-
Ðeɖekpɔkpɔ le Dzɔgbevɔ̃e MeGbetakpɔxɔ—1997 | August 15
-
-
la, eya koe nye ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔkpɔnu vavãtɔ. Ame ʋee aɖewo koe vo hele dedie egbea. Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dze agbagba geɖe hã la, dɔxɔleameŋu geɖe gale nu gblẽm le anyigbadzinɔlawo ŋu kokoko. Aʋawɔwɔ siwo tso subɔsubɔhawo, to vovovo me tɔwo, kple dunyahehe ƒe masɔmasɔwo gbɔ la wu ame akpe geɖe. Dɔwuame gana ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖevi maɖifɔ geɖe ƒe nɔnɔme wɔnublanuia kple woƒe fukpekpe gadzi ɖe edzi. Agbenyuimanɔmanɔ gblẽ nu le dukɔwo ŋu vaseɖe eƒe ke gbɔ ke; ɖeviwo gɔ̃ hã ƒe agbenɔnɔ ƒaƒã.
Biblia me nyagblɔɖi aɖe si woŋlɔ ƒe 1,900 kple edzivɔe nye sia la gblɔ míaƒe nɔnɔmea wòsɔ tututu. Egblɔ be: “Nya esia bena, le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava.”—Timoteo II, 3:1; tsɔe sɔ kple Mateo 24:3-22.
Èsusu be Mawu si lɔ̃a ame la matsɔ ɖeke le míaƒe fukpekpea me oa? Biblia gblɔ be: “Eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; . . . menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) Ẽ, le esi teƒe be Mawu naɖe mɔ be woagblẽ anyigba dzeani sia eye edzinɔlawo katã natsrɔ̃ la, ade nu nya la me. Biabia lae nye be, Aleke wòle ewɔ gee?
Tia Agbe!
Biblia ɖo eŋu le Psalmo 92:8 be: “Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene, eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la, tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa.” Vɔ̃ɖinyenye ŋutɔe Mawu aɖe ɖa atsɔ akpɔ anyigba ƒe kuxiwo gbɔe. Dzidzɔtɔe la, mefia be woaɖe amewo katã ɖa o. Psalmo 37:34 na kakaɖedzi mí be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.”
Nya siawo fia be mɔnukpɔkpɔ li be ame nakpɔ ɖeɖe le dzɔgbevɔ̃e gãtɔ kekeake si ava ameƒomea dzi la me. Mawu na tiatiawɔwɔ ƒe mɔnu mí. Nya siwo Mose tsɔ xlɔ̃ nu Israel-viwo esime wonɔ dzadzram ɖo be woayi Ŋugbedodonyigbaa dzi la sɔ na míawo hã egbea, be: “Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe.” (Mose V, 30:19) Gake aleke koŋ ame ‘atia agbe’ eye wòakpɔ ɖeɖee? Nuka tututue ɖeɖekpɔkpɔ vavãtɔ fia?
-
-
Ðeɖekpɔkpɔ Nusi Tututu WòfiaGbetakpɔxɔ—1997 | August 15
-
-
Ðeɖekpɔkpɔ Nusi Tututu Wòfia
‘ÐE NÈKPƆ ɖeɖea?’ Zi geɖe amesiwo biaa nya sia ƒe susue nye be yewokpɔ ɖeɖe elabena ‘yewoxɔ Yesu be enye yewoƒe Ðela.’ Gake ame aɖewo hã susu be woate ŋu ato mɔ vovovo dzi akpɔ ɖeɖe eye be zi alesi ‘Yesu le wò dzime’ ko la, nusi nèxɔ se alo sɔleme si nèdena gɔ̃ hã megale vevie o.
Biblia gblɔ be Mawu ƒe didie wònye be “woaxɔ amewo katã.” (Timoteo I, 2:3, 4) Eyata ɖeɖekpɔkpɔ li na amesiame si alɔ̃ axɔe. Gake nuka koŋ ye wòfia be woakpɔ ɖeɖe? Ðe wònye nusi asu asiwò agbagba boo aɖeke madzemadzee alo nusi nàɖo asi glã ko akpɔ yea?
Nya “ɖeɖekpɔkpɔ” gɔmee nye “xɔxɔ tso afɔku alo tsɔtsrɔ̃ me.” Eyata ɖeɖekpɔkpɔ vavãtɔ mefia susu ƒe akɔdzeanyi ko o. Efia be woakpɔ ɖeɖe atso fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ me kple tso ku ŋutɔ me mlɔeba! Gake ameka koŋue Mawu aɖe? Mina míadzro nusi Yesu Kristo fia le nyati sia ŋu me atsɔ aɖo eŋui. Ðewohĩ nusi ŋu míake ɖo le míaƒe numedzodzroa me awɔ mo yaa na wò.
Ðeɖekpɔkpɔ—Ðe Woakpɔe le Subɔsubɔha Ðesiaɖe Mea?
Yesu ɖo dze kple Samaria-nyɔnu aɖe gbeɖeka. Togbɔ be menye Yudatɔe wònye o hã la, esɔ be exɔe se be Mesia “si woyɔna be Kristo” gbɔna. (Yohanes 4:25) Ðe dzixɔse ma ɖeɖeko sɔ gbɔ nɛ be wòakpɔ ɖeɖea? Ao, elabena Yesu gblɔ na nyɔnua dzideƒotɔe be: “Miawo la miedoa gbe ɖa na nusi mienya o.” Yesu nya be hafi nyɔnu sia nakpɔ ɖeɖe la, ahiã be wòatrɔ eƒe subɔsubɔ. Eyata Yesu ɖe nu me nɛ be: “Gake gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esi nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me; elabena Fofo la dia gbedoɖala siawo tɔgbe.”—Yohanes 4:22, 23.
Ɣebubuɣi si Yesu gagblɔ eƒe nukpɔsusu le ɖeɖekpɔkpɔ ŋue nye esime wo kple Farisitɔwo, Yuda-subɔsubɔ ƒe kɔmamã xɔŋkɔ aɖe me tɔwo do go. Farisitɔawo ɖo subɔsubɔ nuɖoanyi aɖe eye wosusu be Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Gake se nya si Yesu gblɔ na Farisitɔawo ɖa: “Alakpatɔwo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti bena: ‘Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. Eye dzodzro wole subɔyem hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiam.’ ”—Mateo 15:7-9.
Ke subɔsubɔha gbogbo siwo ƒua asi akɔ egbea be yewoxɔ Kristo dzi se ya ɖe? Ðe Yesu ada asi ɖe wo katã dzi be wonye mɔ nyuitɔ siwo dzi woato akpɔ ɖeɖea? Mele be míasusu nya aɖe ko agblɔ o elabena Yesu gblɔe kɔte be: “Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi míenyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le o ɖe? Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!”—Mateo 7:21-23.
Yesu Ŋuti Sidzedze Vavãtɔ Hiã Hena Ðeɖekpɔkpɔ
Yesu ƒe nya siawo na wobua tame. Efia be ame geɖe siwo doa vevie subɔsubɔ mele ‘Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm’ o. Ke aleke ame awɔ akpɔ ɖeɖe vavãtɔ? Timoteo I, 2:3, 4 ɖo eŋu be: “[Mawu] le didim be, woaxɔ amewo katã, bena woava nyateƒe ƒe sidzedze [vavãtɔ, NW] la me.”—Tsɔe sɔ kple Kolosetɔwo 1:9, 10.
Sidzedze ma le vevie hena ɖeɖekpɔkpɔ. Esime Roma-gaxɔdzikpɔla aɖe bia Paulo kple eƒe zɔhɛ, Sila be, “Nukae le nam be mawɔ, bena makpɔ ɖeɖe mahã?” la, woɖo eŋu be: “Xɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se, eye mia kple aƒewò me miakpɔ ɖeɖe.” (Dɔwɔwɔwo 16:30, 31) Ðe wòfia be nusi wòhiã be gaxɔdzikpɔla la kple eƒe ƒometɔwo nawɔ koe nye be seselelãme aɖe naɖo woƒe dzimea? Ao, nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be, womate ŋu ‘axɔ Aƒetɔ Yesu dzi ase’ o negbe ɖe wonya nane tso amesi Yesu nye, nusi wòva wɔ, kple nusi wòfia ŋu ko hafi.
