INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 5/15 axa 26-29
  • Kpɔ Nyuie—be Màgabu Susu Vɔ̃ Ðe Ame Ŋu O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Nyuie—be Màgabu Susu Vɔ̃ Ðe Ame Ŋu O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Blema Nufiame Aɖe
  • Míaƒe Nukpɔsusu le Hamemegãwo Ŋu
  • Seselelãme Ðe Dzilawo Ŋu
  • Míaƒe Nɔnɔme ɖe Hati Kristotɔwo Ŋu
  • Lɔlɔ̃ Neʋã Wò
  • Woɖe Wo, Menye To Dɔwɔwɔ Ko Dzi o, Ke To Amenuveve Hã Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Èbua Amewo Abe Ale Si Yehowa Bua Woe Enea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • “Miyi Edzi Miazɔ Le Lɔlɔ̃ Me”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • ‘Wɔ Nu Dzɔdzɔe’ Le Zɔzɔ Kple Mawu Me
    Te Ðe Yehowa Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 5/15 axa 26-29

Kpɔ Nyuie—be Màgabu Susu Vɔ̃ Ðe Ame Ŋu O

TELEVISION dzi mawunyagblɔla xɔŋkɔ aɖe bu fɔ ehati mawunyagblɔla aɖe vevie le eƒe ahasiwɔwɔ ta. Gake kaka ƒe ɖeka naɖo la, wolé mawunyagblɔla sia si bu fɔ nɔvia le gbolo aɖe gbɔ.

Le nya bubu me la, xexemeŋusẽ deŋgɔ aɖe ɖo amedɔdɔwo ɖa be woana aʋawɔhawo nawɔ ŋutifafa. Le ɣeyiɣi ma ke me la, dukɔ ma ke dɔ eƒe aʋawɔnusitsalawo ɖe duta dukɔwo me le adzame be woadzra aʋawɔnu siwo xɔ dɔlar biliɔn geɖe.

Esi wònye alakpanuwɔwɔ gaglã va bɔ ta la, ɖe wòwɔ nuku be ɖikeke va xɔ ɖe kakaɖeamedzi teƒea? Eva zu numãme na ame geɖe be woabu nazã ɖe ame bubuwo ŋu.

Ele na mí Kristotɔwo ya be míakpɔ nyuie be míagana nɔnɔme mawo nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ƒomedodo kple haxɔsetɔwo dzi o. Togbɔ be Yesu Kristo xlɔ̃ nu mí be “[míadze] aɖaŋu abe dawo ene” le míaƒe futɔwo dome hã la, megblɔ be ele be míabu susu vɔ̃ ɖe ye yomedzela vavãtɔwo ŋu o. (Mateo 10:16) Eyata afɔku kawoe le susu vɔ̃ bubu ɖe ame ŋu me? Go kawo mee wòle be míakpɔ nyuie le etɔxɛe be míatsri nɔnɔme ma? Eye aleke míawɔ akpɔ ƒomedodo xɔasi si le mía kple mía hati Kristotɔwo dome ta?

Blema Nufiame Aɖe

Susu vɔ̃ bubu ɖe ame bubuwo ŋu kpeɖodzi nyui aɖeke manɔŋui sɔ kple ʋɔnudɔdrɔ̃ wo. Ðeko wòle abe ɖe míele bubum ɖe wo ŋu be woƒe nyagbɔgblɔwo alo nuwɔnawo nye ameflunu si wotsɔ tsyɔ godzenu kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ aɖe dzi ene. Abe alesi míakpɔe le Yosua ta 22 ene la, nukpɔsusu dada gbɔ koŋ ye kuxia tsona.

Israel-viwo ɖu Ŋugbedodonyigba la dzi nɔlawo dzi vɔ eye womã anyigba na wo ɖe woƒe toawo nu teti koe nye ma. Ruben kple Gad towo kpakple Manase ƒe to afã ɖi vɔsamlekpui “gã nyui aɖe” ɖe Yordan Tɔsisi to. To bubuawo bui vodadatɔe be nuwɔna sia nye xɔsegbegbenuwɔna. Wobui be to etɔ̃ siawo azã vɔsamlekpui gã sia na vɔsasa le esi teƒe be woava avɔgbadɔ si le Silo, afisi woɖo ɖi na tadedeagu la gbɔ. Enumake, to siwo me tɔwo tsɔ fɔbunya ɖe wo ŋu la dzra ɖo be yewoaho aʋa ɖe wo ŋu.—Yosua 22:10-12.

Nu nyui si wowɔe nye be wodɔ amegã siwo nu Pinexas nɔ la ɖo ɖa ale be woƒo nu kple wo nɔvi Israel-viwo. Esi to siwo wobu be wodze agɔ la se wotsɔ nuteƒemawɔmawɔ, aglãdzedze, kple xɔsegbegbe ƒe nutsotso ɖe wo ŋu ko la, woɖe nusita woɖi vɔsamlekpui gã sia ɖo la me. Le esi teƒe be wòanye vɔsamlekpui na vɔsasa la, ɖe woɖoe be “wòanye ɖase” be Israel-viwo wɔ ɖeka le tadedeagu tsɔtsɔ na Yehowa me. (Yosua 22:26, 27) Amedɔdɔawo ƒe dzi dze eme wotrɔ gbɔ va aƒe be yewo nɔviawo mewɔ nu gbegblẽ aɖeke o. Esia wɔe be woxe mɔ na dukɔmeviʋa kple ʋukɔkɔɖeanyi dziŋɔ aɖe.

Nufiame nyui kae nye si wònye na mí be míagatso kpla abu susu vɔ̃ ɖe ame bubuwo ŋu o! Zi geɖe la, nusi míekpɔna ne míaƒe ŋku kli nane la nyea nu bubu kura ne míelé ŋku ɖe eŋu nyuie emegbe. Aleae wòle le Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa geɖe gome.

Míaƒe Nukpɔsusu le Hamemegãwo Ŋu

Le hamemegãwo ƒe dɔ si nye ‘Aƒetɔ ƒe hamea nyinyi’ me la, wokpɔnɛ ɣeaɖewoɣi be ele be yewoaɖo aɖaŋu na ame aɖewo le hamea me. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Le kpɔɖeŋu me, aleke míewɔa nui ne hamemegã aɖe ƒo nu tso mía viwo ŋu na mí le nya aɖewo abe hadede vɔ̃ alo nusi mesɔ o wɔwɔ ɖe ŋutsu alo nyɔnu ŋu ene la ŋuti? Ðe míebunɛ be eɖo nane ɖe tame eye míegblɔna na mía ɖokui be, ‘Melɔ̃ míaƒe ƒomea kura oa’? Ne míeɖe mɔ seselelãme mawo kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi la, míava ɖu ŋukpe gbeɖeka. Ðewohĩ mía viawo ɖo gbɔgbɔmefɔku me, eyata ele be míaxɔ Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo si akpe ɖe wo ŋu.—Lododowo 12:15.

Ne hamemegã aɖe ɖo aɖaŋu na mí la, migana míabu be ɖe wòɖo nane ɖe tame o. Ke boŋ mina míabia mía ɖokui se be ɖe míate ŋu akpɔ tsɔɖui le eƒe aɖaŋuɖoɖo si tso Biblia me la me le mɔ aɖe nu hã. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Le fifi ɣeyiɣi me la míebua tohehe katã dzidzɔe o, ke veve boŋ; gake emegbe la [etsea] dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã la.” (Hebritɔwo 12:11) Eyata mina míada akpe eye míatsɔ susu nyui adzro nyawo mee nyuie. Ðo ŋku edzi be zi geɖe la, alesi wòsesẽna na mí be míaxɔ aɖaŋuɖoɖoe la, nenema ke wòsesẽna na hamemegãwo be woaɖo aɖaŋui.

Seselelãme Ðe Dzilawo Ŋu

Ne dzilawo de se aɖewo na ɖeviwo la, wo dometɔ aɖewo bua susu vɔ̃ ɖe wo dzilawo ŋu. Ðevi aɖewo agblɔ be: ‘Nukata dzinyelawo dea se gbogbowo nenema? Womedi be mase vivi le agbe me o.’ Gake le esi teƒe be ɖeviwo naƒo nya ta nenema la, ehiã be woatsɔ susu nyui ada nyawo akpɔ.

Ƒe geɖe ye dzilawo zã le wo viwo dzikpɔkpɔ me. Wotsɔ ŋutilãmenuwo kple nu bubu geɖe sa vɔe. Ðe susu gobi aɖe li si ta woasusu be ɖe woɖoe kplikpaa azɔ be yewomagana agbe navivi na yewo vi ƒewuiviwo oa? Ðe manyo wu be woabui be lɔlɔ̃e ʋã dzila siawo be wokpɔ wo viwo ta eye be wolé be na wo oa? Ðe menye lɔlɔ̃ ma kee le wo ʋãm be woade se aɖewo na wo vi siwo dze ŋgɔ kuxi yeyewo le agbe me oa? Aleke wòanye tagbɔsesẽ kple ŋudzedzemakpɔmakpɔe nye si be woabu susu vɔ̃ ɖe dzila siawo ŋu!—Efesotɔwo 6:1-3.

Míaƒe Nɔnɔme ɖe Hati Kristotɔwo Ŋu

Ame geɖe bua nazã ɖe ame bubuwo ŋu eye wobua wo be ale kple alee wole. Ke ne nɔnɔme ma le mía ŋutɔwo si eye míebua susu vɔ̃ ɖe ame aɖewo ŋu ɖe? Anye xexeame ƒe nɔnɔmewoe le ŋusẽ kpɔm ɖe mía dzi le go sia mea?

Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be aƒe dzeani aɖe kple ʋu xɔasi aɖe le míaƒe gbɔgbɔmenɔvi aɖe si. Ðe wòle be míaƒo nya ta enumake be ŋutilãmenudilae wònye eye metsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me oa? Kristotɔ aɖewo ate ŋu aƒle nu xɔasiwo, gake ema mefia be susu vɔ̃e le wo si alo be womele ‘fiaɖuƒea dim gbãgbiagbã’ o. Ðewohĩ wobiãa ŋku ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu, eye wokɔa dɔme zãa woƒe ŋutilãmenunɔamesiwo tsɔ doa alɔ Fiaɖuƒea ƒe dɔwo, eye ɖewohĩ metena ɖe wo dzi o.—Mateo 6:1-4, 33.

Ameƒomevi vovovowoe nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea me—kesinɔtɔwo kple ame dahewo. (Dɔwɔwɔwo 17:34; Timoteo I, 2:3, 4; 6:17; Yakobo 2:5) Menye amewo ƒe gakpɔkpɔ dzie Mawu nɔa te ɖo tsɔ bua wo ŋu o, eye mele be míawo hã míanɔ te ɖe nu mawo dzi o. Ele be míalɔ̃ míaƒe haxɔsetɔ siwo ƒe nu nyuiwɔwɔ wonya eye wonye nuteƒewɔlawo, eye “[míagawɔ] naneke alé go ɖeka me awu bubu o.”—Timoteo I, 5:21.

