Ele Be Amesiame ‘Naxɔ Nya la Kple Dzi Blibo’!
1 Yehowa Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kple ame miliɔn geɖe. Ne woadze akpɔ agbe mavɔ la, ele be ‘woaxɔ nya la kple dzi blibo’ abe alesi ame 3,000 siwo trɔ dzime hexɔ nyɔnyrɔ le Pentekoste-ŋkekea dzi le ƒe 33 M.Ŋ. me wɔe ene. (Dɔw. 2:41) Agba kae esia da ɖe mía dzi egbea?
2 Ele be míakpe ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu woadi be woatsɔ wo ɖokui ana Yehowa. (Tim. I, 4:7-10) Ema ƒe aɖaŋue July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ƒe memamã 20 lia ɖo be: “Le nusɔsrɔ̃a katã me la, di mɔnukpɔkpɔ siwo me nàtu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu ɖe eme. Gblɔ seselelãme deto siwo le wò ŋutɔ mewò na Mawu la nɛ. Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòabu tame le ƒomedodo si me dzidzɔ le si anɔ wo kple Yehowa dome la ŋu.”
3 Gbetɔame si Dze Ŋgɔ Mí: Esi alakpasubɔsubɔ kpɔ ŋusẽ ɖe ame akpa gãtɔ dzi ta la, wokpɔa ŋudzedze ɖe tadedeagu si tɔgbe mebia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe o, si mebia be woawɔ tɔtrɔ gobii aɖeke le woƒe agbenɔnɔ me o la ŋu. (Tim. II, 3:5) Gbetɔame si dze ŋgɔ míe nye be míakpe ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu woakpɔe be nyateƒe subɔsubɔ bia nu geɖe wu Mawu ƒe nya la sese ko. Ele be woanɔ agbe ɖe nusi srɔ̃m wole la nu. (Yak. 1:22-25) Ne woƒe nuwɔna aɖe medzea Mawu ŋu o la, ele be woanya agba si le wo dzi be ‘woawɔ tɔtrɔ’ eye woawɔ nu dzɔdzɔe be woƒe nu nadze eŋu. (Dɔw. 3:19) Ne woakpɔ agbe mavɔ la, ele be ‘woaʋli sesĩe’ ahanɔ nyateƒea ƒe akpa dzi maʋãmaʋãe.—Luka 13:24, 25.
4 Ne miele agbenyuinɔnɔ ƒe akpa vovovowo me dzrom la, bia wò Biblia-nusrɔ̃via wòagblɔ alesi tututu wòbua nya siawoe kple nusi wòle be wòawɔ ne ekpɔe be ehiã be yeawɔ tɔtrɔwo le yeƒe agbenɔnɔ me. He eƒe susu yi habɔbɔ si gbɔ wòle nyateƒea srɔ̃m tsoe la dzi, eye nàde dzi ƒo nɛ be wòade hamea ƒe kpekpewo edziedzi.—Heb. 10:25.
5 Mina míaɖoe míaƒe taɖodzinui be míana míaƒe nufiafia naɖo nusrɔ̃via ƒe dzi gbɔ. Dzi adzɔ mí ne míeʋã ame yeyewo woxɔ Mawu ƒe Nya la kple dzi faa hexɔ nyɔnyrɔ!—Tes. I, 2:13.