INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Nɔ “Sitsoƒedu” La Me Ne Nànɔ Agbe!
    Gbetakpɔxɔ—1995 | November 15
    • 20. Nukae wòle be amesiwo le kpɔɖeŋusitsoƒedua me nawɔ be woakpɔ wo ta tso Hlɔ̃biala la si me?

      20 Ele be amesi mebua wu ame o la nanɔ sitsoƒedu me, eye magbɔ eƒe lãnyiƒe ƒe liƒowo dzi ayi o, hena takpɔkpɔ tso hlɔ̃biala si me. Ke amesiwo le kpɔɖeŋusitsoƒedua me ya ɖe? Bene woakpɔ wo ta tso Hlɔ̃biala gã la si me la, mele be woadzo le dua me o. Le nyateƒe me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ele be woanɔ ŋudzɔ ɖe nusiwo able wo ayi lãnyiƒea ƒe liƒo dzi ŋu. Ele be woakpɔ nyuie be womaɖe mɔ lɔlɔ̃ na Satana ƒe xexeame natsi ɖe woƒe dzime o. Esia abia gbedodoɖa kple agbadzedze, gake eya dzie woƒe agbe nɔ te ɖo.—Yohanes I, 2:15-17; 5:19.

  • Vidzidzi Kple Aʋawɔwɔ Mawunɔwo
    Gbetakpɔxɔ—1995 | November 15
    • Vidzidzi Kple Aʋawɔwɔ Mawunɔwo

      LE TOMENUKUKU aɖe si wowɔ le Ebla, Syria me la, wofɔ blemakpe kakɛa ɖe si dzi Babilontɔwo ƒe vidzidzi kple aʋawɔwɔ mawunɔ Ishtar ƒe nɔnɔmewɔwɔ le. Tomenukula Paolo Matthiae ɖɔ kpe sia be enye nu “mlimɔ aɖe si dzi trɔ̃subɔsubɔ ƒe nɔnɔmetata le, trɔ̃si aɖe tsyɔ nu ŋkume hele tsitre ɖe mawu aɖe ƒe kpetata ŋgɔ . . . nu lɛɛ kɔkɔ aɖe lé eƒe ta ɖe te.”

      Nufɔfɔ sia ɖe dzesi ŋutɔ, elabena ƒe alafa 18 lia D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze lɔƒo nue wònye. Matthiae gblɔ be, esia nye “kpeɖodzi si ŋu womate ŋu ake ɖi le o” be Ishtar subɔsubɔ nɔ anyi ade ƒe 2,000.

      Ishtar subɔsubɔ dze egɔme le Babilon eye wòkaka ɖe Roma Fiaɖuƒea katã me le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo la me. Yehowa de se na Israel-viwo be woaɖe alakpasubɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe ɖa le Ŋugbedodonyigba la dzi, gake esi womewɔe o ta la, Astarot (Kanaanitɔwo ƒe mawu si sɔ kple Ishtar) subɔsubɔ zu mɔ̃ ɖe wo.—Mose V, 7:2, 5; Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:6.

      Togbɔ be Ishtar kple mawu si sɔ kplii si nye Astarot megali egbea o hã la, agbenɔnɔ siwo wonɔ tsitre ɖi na—agbegbegblẽnɔnɔ, kple ŋutasesẽ—do agbogbo. Asɔ be míabia be ɖe ameƒome si li egbea ƒe nɔnɔmewo to vovo tso blematɔ siwo subɔa vidzidzi kple aʋawɔwɔ mawunɔ siawo ƒe nɔnɔmewo gbɔ hã.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe