INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 9/1 axa 4-7
  • Àte Ŋu Aɖo Ŋu Ðe Wò Dzitsinya Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Aɖo Ŋu Ðe Wò Dzitsinya Ŋua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzitsinya la Hehe
  • Tɔtrɔ ɖe Mawu ƒe Tamesusu Ŋuti
  • Nusi Nàtsɔ Ana Hehe Wò Dzitsinyae
  • “Kristo ƒe Tamesusu” ƒe Amesisusu
  • Viɖekpɔkpɔ tso Dzitsinya si Wona Hehee Me
  • Aleke Nàwɔ Alé Dzitsinya Nyui Me Ðe Asi?
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Èna Hehe Wò Dzitsinya Nyuiea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Dzitsinya Nyui Nenɔ Asiwò Le Mawu Ŋkume
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Ðo To Gbe Si Tsoa Ememe La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 9/1 axa 4-7

Àte Ŋu Aɖo Ŋu Ðe Wò Dzitsinya Ŋua?

LE DZƆDZƆME nu la, taɖoƒefianu si fiaa anyigba ƒe dziehe nye dɔwɔnu si dzi woate ŋu aka ɖo. Eƒe aɖe si dzi anyigba ƒe nuheŋusẽ kpɔ ŋusẽ ɖo la trɔna ɖe dziehe ɣesiaɣi. Eyata mɔzɔlawo ate ŋu aɖo ŋu ɖe taɖoƒefianu la ŋu hena mɔfiame ne dzesidenu aɖeke meli afia mɔ wo o. Gake nukae dzɔna ne wotsɔ nuhenu bubu aɖe ɖo taɖoƒefianu la gbɔ? Eƒe aɖea atrɔ ɖe nuhenu ma ŋuti tsɔ wu be wòatrɔ ɖe dziehe. Ke meganye mɔfianu si ŋu woaɖo ŋu ɖo o.

Nusia ƒomevi ate ŋu adzɔ ɖe amegbetɔ ƒe dzitsinya dzi. Wɔla la de ŋutete sia mía me be wòanye mɔfianu si ŋuti míate ŋu aɖo ŋu ɖo. Esi wònye Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ mí ɖo la, ele be dzitsinya la nada mí ɖe mɔ nyuitɔ dzi ne míedi be míawɔ nyametsotso. Ele be wòaʋã mí be míaɖe Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo afia. (Mose I, 1:27) Zi geɖe la, ewɔnɛ alea. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ bena amesiwo si Mawu ƒe se la mele o gɔ̃ hã “wɔa nusi nye se la tɔ tso dzɔdzɔ me.” Nukatae? Elabena ‘woƒe dzitsinya ɖia ɖase kpena ɖe wo ŋuti.’—Romatɔwo 2:14, 15.

Ke hã menye ɣesiaɣi si wòhiãe dzitsinya la ƒoa nu o. Le amegbetɔ ƒe blibomademade ta la, nusiwo míenya be wonye nu gbegblẽwo la wɔwɔ dzroa mí. Paulo lɔ̃ ɖe edzi be: “Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome; ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me.” (Romatɔwo 7:22, 23) Nenye be míeɖea mɔ nu gbegblẽwo dzroa mí edziedzi la, ʋeʋeʋe la, míaƒe dzitsinya ava ku atri eye mlɔeba wòadzudzɔ egbɔgblɔ na mí be nuwɔna mawo menyo o.

Gake togbɔ be míede blibo o hã la, míate ŋu ana míaƒe dzitsinya nawɔ nusi asɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu. Ẽ, ele vevie be míawɔe alea. Menye ɖeko dzitsinya dzadzɛ si wona hehee nyuie ana ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Mawu dome ko evɔ o, ke ehiã vevie na míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ hã. (Hebritɔwo 10:22; Petro I, 1:15, 16) Gawu la, dzitsinya nyui akpe ɖe mía ŋuti míawɔ nyametsotso siwo me nunya le le agbe me, si ahe ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ avɛ na mí. Hakpala la gblɔ le amesi si dzitsinya sia ƒomevi le la ŋuti be: “Eƒe Mawu ƒe se la le eƒe dzi me, eye eƒe afɔɖeɖe meʋãna o.”—Psalmo 37:31.

Dzitsinya la Hehe

Dzitsinya la hehe bia nu geɖe wu se gbogbo aɖewo léle ɖe susu me kple wo me léle ɖe asi goŋgoŋ ko. Nusiae Farisitɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me la wɔ. Subɔsubɔhaŋgɔnɔla siawo nya Sea eye wodo kɔnyinyiwo kpaŋkpaŋ kple susu be wòana amewo magada Sea dzi o. Eyatae esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo tugu lu le Sabat dzi heɖu la, wotsi tre ɖe wo ŋuti enumake. Eye wotɔ gbe Yesu esime wòda dɔ na ŋutsu aɖe si titi lé asi na le Sabat dzi. (Mateo 12:1, 2, 9, 10) Le Farisitɔwo ƒe kɔa nu la, dɔ eve siawo zu dada le se enelia dzi.—Mose II, 20:8-11.

Edze kɔte be Farisitɔawo srɔ̃ Se la. Gake ɖe woƒe dzitsinya wɔ ɖeka kple Mawu ƒe dzidzenuwoa? Gbeɖe! Esi Farisitɔawo he nya ɖe nusi wosusu be enye Sabat-sea dzi dada ŋu vɔ megbe teti ko la, wode aɖaŋu le Yesu ŋuti “alesi woawɔ awui.” (Mateo 12:14) Bu eŋu kpɔ—subɔsubɔhaŋgɔnɔla ɖokuiŋudzela siawo do dɔmedzoe ɖe lu si woŋe yeyee ɖuɖu kple dɔdada na ame le Sabat dzi ŋu; gake Yesu wuwu ŋuti ɖaŋudede ya mewɔ naneke kura na wo o!

Nunɔlagãwo ɖe susu totro sia ƒomevi ƒe wo si nɔnɔ fia. Ame vlo siawo mese fɔɖiɖi ƒe seselelãme aɖeke le wo ɖokui me esime woɖe klosalo 30 le gbedoxɔ me nudzɔɖaka me na Yuda be wòade Yesu asi o. Gake esi Yuda gbugbɔ ga la vɛ esi womele mɔ kpɔm nɛ o hetsɔe ƒu gbe ɖe gbedoxɔa me la, nunɔlagãwo ƒe dzitsinya ɖe fu na wo. Wogblɔ be, ‘Se meɖe mɔ bena, woatsɔ wo [gakuawo] ade nudzɔɖaka kɔkɔe la me o; elabena ʋuƒlegae.’ (Mateo 27:3-6) Edze ƒã be eɖe fu na nunɔlagãawo be fifia ya Yuda ƒe ga la ŋuti mekɔ o. (Tsɔe sɔ kple Mose V, 23:19.) Gake ame mawo ke mekpɔ be naneke gblẽ le gatsɔtsɔ aƒle Mawu ƒe Vi la yomemɔfiafia ŋuti o!

Tɔtrɔ ɖe Mawu ƒe Tamesusu Ŋuti

Kpɔɖeŋu siwo míeyɔ va yi fia be hehenana dzitsinya la bia nu geɖe wu sewo léle ɖe tame fũ ko. Ele eme be Mawu ƒe sewo nyanya le vevie, eye wo dzi wɔwɔ hiã hena ɖeɖekpɔkpɔ ya. (Psalmo 19:8-12) Gake tsɔ kpe ɖe Mawu ƒe sewo sɔsrɔ̃ ŋuti la, ele be míana dzi si trɔ ɖe Mawu ƒe tamesusuwo ŋu nanɔ mía si. Ekema Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi to Yesaya dzi ate ŋu ava eme na mí. Exlẽ be: “Miakpɔ miaƒe nufialawo kple ŋku, eye miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me lo mia me miebe, yewoato.”—Yesaya 30:20, 21; 48:17.

Ẽ, esia mefia be ne nyametsotso sesẽwo wɔwɔ dze ŋgɔ mí la, gbeɖiɖi ŋutɔŋutɔ aɖe agblɔ nusi míawɔ la na mí o. Gake ne míaƒe tamesusu sɔ ɖe alesi Mawu bua nyawo ŋui ŋu la, akpe ɖe míaƒe dzitsinya ŋu be wòanɔ bɔbɔe na mí wu be míawɔ nyametsotso siwo adze eyama ŋu.—Lododowo 27:11.

