INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 9/15 axa 8-9
  • Ðe Nuŋeŋezãwo Dzea Mawu Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nuŋeŋezãwo Dzea Mawu Ŋua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woƒe Ƒomedodo Kple Trɔ̃subɔsubɔ
  • Nukae Nye Mawu ƒe Susu?
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Ŋkekenyui Ðedzesiwo Le Israel Ƒe Ŋutinya Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Miyi Nuŋeŋedɔa Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Minye Nuŋela Kpɔdzidzɔwo!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 9/15 axa 8-9

Ðe Nuŋeŋezãwo Dzea Mawu Ŋua?

ATIKUTSETSE siwo nya kpɔ, amagbe dzeaniwo, kple nuku ʋaʋã babla siwo woli kɔ gleglegle nye nukpɔkpɔ nyui aɖe. Le nuŋeɣiwo la, wotsɔa nu mawo ɖoa atsyɔ̃ na nuɖuɖukɔkɔekplɔ̃wo kple mawunyagblɔkplɔ̃woe le sɔlemexɔwo me le England godoo. Woɖua azã vovovo le nuŋeɣi ƒe gɔmedzedze kple eƒe nuwuwu siaa le Europa kple teƒe bubuwo.

Amesiwo ƒe dɔwɔɖui nye agbledɔ koŋ daa akpe ɖe alesi anyigba la wɔ nui ta. Le nyateƒe me la, Mawu bia tso Israel-viwo si be woaɖu ƒezã etɔ̃ siwo do ƒome kplikplikpli kple nuŋeŋe. Le adame ƒe gɔmedzeɣi, le Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui dzi la, Israel-viwo tsɔa lubabla gbãtɔ siwo woŋe la ɖoa Mawu ŋkumee. Le Kwasiɖawo ƒe Ŋkekenyui (alo, Pentekoste) dzi le adame ƒe nuwuwu la, wotsɔa abolo siwo wotsɔ ƒoŋeɣi ƒe ƒo gbãtɔ mèe la wɔa nunanae. Woɖua Avaɖoɖoŋkekenyui si nyea Israel-viwo ƒe agbledeƒea ƒe nuwuwu la le keleme. (Mose II, 23:14-17) Azã siawo nye ‘takpegbe kɔkɔewo’ kple aseyetsoɣiwo.—Mose III, 23:2; Mose V, 16:16.

Ke egbeŋkekewo me nuŋeŋezãwo hã ɖe? Ðe wodzea Mawu ŋua?

Woƒe Ƒomedodo Kple Trɔ̃subɔsubɔ

Le alesi xexemenuwɔnawo va nɔ nuŋezãkplɔ̃ɖoɖo me eye ahamumu hã bɔ ɖe eme ɖe fu na Anglikan nunɔla aɖe si nɔ Cornwall, England, ta la, eɖoe le ƒe 1843 me be yeagafɔ Titinaɣeyiɣiwo me nuŋeɣikɔnu aɖe ɖe te. Etsɔ nuku gbãtɔ siwo woŋe la dometɔ aɖewo mè nuɖuɖu kɔkɔe boloe na eƒe sɔleme. Ewɔ nusia tsɔ gbɔ agbe Lammas-zã lae—enye “Kristotɔwo” ƒe azã aɖe si ame aɖewo gblɔ be edzɔ tso blema Celttɔwo ƒe mawu Lugh ƒe subɔsubɔ me.a Alea wɔ egbegbe Anglikan nuŋeŋezã dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ mee.

Ke azã bubu siwo woɖuna le nuŋeɣi ƒe nuwuwu ya ɖe? Encyclopædia Britannica gblɔ be kɔnu geɖe siwo wowɔna le ŋkekenyui siawo ɖuɣi la dzɔ tso “trɔ̃subɔlawo ƒe nuku ƒe gbɔgbɔ alo nuku dada dzixɔse me.” Agbledelawo xɔe se le nuto aɖewo me be gbɔgbɔ aɖe nɔa nukubabla mamlɛtɔ si woŋe me. Be woanyã gbɔgbɔa ado goe la, woƒoa nukua wòƒlɔna le atia ŋu keŋ. Le teƒe aɖewo la, wotsɔa nukua ƒe aŋgbawo lɔ̃a “nuku vidzĩ” si wodzrana ɖo be wòanye “aklama” vaseɖe ƒe si kplɔe ɖo ƒe nuƒãɣi. Emegbe wodzoboa anyigba kple nuku bliboa kple susu be anye yayra anɔ nuku yeyea dzi.

Wogblɔ le xotutu aɖewo me be nuŋeŋezãwo do ƒome kple Babilon mawu Tamus, si nye vidzidzi mawunɔ Ishtar srɔ̃, ƒe tadedeagu. Ne wofe nuku le ati ŋu ko la, esɔ kple alesi Tamus kui kpata. Xotutu aɖewo fia be wotsɔa amegbetɔ saa vɔe le nuŋeɣi—nuwɔna si Yehowa Mawu tsri.—Mose III, 20:2; Yeremya 7:30, 31.