Le xexeme sia si le Satana ƒe ŋusẽ te me la, amewo bubu be ale kple ale wole kpakple susu vɔ̃ bubu ɖe wo ŋu dzena le mɔ vovovo nu. Le kpɔɖeŋu me, wote ŋu nɔa te ɖe afisi ame tso dzi bunɛ be amea nye ŋutasẽla alo ŋutilãmenudila. Gake mele be nɔnɔme mawo tɔgbe nanɔ mí Kristotɔwo si o. Mele be tɔnyee wu ƒe nɔnɔme kple susu vɔ̃ bubu ɖe ame ŋu nanɔ Yehowa ƒe habɔbɔa me o. Ehiã be Kristotɔ vavãwo katã nasrɔ̃ Yehowa Mawu, amesi gbɔ “nu madzɔmadzɔ wɔwɔ aɖeke, amedzidede aɖeke . . . [mele] o.”—Kronika II, 19:7; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Lɔlɔ̃ Neʋã Wò

Ŋɔŋlɔawo gblɔe kɔte be, “wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” (Romatɔwo 3:23) Eyata ehiã be míabu mía hati tadeagulawo be wonye amesiwo wɔ ɖeka kpli mí míele agbagba dzem be míatsɔ subɔsubɔ si dze la ana Yehowa. Ne míeɖe mɔ susu vɔ̃ bubu alo seselelãme masɔmasɔ bubuwo kpɔ ŋusẽ ɖe ƒomedodo si le mía kple gbɔgbɔ me nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe dome dzi la, mina míado gbe ɖa abia Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu nɔnɔme ma dzi ale be míagadze Satana si me o. (Mateo 6:13) Eble Xawa be susu vɔ̃e nɔ Yehowa si, be metsɔ ɖeke le eya ƒe nyonyo me o, eye enɔ ablɔɖe siwo ana wòakpɔ dzidzɔ vavãtɔ la tem eyama. (Mose I, 3:1-5) Ne míebua susu vɔ̃ ɖe mía nɔviwo ŋu la, ke nusiwo dim wòle ko wɔm míele.—Korintotɔwo II, 2:11; Petro I, 5:8.

Ne míekpɔe be edzroa mí be míabu susu vɔ̃ ɖe amewo ŋu la, ke bu kpɔɖeŋu si Yesu Kristo ɖo ɖi ŋu kpɔ. Togbɔ be Mawu ƒe Vi debliboe wònye hã la, medi susu vɔ̃wo le eƒe nusrɔ̃lawo ŋu o. Ke boŋ nɔnɔme nyui si le wo si ŋue wòléa ŋku ɖo. Esime eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ɖoƒe kɔkɔ ʋlim la, mebui be susu vɔ̃e nɔ wo si eyata yeatia apostolo 12 bubu ɖe wo teƒe o. (Marko 9:34, 35) Esi womede blibo o ta la, ɖewohĩ Yuda-subɔsubɔha si de megbe ƒe nuwɔna, si me dada kple vovototodede ame dome bɔ ɖo lae kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Yesu nyae be nu vevi si ʋãa yeƒe nusrɔ̃lawoe nye lɔlɔ̃ na Yehowa. Le lɔlɔ̃ ma si woɖe fia kple Yesu ŋu nɔnɔ kplikplikpli ta la, woɖo eteƒe na wo geɖe.—Luka 22:28-30.

Ne míetsɔ susu vɔ̃ kpɔa míaƒe haxɔsetɔ nuteƒewɔlawo la, ɖeko wòanɔ abe ɖe míele nu kpɔm to ahuhɔ̃e si me nuwo trɔna bubui le ene. Naneke madze abe alesi tututu nua le ene o. Eyata mina míakpɔ nu to lɔlɔ̃huhɔ̃e me. Kpeɖodzi geɖe li si fia be mía hati Kristotɔ nuteƒewɔlawo lɔ̃ mí eye wodze be míade bubu wo ŋu dɔmenyotɔe. (Korintotɔwo I, 13:4-8) Eyata mina míaɖe lɔlɔ̃ afia wo eye míakpɔ nyuie be míagabu susu vɔ̃ ɖe wo ŋu o.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Aleke nèbua ame bubu siwo le Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe?

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Kakaɖeamedzi kple bubudedeameŋu na Yehowa Ðasefowo zu ƒome wɔɖeka si me dzidzɔ le

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe