INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 9/8 axa 22-23
  • “Womenye Xexeame ƒe Akpa Aɖeke O” Egɔme Ðe?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Womenye Xexeame ƒe Akpa Aɖeke O” Egɔme Ðe?
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kristotɔwo Metsri Hadomenɔnɔ O
  • ‘Migagblɔ Busunya Ðe Ame Aɖeke Ŋuti O’
  • ‘Miwɔ Nu Nyui na Amesiame’
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Ne Wò Ƒometɔwo Mele Subɔsubɔha Ðeka Me Kpli Wò O
    Nyɔ!—2003
  • Wolé Fu Wo Ðe Woƒe xɔse ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Míaƒe Xɔse Taʋiʋli
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 9/8 axa 22-23

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

“Womenye Xexeame ƒe Akpa Aɖeke O” Egɔme Ðe?

LE ƑE alafa enelia M.Ŋ. me la, ame akpe geɖe siwo be Kristotɔwo yewonye la gblẽ woƒe nunɔamesiwo, ƒometɔwo, kple agbenɔnɔ si mã wo ɖi yi ɖanɔ aga le Egipte ƒe dzogbenyigbawo dzi. Wova tsɔ ŋkɔ na wo be ame saɖeagawo, si tso Helagbe me nya a·na·kho·reʹo, si gɔmee nye “meɖe ɖe aga” me. Ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be wonye amesiwo metena ɖe wo ŋɔlimetɔwo ŋu o. Ame saɖeagaawo susu be ne yewote ɖa le amewo ŋu ko la, ke yewole wɔwɔm ɖe nusi wobia tso Kristotɔwo si be ‘woaganye xexeame ƒe akpa aɖeke o’ la dzi.—Yohanes 15:19.

Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo nyateƒe be ‘woadzra wo ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexeame.’ (Yakobo 1:27) Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu kɔte be: “Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.” (Yakobo 4:4) Ke ɖe wòfia be wodi be Kristotɔwo nazu ame saɖeagawo, ado le amewo dome le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nua? Ðe wòle be woanɔ adzɔge tso amesiwo ƒe mawusubɔsubɔ dzixɔsewo mesɔ kple wo tɔ o la gbɔa?

Kristotɔwo Metsri Hadomenɔnɔ O

Woƒo nu tso xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye ŋu le Biblia ƒe akpa geɖe siwo te gbe ɖe alesi wòhiã be Kristotɔwo naɖe vovo tso ameƒomea ƒe akpa gãtɔ siwo gbe Mawu gbɔ la dzi. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 6:14-17; Efesotɔwo 4:18; Petro II, 2:20.) Eyata nyateƒe Kristotɔwo wɔa nu le nunya me ale be wotsria nɔnɔme, nuƒoƒo, kple agbenɔnɔ siwo tsi tre ɖe Yehowa ƒe mɔ dzɔdzɔeawo ŋu, si ƒe ɖewoe nye alesi xexeame tsɔ ŋukeklẽ nɔa kesinɔnuwo kple ŋkɔxɔxɔ yomee, kpakple woƒe hadzegbenɔnɔ blibaa. (Yohanes I, 2:15-17) Wotea wo ɖokui ɖa tso xexeame gbɔ hã to numademade aʋawɔnyawo kple dunyahenyawo me.

Yesu Kristo gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo ‘manye xexeame ƒe akpa aɖeke o.’ Gake egado gbe ɖa na Mawu be: “Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.” (Yohanes 17:14-16) Edze ƒã be Yesu medi be yeƒe nusrɔ̃lawo natsri hadomenɔnɔ, agbe hadede kurakura kple amesiwo menye Kristotɔwo o la o. Le nyateƒe me ne Kristotɔ sa eɖokui ɖe aga la, ke mate ŋu awɔ dɔ si wode esi be wòaɖe gbeƒã ahafia nu “le gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me” la o.—Dɔwɔwɔwo 20:20; Mateo 5:16; Korintotɔwo I, 5:9, 10.

Aɖaŋu si woɖo na Kristotɔwo be woadzra wo ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexeame gbɔ menye nusita woabu wo ɖokui gã wu ame bubuwo o. Amesiwo vɔ̃a Yehowa léa fu “ɖokuidodoɖedzi.” (Lododowo 8:13) Galatiatɔwo 6:3 gblɔ be “ne ame aɖe bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle.” Amesiwo susu be yewoe nye gã wu la le wo ɖokui blem elabena “wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo.”—Romatɔwo 3:23.

‘Migagblɔ Busunya Ðe Ame Aɖeke Ŋuti O’

Le Yesu ŋɔli la, ame aɖewo nɔ anyi siwo doa vlo amesiame si mele woƒe subɔsubɔha siwo me ame ŋkutawo ko nɔna la me o. Farisitɔwo hã le amesiawo dome. Wonya Mose ƒe Sea nyuie eye wonya Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi suetɔwo kekeake hã. (Mateo 15:1, 2; 23:2) Woƒoa adegbe le subɔsubɔkɔnu gbogbo aɖewo dzi wɔwɔ pɛpɛpɛ ŋu. Le Farisitɔwo ƒe nunya kple subɔsubɔha si me wole ta la, wowɔa nu abe ke woawoe nye gã wu ame bubuwo ene. Woɖea woƒe alakpamawuvɔvɔ̃ kple vlodoame ƒe nɔnɔme fiana gblɔna be: “Ameha sia, si mele se la me nyam o la, koe le wo ŋuɖinu wɔm.”—Yohanes 7:49.

Amedaɖeanyiŋkɔ aɖe gɔ̃ hã nɔ Farisitɔwo si woyɔna na amesiwo menye Farisitɔwo o. Tsã la, susu nyui nu ye wozãa Hebrigbe me nya ʽam ha·ʼaʹrets na ame tsɛwo le hafi. Gake emegbe Yudatɔ subɔsubɔhakplɔla dadalawo va trɔ gɔmesese si le nya ʽam ha·ʼaʹrets ŋu wòzu ŋukpedoameŋkɔ. Subɔsubɔha bubuwo kpakple amesiwo be Kristotɔwoe yewonye hã zã nya abe “trɔ̃subɔla” kple “ŋkumaʋumaʋutɔ” ene vlodoametɔe na amesiwo ƒe subɔsubɔ dzixɔsewo to vovo na wo tɔ.

Ke aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo bu amesiwo mexɔ Kristotɔnyenye o lae? Woxlɔ̃ nu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ nu kple dzimaxɔsetɔwo le ‘dɔmefafa’ kple ‘bubu deto’ me. (Timoteo II, 2:25; Petro I, 3:15) Apostolo Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe le go sia me. Wote ŋu tena ɖe eŋu eye medana o. Le esi wòado eɖokui ɖe dzi teƒe la, ebɔbɔa eɖokui eye wòtua ame ɖo. (Korintotɔwo I, 9:22, 23) Paulo xlɔ̃ nu le agbalẽ si wòŋlɔ na Tito me be ‘míagagblɔ busunya ɖe ame aɖeke ŋuti o, míaganye dzrehelawo o; míanye ame fatuwo, míatsɔ dɔmefafa katã awɔ nu kple amesiame.’—Tito 3:2.

Wozãa nya “dzimaxɔsetɔ” le Biblia me ɣeaɖewoɣi tsɔ fiaa amesiwo menye Kristotɔwo o. Gake kpeɖodzi aɖeke meli si fia be wozã nya “dzimaxɔsetɔ” wònye ŋkɔ nyanyɛ alo megbeŋkɔ o. Enye nyateƒe be womezãe tsɔ da amesiwo menye Kristotɔwo o la ɖe anyi alo tsɔ do vlo wo o, elabena anye nusi atsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu. (Lododowo 24:9) Egbea Yehowa Ðasefowo tsria ɖokuidodoɖedzi alo gbedada ɖe dzimaxɔsetɔwo gbɔ. Wobunɛ be enye amemabumabu be woatsɔ amedaɖeanyiŋkɔwo na woƒe ƒometɔ alo wo havi siwo menye Ðasefowo o. Wowɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, esi gblɔ be: “Ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be . . . wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã.”—Timoteo II, 2:24.

‘Miwɔ Nu Nyui na Amesiame’

Ele vevie be míade dzesi afɔku siwo le xɔlɔ̃dzedze xexeame me, vevietɔ xɔlɔ̃dzedze amesiwo medea bubu Mawu ƒe gɔmeɖosewo ŋu kura o. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 15:33.) Gake esi Biblia ɖo aɖaŋu be “míawɔ nu nyui na amesiame” la, amesiwo menye Kristotɔwo o la le “amesiame” la dome. (Galatiatɔwo 6:10) Edze ƒã be ɣeaɖewoɣi la, ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ɖua nu kple dzimaxɔsetɔwo. (Korintotɔwo I, 10:27) Eyata egbea la, Kristotɔwo dana sɔna le nuwɔwɔ kple dzimaxɔsetɔwo me, eye wobua wo wo haviwoe.—Mateo 22:39.

Manyo be woasusu be ame aɖe nye ame maɖɔʋu alo enye agbegbegblẽnɔla le esi menya Biblia me nyateƒeawo o ta o. Nɔnɔmewo kple amewo le vovovo. Eyata ele na Kristotɔ ɖesiaɖe be wòatso nya me le afisi wòade ha kple dzimaxɔsetɔwo ase ɖoe ŋu. Gake mahiã o eye masɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu hã be Kristotɔ naɖe eɖokui ɖa le ame dome ŋutɔŋutɔ abe alesi ame saɖeagaawo wɔe ene o alo abu eɖokui gã abe Farisitɔwo ene o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe