa ƒe afisiwo gbea kɔ dzi le o.’ Eyata womedina be yewoadzi ha o, ne wole Fiaɖuƒe Akpata me hã. Gake le nyateƒe me le Yehowa ƒe nukpɔkpɔ nu la, gbe aɖeke ‘megblẽ akpa’ be womate ŋu atsɔe adzi ha nɛ o. Abe alesi ame ƒe gbe ate ŋu anyo ɖe edzii le nuƒoƒo me ne wotrɔa asi le eŋu ɖaa eye wowɔna ɖe eŋuti ɖaŋu nyui siwo woɖona le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me dzi ene la, nenema ke woate ŋu atrɔ asi le ame ƒe hadzidzi hã ŋui wòanyo wu. Nusi ame aɖewo wɔ tsɔ trɔ asi le woƒe gbe ŋu koe nye be wodzia ha la le veme ne wole dɔ wɔm. Hadzidzi ɖe veme naa ame ƒe gbe me bɔbɔna. Eye le ɣeyiɣi siwo sɔ me ne míawo ɖeɖe míeli alo míele dɔ wɔm le afisi maɖe fu na ame bubuwo o la, Fiaɖuƒehawo dzidzi nye hehe nyui aɖe nana míaƒe gbe eye enaa woɖea dzi ɖi hekpɔa dzidzɔ hã.
Míate ŋu ade dzi ƒo hã be anyo be míadzi Fiaɖuƒeha ʋee aɖewo le míaƒe ƒuƒoƒowo me. Ne míeƒo haƒonuwo abe dzitaa alo saŋku ɖe eŋu alo míedzii ɖe Habɔbɔa tɔ siwo woƒo kple saŋku wolé ɖe kasɛt dzi nu la, enaa gbɔgbɔmemenyenye ƒe seselelãme nɔa ƒuƒoƒoawo me. Ekpena ɖe ame ŋu le hawo sɔsrɔ̃ me kple wo dzidzi nyuie le hamea ƒe kpekpewo me hã.
Bene woakpe ɖe hameawo ŋu be dzo nanɔ wo me ɖe hadzidzi le kpekpeawo me ŋu la, Habɔbɔa lé ha siwo woƒo kple haƒonuwo ɖe kasɛt dzi. Ne wole wo ƒom la, ele be nuƒomɔ̃dzikpɔla la nalé ŋku ɖe eƒoƒo ƒe ɖiɖime ŋu. Ne meƒoe gbea kɔ dzi o la, hamea ƒe lãme masẽ ɖe edzidzi sesĩe ŋu o. Ne nɔviŋutsu si kpɔa nuƒomɔ̃a dzi hã dzii kpe ɖe hamea ŋu la, ate ŋu anya ne mɔ̃ dzi tɔa le kpekpem ɖe hamea ŋu alo mele kpekpem ɖe wo ŋu o.
Midzi Ha na Yehowa
Hadzidzi nyea mɔnukpɔkpɔ na mí be míagblɔ míaƒe seselelãmewo na mía Wɔla la. (Psalmo 149:1, 3) Mefia be míagli o, ke boŋ be míadzi ha si dze ga dzi dzidzɔtɔe atsɔ akafui. Míaƒe dzi katã tsɔtsɔ dzi hae le hamea me ate ŋu adzra míaƒe tamesusu kple dzi ɖo na kpekpe si kplɔe ɖo eye wòaʋã mí be míadzi míaƒe gomekpɔkpɔ le Yehowa ƒe tadedeagu la me ɖe edzi. Togbɔ be míaƒe seselelãmewo dzie hadzidzi kpɔa ŋusẽ ɖo hã la, nyaawo ate ŋu afia nu mí. Ne míetsɔ hadzigbe ɖeka alo gbe vovovowo ƒo nui alea la, ke míetsɔ tufafa kple ɖokuibɔbɔ le míaƒe dzi dzram ɖo bene míasrɔ̃ nu ɖekae le ƒuƒoƒo me.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 10:17.
Hadzidzi anɔ Yehowa ƒe tadedeagu me ɖaa. Eyata míate ŋu akpɔ mɔ be míate ŋu anɔ hakpala la ƒe seselelãmewo gblɔm ɖaa, be: “Makafu Yehowa, ŋkeke alesi mele agbe; madzi kafukafuha na nye Mawu, ŋkeke alesi meli.”—Psalmo 146:2.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Hadzidzi si mã votavotae nye hadzidzi si ƒe akpa vovovoawo toa vovo tso wo nɔewo gbɔ le alesi akpa ɖesiaɖe le eɖokui sii ta. Zi geɖe la, hadzidzi siwo mã votavota kafua kalẽnuwo alo kalẽtɔwo.
b Edze abe ɖe Korintotɔwo I, 14:15 me nyawo di be yeafia be wodzia ha ɖaa le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe tadedeagu me ene.
c Ha siwo le Midzi Kafukafuhawo na Yehowa, si nye hadzigbalẽ si míele zazãm fifia, me dometɔ aɖewo gale gbe eneawo me ɖe amesiwo doa dzidzɔ ɖe gbe vovovoawo dzidzi ŋu ta. Gake woŋlɔ haawo dometɔ geɖe be woaƒo saŋku (piano) ɖe wo ŋu eye woŋlɔ wo kple hakpakpatsyãwo bene alesi wokpa wo le dukɔ vovovo me la nadze le haawo me. Ne woŋlɔ alesi gbe vovovoawo adzii ƒe hadzigbe ɖe esiwo womeɖo ŋlɔ koŋ ɖe gbe enea ƒe dzidzi ŋu o nu la, agado atsyã na ha siwo míedzina le míaƒe kpekpeawo me.
[Aɖaka si le axa 27]
Hadzidzi Nyuie Ŋuti Ðaŋuɖoɖo Aɖewo
1. Kɔ hadzigbalẽa ɖe dzi ne èle ha dzim. Enaa wote ŋu gbɔna nyuie.
2. Gbɔ fũ le ha la me nyaha ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze.
3. Ne èke nu nyuie wu alesi wòasɔe na wò gbã la, ana wò gbe nakɔ dzi eme nakɔ nyuie wu.
4. Ƒo wo katã ta la, na wò susu nanɔ seselelãme si dze le ha si dzim nèle me la ŋu.