Le kpɔɖeŋu me, Yesu fia nu be woaɖo dziƒodziɖuɖu aɖe anyi—“Mawufiaɖuƒe la.” (Luka 4:43) Eɖo Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ kple nuwɔnawo ŋuti gɔmeɖosewo hã ɖi. (Mateo, ta 5-7) Egblɔ nusi wòle be eƒe nusrɔ̃lawo nawɔ ne dunyahenyawo do mo ɖa. (Yohanes 15:19) Eɖo xexeame godoo ƒe nufiafiaɖoɖo aɖe anyi eye wode dɔ asi na eyomedzelawo be woakpɔ gome le eme. (Mateo 24:14; Dɔwɔwɔwo 1:8) Ẽ, ‘Yesu dzi xɔxɔ se’ bia be woanya nu geɖe! Eyata mewɔ nuku be Paulo kple Sila “wogblɔ Aƒetɔ ƒe nya la [na gaxɔdzikpɔla la] kple amesiwo katã le eƒe me” hafi ame yeye siawo va xɔ nyɔnyrɔ o.—Dɔwɔwɔwo 16:32, 33.
Mawu Ŋuti Sidzedze Vavãtɔ Hã le Vevie
Nu bubu si hiã ne woxɔ Yesu dzi se vavãe nye be woasubɔ Mawu si Yesu ŋutɔ hã subɔ. Yesu do gbe ɖa be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.
Esime Mawu ƒe Vi la nɔ eƒe subɔsubɔdɔ wɔm le anyigba dzi la, mehea susu yia eya ŋutɔ ɖokui dzi o ke Fofoa boŋ dzie wòhea susu yinɛ. Megblɔ kpɔ gbeɖe be yee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ o. (Yohanes 12:49, 50) Enuenu la, Yesu na ɖoƒe si wòle le Mawu ƒe ɖoɖo me la me kɔ be ye Fofo tee yele. (Luka 22:41, 42; Yohanes 5:19) Ẽ, Yesu gblɔ be, ‘Fofo la lolo wum.’ (Yohanes 14:28) Ðe wofia ƒomedodo si tututu le Mawu kple Kristo dome wò le miaƒe sɔlemea? Alo ɖe wona nèxɔe se be Yesu ŋutɔe nye Mawu Ŋusẽkatãtɔa? Gɔmesese nyuitɔe asu asiwò hafi nàkpɔ ɖeɖe.
Yesu de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo le Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la me be woado gbe ɖa be: “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!” (Mateo 6:9) Biblia gɔmeɖeɖe akpa gãtɔ ŋlɔe be Mawu ƒe ŋkɔe nye “Aƒetɔ” ale be ŋkɔa megale nyanya o. Gake Mawu ƒe ŋkɔ dze zi gbɔ zi akpe ade kple edzivɔ le “Nubabla Xoxoa” blematɔwo me! Eyata Psalmo 83:19 xlẽ be: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” Ðe wofia wò be nàzã Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowaa? Ne womefiae wò o la, ke nya ku ɖe wò ɖeɖekpɔkpɔ ŋu, elabena “amesiame, si ke ayɔ [Yehowa, NW] ƒe ŋkɔa la, woaɖee.”—Dɔwɔwɔwo 2:21; tsɔe sɔ kple Yoel 2:32.
Le Gbɔgbɔ Kple Nyateƒe Me
Yesu Kristo he susu yi Mawu ƒe Nya, Biblia la, hã dzi. Ne ele Mawu ƒe nukpɔsusu me ɖem le nya aɖewo ŋu la, zi geɖe egblɔna be: “Woŋlɔ ɖi bena.” (Mateo 4:4, 7, 10; 11:10; 21:13) Yesu do gbe ɖa ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me be: “Wɔ wo kɔkɔe le nyateƒe la me, wò nya la enye nyateƒe.”—Yohanes 17:17.
Eyata Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒe nufiafiawo gɔmesese nye nu bubu si hiã hafi woakpɔ ɖeɖe. (Timoteo II, 3:16) Biblia koe ɖo nya siwo gbɔna tɔgbe ŋu: Gɔmesese kae le agbe ŋu? Nukata Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye le edzi yim eteƒe didi alea? Nukae dzɔna ɖe ame dzi ne eku? Ðe Mawu wɔa funyafunya amewo le dzomavɔ ƒe dzobibi mea? Tameɖoɖo kae le Mawu si ku ɖe anyigba la ŋu?a Womate ŋu asubɔ Mawu wòasɔ ne womese nya mawo gɔme nyuie o, elabena Yesu gblɔ be: “Nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”—Yohanes 4:23.
Xɔse Ʋãa Ame Wòwɔa Afɔɖeɖe
Ðeɖekpɔkpɔ bia nu geɖe wu nu nyanya ɖe tame ko. Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ naa xɔse ɖoa dzi si wɔa nya dzi me. (Romatɔwo 10:10, 17; Hebritɔwo 11:6) Xɔse ma ʋãa ame wòwɔa afɔɖeɖe. Le kpɔɖeŋu me, Biblia xlɔ̃ nu be: “Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo, bena ne gbɔɖemeɣi nava tso Aƒetɔ la ƒe ŋku me.”—Dɔwɔwɔwo 3:19, 20.
Ẽ, ɖeɖekpɔkpɔ bia hã be woanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenu siwo ku ɖe nuwɔna kple agbenyuinɔnɔ ŋu nu. Mawu ƒe Nya la ƒe ametrɔŋusẽ ate ŋu awɔe be anukwareɖiɖi kple nyateƒetoto nava xɔ ɖe agbenɔnɔ aɖewo siwo mã ame abe aʋatsokaka kple amebeble ene teƒe. (Tito 2:10) Wova ɖea asi le agbenyuimanɔmanɔ abe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ, ahasiwɔwɔ, kple matrewɔwɔ ene ŋu eye agbedzadzɛnɔnɔ va xɔna ɖe wo teƒe. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Menye asiɖeɖe le agbenɔnɔ aɖe ŋu ɣeyiɣi kpui aɖe le seselelãme aɖe ta ƒe nuwɔna aɖe koe o ke enye tɔtrɔ koŋ si tso Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ nyuie kple edziwɔwɔ me.—Efesotɔwo 4:22-24.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, lɔlɔ̃ na Mawu kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu ʋãa dzianukwaretɔ be wòaɖe adzɔgbe na Mawu bliboe eye wòatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime aɖo kpe edzii. (Mateo 28:19, 20; Romatɔwo 12:1) Kristotɔ xɔnyɔnyrɔwo kpɔ ɖeɖe le Mawu ƒe ŋkume. (Petro I, 3:21) Le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna me la, Mawu akpɔ wo ta ato xaxa ma me ale wòaxɔ na wo keŋkeŋ.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14.
Nusi Ðeɖekpɔkpɔ Ate Ŋu Afia na Wò
Edze kɔte le numedzodzro kpui sia me be ɖeɖekpɔkpɔ bia nu geɖe wu be ‘Aƒetɔ Yesu nanɔ wò dzime’ dzro ko. Efia be Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu ame si eye woawɔ tɔtrɔ le agbe me. Nusia wɔwɔ adzi ŋɔ na wò, gake Yehowa Ðasefowo lɔ̃ be yewoakpe ɖe ŋuwò nàwɔe. Woate ŋu ato aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee me akpe ɖe ŋuwò be nàva ɖeɖekpɔkpɔ vavãtɔ ƒe mɔ dzi.b
Le esi Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃gbe si gbɔna gogo ta la, nusia wɔwɔ hiã kpata fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si va yi! Fifiae nye ɣeyiɣi si me nàwɔ ɖe nyagblɔɖila la ƒe nyawo dzi, be: “Hafi ne Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli nava mia dzi, eye hafi ne Yehowa ƒe dzikudogbe nava mia dzi! Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, ame aɖe menya nu o woatsɔ mi aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!”—Zefanya 2:2, 3.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ne èdi nya siawo me dzodzro la, taflatse kpɔ Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.
b Ne àdi be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye la, taflatse yi Yehowa Ðasefowo ƒe hame si te ɖe ŋuwò me. Alo àte ŋu aŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe magazine sia talawo.
[Aɖaka si le axa 6]
Ðeɖekpɔkpɔ Tsoa . . .
◻ Mawu kple Yesu ŋuti sidzedze vavãtɔ ƒe amesisusu me.—Yohanes 17:3.
◻ Xɔse tsɔtsɔ wɔ dɔe me.—Romatɔwo 10:17; Hebritɔwo 11:6.
◻ Dzimetɔtrɔ kple agbenɔnɔ tɔtrɔ me.—Dɔwɔwɔwo 3:19; Efesotɔwo 4:22-24.
◻ Adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ me.—Mateo 16:24; 28:19, 20.
◻ Gbeƒãɖeɖe le gaglãgbe ɣesiaɣi me.—Mateo 24:14; Romatɔwo 10:10.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Biblia sɔsrɔ̃, nusi wosrɔ̃ dzi wɔwɔ, adzɔgbeɖeɖe, kple nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔɖeɖe siwo kplɔa ame yia ɖeɖekpɔkpɔ mee
-