Nukae Nye Mawu ƒe Susu?

Mawu ƒe nuwɔwɔ kple blema Israel fia be Yehowa, Agbenala kple Agbedzɔƒe, di be ye subɔlawo nade ta agu na ye ɖeɖeko. (Psalmo 36:10; Naxum 1:2) Le nyagblɔɖila Xezekiel ƒe ŋkekewo me la, avifafa na mawu Tamus nye “ŋunyɔnu gã” le Yehowa ŋkume. Nusia kple alakpasubɔsubɔ kɔnu bubuwo wɔe be Mawu do toku alakpasubɔla mawo ƒe gbedodoɖawo.—Xezekiel 8:6, 13, 14, 18.

Tsɔ nusia sɔ kple nusi Yehowa Mawu gblɔ na Israel-viwo be woawɔ le nuŋeɣi kpɔ. Le Avaɖoɖoŋkekenyui ɖuɣi la, Israel-viwo wɔa takpekpe kɔkɔe si me ɖeviwo kple ame tsitsiwo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, nɔa agbadɔ siwo wotsɔa ati damawo ƒe aŋgba dodowo ɖoa atsyɔ̃ na la me. Enyea aseyetsoɣi gã aɖe na wo, gake eganyea ɣeyiɣi si me wodea ŋugble le alesi Mawu ɖe wo tɔgbuiwo le woƒe Ʋuʋu tso Egipte la ŋu.—Mose III, 23:40-43.

Le Israel-viwo ƒe ŋkekenyuiwo ɖuɣi la, wosaa vɔ na Yehowa, Mawu vavã ɖeka la. (Mose V, 8:10-20) Ke le trɔ̃subɔsubɔ dzixɔse siwo ŋu nya míegblɔ va yi gome la, Biblia megblɔ le teƒe aɖeke be luʋɔ le agblemenu, abe ƒobablawo ene me o.b Eye Ŋɔŋlɔawo fia kɔte be agbe mele legbawo me o, womete ŋu ƒoa nu, kpɔa nu, sea nu, ʋẽa nu sena, tea nu kpɔna, alo kpena ɖe wo subɔlawo ŋu hã o.—Psalmo 115:5-8; Romatɔwo 1:23-25.

Egbea Kristotɔwo mele Se ƒe nubabla si Mawu bla kple blema Israel-dukɔa te o. Le nyateƒe me la, Mawu ‘ɖee ɖa esime woklãe ɖe Yesu ƒe fuwɔametia ŋuti.’ (Kolosetɔwo 2:13, 14) Yehowa subɔla egbegbe tɔwo nɔa agbe ɖe “Kristo ƒe se la” nu eye wokpɔa ŋudzedze ɖe nusiwo katã Mawu nana la ŋu.—Galatiatɔwo 6:2.

Apostolo Paulo gblɔ tso Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuiwo ŋu eme kɔ be wonye “nusiwo gbɔna la ƒe vɔvɔli” eye wògblɔ kpee be, “ke nu la ŋutɔ le Kristo me va.” (Kolosetɔwo 2:16, 17) Eyata nyateƒe Kristotɔwo lɔ̃ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe numeɖeɖe dzi be: “Nusi trɔ̃subɔlawo mèna la, gbɔgbɔ vɔ̃wo womèa wo na, eye menye Mawu o . . . Miate ŋu ano Aƒetɔ la ƒe kplu, agano gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu hã o.” (Korintotɔwo I, 10:20, 21) Gawu la, Kristotɔwo wɔna ɖe nya si wogblɔ na wo be ‘woagaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o’ la dzi. Ðe trɔ̃subɔsubɔ alo alakpasubɔsubɔ nuwɔnawo le nuŋeŋezã siwo le miaƒe nutome mea? Ne nenemae la, ke Kristotɔ vavãwo agbe be yewomaƒo yewo ɖokui ɖe tadedeagu si woƒo ɖii me bene woagawɔ nusi madze Yehowa ŋu o.—Korintotɔwo II, 6:17.

Ne ɖevi si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu xɔ nunana aɖe tso fofoa gbɔ la, amekae wòdaa akpe na? Amedzro trama aɖee loo alo edzilaa? Mawu subɔlawo doa gbe ɖa tso dzi me gbesiagbe tsɔ daa akpe na Yehowa, wo Fofo si le dziƒo, ɖe nu gbogbo siwo wònaa wo dɔmenyotɔe la ta.—Korintotɔwo II, 6:18; Tesalonikatɔwo I, 5:17, 18.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Blema Eŋlisigbe me nya “loaf-mass” si gɔmee nye “abolo misa” mee woɖe nya “Lammas” tsoe.

b  Insight on the Scriptures gblɔ be: “Womezã neʹphesh (luʋɔ) tsɔ ƒo nu le numiemiewo wɔwɔ ŋu le ‘nuwɔŋkeke’ etɔ̃lia dzi (Mo I, 1:11-13) alo le emegbe o elabena ʋu mele numiemiewo me o.”—Etalawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe