Yayrawo Alo Fiƒodewo—Wonye Kpɔɖeŋuwo Na Mí Egbea
“Nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la.”—KORINTOTƆWO I, 10:11.
1. Abe alesi woléa ŋku ɖe dɔwɔnu ŋui ene la, nuka ŋue wòle be míalé ŋku ɖo?
ƔEBIA ate ŋu abe ɖe aŋɔsisi te anɔ dɔwɔnu si wotsɔ gayibɔ wɔ la ɖum vivivi. Ðewohĩ axɔ ɣeyiɣi aɖe hafi ɣebia nava dze. Nenema ke ame ƒe nɔnɔme kple dzimedidiwo ate ŋu adze gbegblẽ gɔme xoxoxo hafi wòava kplɔe ade nu sesẽ aɖe me alo hafi amewo nava nya gɔ̃ hã. Abe alesi míalé ŋku ɖe dɔwɔnu ŋu nunyatɔe akpɔe ɖa be ɖe wòte ɣebialéle hã ene la, nenema ke ŋkuléle ɖe míaƒe dzi ŋu nyuie kple beléle nɛ ɖe ɣeyiɣi dzi ate ŋu akpɔ míaƒe Kristotɔ ƒe nuteƒewɔwɔ ta. Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, míate ŋu axɔ yayrawo tso Mawu gbɔ eye míaƒo asa na fiƒodewo tso egbɔ. Ðewohĩ ame aɖewo atsɔe be yayra kple fiƒode siwo wogblɔ ɖe blema Israel ŋu meka amesiwo dzi nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwu va ɖo la tututu o. (Yosua 8:34, 35; Mateo 13:49, 50; 24:3) Gake menye nenemae wòle o. Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu siwo wogblɔ ɖe Korintotɔwo I, ta 10 le Israel ŋu ate ŋu aɖe vi geɖe na mí.
2. Nya kae Korintotɔwo I, 10:5, 6 gblɔ le nusiwo teƒe Israel-viwo kpɔ le gbeadzi ŋu?
2 Apostolo Paulo tsɔ Israel-vi siwo nɔ Mose te sɔ kple Kristotɔ siwo le Kristo te. (Korintotɔwo I, 10:1-4) Togbɔ be anye ne Israel-viwo de Ŋugbedodonyigbaa dzi hã la, “wo dome ame geɖeawo ƒe nu menyo Mawu ŋu o, elabena woxlã wo ɖe anyi le gbeadzi.” Eyata Paulo gblɔ na hati Kristotɔwo be: “Ke nusiawo zu kpɔɖeŋu na mí, bene míaganye nu vɔ̃ɖi dzrolawo, abe alesi wòdzro ame mawo ene la o.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) (Korintotɔwo I, 10:5, 6) Dzimee dzodzrowo tsina ɖo, eyata ehiã be míawɔ ɖe nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu siwo Paulo gblɔ dzi.
Nuxɔxlɔ̃ le Trɔ̃subɔsubɔ Ŋu
3. Aleke Israel-viwo wɔ nuvɔ̃ le sikanyivia gomee?
3 Nuxlɔ̃ame gbãtɔ si Paulo nae nye: “Migazu trɔ̃subɔlawo hã abe wo dome ame aɖewo ene o, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Dukɔ la bɔbɔ nɔ anyi, woɖu nu, eye wono nu, eye wotsi tre, eye wode asi fefe me.’” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) (Korintotɔwo I, 10:7) Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu sia ku ɖe alesi Israel-viwo gatrɔ ɖe Egipte ƒe nuwɔnawo ŋu eye wowɔ trɔ̃subɔsubɔ ƒe sikanyivi. (Mose II, ta 32) Nusrɔ̃la Stefano de dzesi nusi gbɔ wòtso esime wògblɔ be: “Mía fofowo melɔ̃ be, yewoaɖo [to Mose, Mawu ƒe teƒenɔla] o, hafi boŋ wotu asii ɖa, eye wotrɔ yi ɖe Egipte le woƒe dziwo me hegblɔ na Aron bena: ‘Wɔ mawu, siwo azɔ mía ŋgɔ la, na mí; elabena Mose sia, si kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la, míenya nusi wɔe o.’ Eye wowɔ nyivi le ŋkeke mawo me, eye womè nu na legba, eye wokpɔ dzidzɔ le woƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu.” (Dɔwɔwɔwo 7:39-41) De dzesii be Israel-vi dzeaglãawo ‘ƒe dziwo mee’ didi gbegblẽ siwo kplɔ wo de trɔ̃subɔsubɔ me la nɔ. “Wowɔ nyivi . . . eye womè nu na legba.” Hekpe ɖe eŋu la, “wokpɔ dzidzɔ le woƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu.” Haƒoƒo, hadzidzi, ɣeɖuɖu, nuɖuɖu, kple nunono yi edzi. Edze ƒã be trɔ̃subɔsubɔa dzro wo heɖe modzaka na wo.
4, 5. Trɔ̃subɔsubɔ ƒe nuwɔna kawoe wòhiã be míatsri?
4 Modzakaɖeɖe koŋue kpɔɖeŋu Egipte—Satana ƒe xexeame—dea ta agu na. (Yohanes I, 5:19; Nyaɖeɖefia 11:8) Wotsɔa fefewɔlawo, hadzilawo, kple kamedefefewɔla gãwo kpakple woƒe ɣeɖuɖu, woƒe hadzidzi, woƒe agbeɖuɖu kple vivisese ŋuti nukpɔsusuwo wɔa mawui. Wona ame geɖe ƒo wo ɖokui ɖe modzakaɖeɖe me vĩ evɔ woganɔ gbɔgblɔm be Yehowae yewosubɔna. Ne ehiã be woaka mo na Kristotɔ aɖe le nugbegblẽwɔwɔ ta la, zi geɖe la, woate ŋu akpɔe be aha muame nono, ɣeɖuɖu, kple agbeɖuɖu le mɔ aɖe nu si ɖewohĩ te ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu gbɔe eƒe gbɔgbɔ me gbɔdzɔgbɔdzɔa tso. (Mose II, 32:5, 6, 17, 18) Modzakaɖeɖe aɖewo nyo eye wovivina. Gake egbea la, ŋutilã me nudzodzro gbegblẽwo ŋue xexeame ƒe hadzidzi, ɣeɖuɖu, sinimawo, kple videowo kuna ɖo.
5 Kristotɔ vavãwo medea ta agu na legbawo o. (Korintotɔwo II, 6:16; Yohanes I, 5:21) Mina mía dometɔ ɖesiaɖe naɖɔ ŋu ɖo nenema ke bene trɔ̃subɔsubɔ ƒe modzakaɖeɖe nagalé mí be míaƒo mía ɖokui ɖe xexeame ƒe agbeɖuɖu me blibaa si awɔe be míadze eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽa ƒe afɔku me o. Ne míena xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ɖu mía dzi la, dzodzro kple tamesusu vɔ̃wo ate ŋu amie ɖe míaƒe susu kple dzime dzaa. Ne míeɖɔe ɖo o la, woate ŋu ‘axlã mí ɖe anyi le’ Satana ƒe nuɖoanyia ƒe ‘gbeadzi’ mlɔeba.
6. Afɔɖeɖe nyui kae wòhiã be míawɔ le modzakaɖeɖe ŋu?
6 Abe alesi Mose wɔ le sikanyivi ƒe nudzɔdzɔa me ene la, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la hã le gbɔgblɔm be: “Amesi ke le Yehowa dzi, neva gbɔnye afi!” Afɔɖeɖe nyui si míawɔ atsɔ afia be míele te sesĩe na tadedeagu vavãtɔ la ate ŋu aɖe míaƒe agbe. Mose ƒe to si nye Lewitɔwo tso enumake heɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽawo ɖa. (Mateo 24:45-47; Mose II, 32:26-28) Eyata lé ŋku ɖe modzakaɖeɖe, hadzidzi, video, kple esiawo tɔgbe siwo nètiana ŋu nyuie. Ne egblẽ le mɔ aɖe nu la, ke va Yehowa ƒe akpa dzi. Ðo ŋu ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me eye nàwɔ tɔtrɔ le modzakaɖeɖe kple hadzidzi siwo nètiana me, emegbe nàtsrɔ̃ nusiwo agblẽ nu le ŋuwò le gbɔgbɔ me ɖa, abe alesi Mose tsrɔ̃ sikanyivi lae ene.—Mose II, 32:20; Mose V, 9:21.
7. Aleke míate ŋu akpɔ kpɔɖeŋudzi la tae?
7 Aleke míate ŋu axe mɔ ɖe dzia ƒe gbegblẽ nui? Eyae nye be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la vevie eye míana eƒe nyateƒeawo nade míaƒe susuwo kple dziwo me. (Romatɔwo 12:1, 2) Azɔ hã ele be míade Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi. (Hebritɔwo 10:24, 25) Míate ŋu atsɔ kpekpewo dede dzro ko asɔ kple aŋɔsisi na gakpo si lé ɣebia. Ate ŋu ana míadze nyuie ɣeyiɣi aɖe ya gake makpɔ kuxi si be ɖe ete gbɔ o. Gake ne míedzrana ɖo do ŋgɔ, míedea ŋugble hekpɔa gome le kpekpeawo me vevie la, míate ŋu aɖe nusiwo gblẽa nu siwo ate ŋu abe ɖe míaƒe kpɔɖeŋudzia me ɖa enumake. Esia ana míaku ɖe Mawu ƒe Nya ŋu eye wòado ŋusẽ mí be míado dzi le xɔse ƒe dodokpɔwo me ale be míazu “ame blibowo keŋkeŋ.”—Yakobo 1:3, 4; Lododowo 15:28.
Nuxɔxlɔ̃ le Ahasiwɔwɔ Ŋu
8-10. (a) Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu ka ŋue woƒo nu tsoe le Korintotɔwo I, 10:8? (b) Aleke míate ŋu awɔ Yesu ƒe nya siwo le Mateo 5:27, 28 ŋudɔ wòaɖe vii?
8 Woɖo aɖaŋu na mí le Paulo ƒe kpɔɖeŋu si kplɔe ɖo me be: “Migana míawɔ ahasi, abe alesi wo dome ame aɖewo wɔ ahasi, eye ame akpe blave vɔ etɔ̃ tsrɔ̃ le ŋkeke ɖeka dzi ene la o.”a (Korintotɔwo I, 10:8) Ɣesiɣi Israel-viwo de ta agu na alakpamawuwo eye ‘wowɔ ahasi kple Moab-nyɔnuwoe’ apostolo la wɔnɛ. (Mose IV, 25:1-9) Gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe tohehe enye ku! Agbegbegblẽnɔnɔ ƒe susuwo kple didiwo ŋu bubu atraɖii sɔ kple asiɖeɖe le dzia ŋu be ‘wòalé ɣebia.’ Yesu gblɔ be: “Miese wogblɔ bena: Megawɔ ahasi o; ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.”—Mateo 5:27, 28.
9 Nusi dona tsoa ‘nyɔnu kpɔkpɔ wòadzro ame’ me ƒe kpeɖodzi aɖee nye nusi mawudɔla maɖotoawo ƒe tamesusu gbegblẽa na wowɔ do ŋgɔ na Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa. (Mose I, 6:1, 2) Miɖo ŋku edzi hã be afɔku gãtɔ siwo dzɔ le Fia Dawid ƒe agbe me dometɔ ɖeka dzɔ le esi wòyi edzi nɔ nyɔnu kpɔm madzemadzee ta. (Samuel II, 11:1-4) Gake srɔ̃ŋutsu dzɔdzɔe Hiob ya ‘bla nu kple eƒe ŋkuwo be yemalé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu o,’ si wɔe be wòƒo asa na agbegbegblẽnɔnɔ eye wòɖee fia be yenye nuteƒewɔla. (Hiob 31:1-3, 6-11) Míate ŋu atsɔ ŋku asɔ kple dzi ƒe fesrewo. Eye dzi si gblẽ mee nu vɔ̃ɖi geɖe doa go tsona.—Marko 7:20-23.
10 Ne míetsɔa Yesu ƒe nyawo wɔa dɔe la, míanɔ gbɔdɔdɔfotowo kpɔm alo anɔ agbegbegblẽnɔnɔ kple hati Kristotɔ aɖe, dɔwɔhati aɖe, alo ame bubu aɖe ŋu bum ale be susu gbegblẽwo naɖu mía dzi o. Wometsɔa nu ko ƒlɔa ɣebia le gakpo ŋu o. Eyata mègaɖe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe susuwo kple didiwo ɖa ɖewoɖewoe ko abe ke ɖe womeɖi naneke o ene o. Wɔ afɔɖeɖe sesẽwo be nàɖe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dzodzrowo ɖa le ɖokuiwò me. (Tsɔe sɔ kple Mateo 5:29, 30.) Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be: “Miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ; nusiwo ta Mawu ƒe dziku [ava, NW] . . . ɖo.” Ẽ, le nuwo abe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ene ta “Mawu ƒe dziku [ava, NW]” wòanye eƒe fiƒoƒo de ame. Eyata ehiã be ‘míawu’ míaƒe ŋutinuwo le nusiawo gome.—Kolosetɔwo 3:5, 6.
Nuxɔxlɔ̃ le Nyatoƒoetoto Aglãdzedzetɔe Ŋu
11, 12. (a) Nuxlɔ̃ame kae wona le Korintotɔwo I, 10:9, eye nudzɔdzɔ ka ŋue wòku ɖo? (b) Aleke wòle be Paulo ƒe nuxlɔ̃amea nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?
11 Paulo gaxlɔ̃ nu be: “Migana míate [Yehowa, NW] akpɔ, abe alesi wo dome ame aɖewo tee kpɔ, eye dawo tsrɔ̃ wo ene la o.” (Korintotɔwo I, 10:9) Esime Israel-viwo nɔ tsatsam le gbeadzi le Edom-nyigba gbɔ la, “[woƒo] nu le Mawu kple Mose ŋu bena: Nukata miekplɔ mí tso Egipte, be míaku le gbedzi? Elabena abolo kple tsi aɖeke mele afisia o, eye nuɖuɖu vlo sia,” si nye manna si wona wo nukutɔe, “le ŋu nyɔm na mí.” (Mose IV, 21:4, 5) Bu eŋu kpɔ ko! Israel-vi mawo “ƒo nu le Mawu . . . ŋu” be eƒe mɔnuɖoɖowo nyɔ ŋu!
12 Israel-viwo tsɔ woƒe nyatoƒoetoto nɔ Yehowa ƒe dzigbɔɖi dom kpɔ. Womegbe to hehe na wo o elabena Yehowa ɖo da vɔ̃ɖiwo ɖe wo dome, eye da ɖu ame geɖe woku. Esi dukɔ la trɔ dzime eye Mose ɖe kuku ɖe wo ta la, fuwɔame la nu tso. (Mose IV, 21:6-9) Ẽ, ele be nudzɔdzɔ sia naxlɔ̃ nu mí be míagaɖe nyatoƒoetoto aglãdzedzetɔe, vevietɔ ɖe Mawu kple eƒe teokrasiɖoɖowo ŋu, ƒe nɔnɔme afia o.
Nuxɔxlɔ̃ le Liʋiliʋilili Ŋu
13. Nuka ŋue Korintotɔwo I, 10:10 xlɔ̃ nu le, eye aglãdzedze kae nɔ susu me na Paulo?
13 Esi Paulo nɔ eƒe kpɔɖeŋu mlɔetɔ gblɔm le Israel-viwo ƒe gbeadzinɔnɔ ŋu la, eŋlɔ bena: “Migali liʋiliʋi, abe alesi wo dome ame aɖewo li liʋiliʋi, eye nugblẽla tsrɔ̃ wo ene la o.” (Korintotɔwo I, 10:10) Wodze aglã esime Korax, Datan, Abiram, kple wo tɔwo da le teokrasiɖoɖo dzi eye wotɔ gbe Mose kple Aron ƒe ŋusẽ. (Mose IV, 16:1-3) Esi wotsrɔ̃ aglãdzelawo vɔ la, Israel-viwo gadze liʋiliʋilili gɔme. Nusitae nye be wova bu be wometsrɔ̃ aglãdzelaawo ɖe dzɔdzɔenyenye dzi o. Mose IV, 17:6 gblɔ be: “Esi ŋu ke la, Israel ƒe ha blibo la lĩ Mose kple Aron ŋu gblɔ bena: Miawoe wu Yehowa ƒe dukɔ la.” Alesi woke ɖi ʋɔnu dzɔdzɔe si wodrɔ̃ gbemagbe na dɔvɔ̃ tso Mawu gbɔ va tsrɔ̃ Israel-vi 14,700.—Mose IV, 17:14.
14, 15. (a) Nuvɔ̃ siwo ‘ame mavɔ̃mawu’ siwo va tra ɖe hamea me dzaa wɔ la dometɔ ɖekae nye ka? (b) Nukae míate ŋu asrɔ̃ le nusi dzɔ ɖe Korax dzi me?
14 Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, ‘ame mavɔ̃mawu’ siwo va tra ɖe Kristo-hamea me dzaa la nye aʋatsonufialawo kple liʋiliʋililawo. Amesiawo ‘doa vlo aƒetɔnyenye, eye wogblɔa busunya ɖe ame kɔkɔewo ŋu,’ amesiamina siwo si wode dɔe ɣemaɣi be woakpɔ hamea dzi le gbɔgbɔ me. Nusrɔ̃la Yuda hã gblɔ le xɔsegbela mavɔ̃mawu siawo ŋu be: “Amesiawo nye liʋiliʋililawo, amesiwo ŋu naneke medzena o, evɔ wozɔna le woƒe nudzodzrowo nu.” (Yuda 3, 4, 8, 16) Egbea la, ame aɖewo va zua liʋiliʋililawo elabena woɖea mɔ tamesusu si gblẽa nu le gbɔgbɔ me la gena ɖe woƒe dzime. Zi geɖe la, woléa ŋku ɖe amesiwo le dzikpɔkpɔnɔƒewo le hamea me ƒe blibomademadewo ŋu eye wolia liʋiliʋi le wo ŋu. Woƒe liʋiliʋilili kple nyatoƒoetoto ate ŋu akeke ɖe enu gɔ̃ ha azu ɖikeke le “dɔla nuteƒewɔla” ƒe agbalẽwo ŋu.
15 Esɔ be míabia nyawo le Ŋɔŋlɔawo me nyati aɖe ŋu anukwaretɔe. Ke ne míetu nɔnɔme gbegblẽ aɖe ɖo si wɔe be míeva nɔa ɖikenyawo me dzrom kple xɔlɔ̃ kplikplikpli aɖewo ya ɖe? Anyo be míabia mía ɖokui be, ‘Afikae nusia akplɔ mí ayii? Ðe manyo wu sã be míadzudzɔ liʋiliʋilili ahado gbe ɖa ɖokuibɔbɔtɔe abia nunya oa?’ (Yakobo 1:5-8; Yuda 17-21) Ðewohĩ Korax kple edzidela siwo dze aglã ɖe Mose kple Aron ƒe ŋusẽ ŋu ka ɖe edzi vevie be yewoƒe nukpɔsusu sɔ ale gbegbe be womedzro nusiwo ʋã wo me kpɔ o. Evɔ wònye wo tɔ medzɔ kura hafi o. Nu ma ke Israel-vi siwo li liʋiliʋi le Korax kple aglãdzela bubuawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu hã wɔ. Aleke gbegbe nunya le eme enye si be míana kpɔɖeŋu siawo naʋã mí be míadzro nusiwo ʋãa mí me kpɔ, míadzudzɔ liʋiliʋilili alo nyatoƒoetoto, eye míana Yehowa nawɔ mí dzadzɛ!—Psalmo 17:1-3.
Srɔ̃e eye Nàxɔ Yayrawo
16. Nya vevi kae le nuxlɔ̃ame si le Korintotɔwo I, 10:11, 12 me?
16 Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Paulo wòtsɔ nuxlɔ̃amenya sia ƒo nuxlɔ̃amegbedasiawo tae be: “Nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la. Eyata amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.” (Korintotɔwo I, 10:11, 12) Migana míabu tenɔnɔ si le mía si le Kristo-hamea me nu tsɛ o.
17. Ne míekpɔe be ameʋãnu gbegblẽ aɖe ɖo míaƒe dzime la, nukae wòle be míawɔ?
17 Alesi gayibɔ te ŋu léa ɣebiae la, nenema ke mí nuvɔ̃me siwo nye Adam ƒe dzidzimeviwo míenyi vɔ̃wɔwɔ ƒe didi domee. (Mose I, 8:21; Romatɔwo 5:12) Eyata mele be dzi naɖe le mía ƒo ne míekpɔe be ameʋãnu gbegblẽ aɖe ɖo míaƒe dzime o. Ke boŋ mina míatso ɖe eŋu enumake. Ne fafa lé gayibɔ alo wòle nusi ɖua ga gbɔ la, eléa ɣebia kabakaba. Ehiã be míaƒo asa na Satana ƒe xexeame ƒe “ya” la, kple eƒe modzakaɖeɖe dzeakaɖa, agbegbegblẽnɔnɔ si bɔ, kple tamesusu gbegblẽ la.—Efesotɔwo 2:1, 2.
18. Nukae Yehowa wɔ le ameƒomea ƒe didi gbegblẽawo ŋu?
18 Yehowa na mɔnu aɖe amegbetɔƒomea be woatsi tre ɖe didi gbegblẽ si dome míenyi ŋu. Etsɔ eƒe Tenuvi na bene amesiwo xɔa edzi sena nakpɔ agbe mavɔ. (Yohanes 3:16) Ne míedze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome tututu eye míeɖe amenyenye si ɖi Kristo tɔ fia la, míanye yayra na ame bubuwo. (Petro I, 2:21) Azɔ hã fiƒode mava mía dzi o, ke boŋ yayrae míaxɔ.
19. Aleke Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋuwo ŋu bubu ate ŋu aɖe vi na míi?
19 Togbɔ be míete ŋu wɔa vodada egbea abe alesi blema Israel-viwo wɔe ene hã la, Mawu ƒe Nya blibo si woŋlɔ si afia mɔ mí la le míawo ya si. Míesrɔ̃a nu tso alesi Yehowa wɔa nu kple ameƒomea kpakple eƒe nɔnɔme siwo ƒe kpɔɖeŋu dze le Yesu si nye ‘Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple Eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme’ ŋu le eme. (Hebritɔwo 1:1-3; Yohanes 14:9, 10) To gbedodoɖa kple Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ vevie me la, ‘Kristo ƒe tamesusu’ ate ŋu ava su mía si. (Korintotɔwo I, 2:16) Ne míedze ŋgɔ tetekpɔwo kple míaƒe xɔse ƒe dodokpɔ bubuwo la, blema kpɔɖeŋu siwo le Ŋɔŋlɔawo me, eye vevietɔ Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu si ƒo ɖesiaɖe ta, ŋu bubu ate ŋu aɖe vi na mí. Ne míewɔe nenema la, mahiã be Mawu ƒe fiƒode nava mía dzi o. Ke boŋ Yehowa ave mía nu egbea eye wòayra mí tegbee.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ Gbetakpɔxɔ July 15, 1992, axa 4.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Aleke míate ŋu awɔ aɖaŋu si Paulo ɖo be míagazu trɔ̃subɔlawo o ŋudɔe?
◻ Nukae míate ŋu awɔ ale be míawɔ ɖe ahasiwɔwɔ ŋuti nuxlɔ̃ame si apostolo la na dzi?
◻ Nukata wòle be míatsri liʋiliʋilili kple nyatoƒoetoto?
◻ Aleke míawɔ axɔ Mawu ƒe yayrawo, ke menye fiƒodewo o?
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Ne míedi be Mawu nayra mí la, ele be míatsri trɔ̃subɔsubɔ
[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]
Abe alesi wòhiã be woaɖe ɣebialéle ɖae ene la, mina míatso enumake aɖe nudzodzro vɔ̃wo ɖa le míaƒe dzime