Bu Yosef, amesi nɔ agbe le ƒe alafa 18 lia D.M.Ŋ. me la ŋu kpɔ. Esi Potifar srɔ̃ ƒoe ɖe enu be wòawɔ ahasi kpli ye la, Yosef gbe, hegblɔ be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?” (Mose I, 39:9) Le Yosef ƒe ŋkekeawo me la, ahasiwɔwɔ se ŋuti nuŋlɔɖi si tso Mawu gbɔ aɖeke menɔ anyi o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Egipte, afisi le adzɔge ʋĩ tso eƒe ƒomea gbɔ be mate ŋu axɔ hehe atso wo gbɔ alo wòase blemafofoawo ƒe sewo o ye Yosef nɔ. Ekema nukae kpe ɖe Yosef ŋuti wòte ŋu nɔ te ɖe tetekpɔ sia nu? Kpuie ko la, eƒe dzitsinya si wona hehee. Yosef da asi ɖe Mawu ƒe nukpɔsusu be ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nazu “ŋutilã ɖeka” la dzi. (Mose I, 2:24) Eyata ekpɔe be anye nusi masɔ be woaxɔ ame srɔ̃ o. Yosef ƒe susu sɔ kple Mawu ƒe susu le nya sia ŋuti. Eƒe dzitsinya meda asi ɖe ahasiwɔwɔ dzi o.

Egbea ame ʋee aɖewo koe le abe Yosef ene. Agbegbegblẽnɔnɔ bɔ ale gbegbe, eye ame geɖewo mesena le wo ɖokui me be ele be yewoanɔ agbe dzadzɛ le yewo Wɔla, yewo ɖokui, alo yewo srɔ̃ gɔ̃ hã ta o. Nɔnɔmea ɖi esi woɖɔ le Yeremya ƒe agbalẽa me ŋutɔ, be: “Ame aɖeke meli, si eƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ venɛ wògblɔna be: Nuka nye esi mehewɔ hã o! Amesiame lé eƒe mɔ abe sɔ, si lũ ɖe aʋa me ene.” (Yeremya 8:6) Eyata ehiã vevie ŋutɔ fifia wu tsã be míana míaƒe tamesusu nasɔ ɖe Mawu tɔ nu. Ðoɖo wɔnuku aɖe le mía si si akpe ɖe mía ŋuti míawɔ esia.

Nusi Nàtsɔ Ana Hehe Wò Dzitsinyae

Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la “nye viɖenu hena nufiafia, na mokaka, na nuwo ɖɔɖɔɖo dzɔdzɔe, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo keŋkeŋ, anɔ dzadzraɖo ɖi keŋkeŋ hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (Timoteo II, 3:16, 17, NW) Biblia la sɔsrɔ̃ kpena ɖe mía ŋuti míenaa hehe nusi Biblia la yɔ be míaƒe ‘sidzedze ŋutete’ be wòabu nyui kple vɔ̃ me akpɔ. (Hebritɔwo 5:14) Akpe ɖe mía ŋu be míalɔ̃ nusiwo Mawu lɔ̃na eye nusiwo wòlé fui nanyɔ ŋu na mí.—Psalmo 97:10; 139:21.

Eyata ele be taɖodzinu si anɔ míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu nanye be míake ɖe gɔmesese si tututu le nyateƒea ŋu kple nu vevi siwo le eme ŋu tsɔ wu eŋuti sidzedze deto ɖeɖeko kpɔkpɔ. April 1, 1977, ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Ne míele Ŋɔŋlɔawo srɔ̃m la, edze be míadze agbagba be míaŋɔ ɖe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe, lɔlɔ̃ kple eƒe dzɔdzɔenyenye me, eye míaƒãe ɖe míaƒe dziwo ƒe gogloeƒea wòazu nu mãme abe nuɖuɖu kple yagbɔgbɔ ene. Edze be míate kpɔ aŋɔ ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe agbanɔamedzi sia me nyuie to dzesidede nyui kple vɔ̃ vevie [me]. Gawu la, edze be míawɔe míaƒe dzitsinya nakpɔ eƒe dɔdeasi, si le esi ku ɖe Senala kple Ʋɔnudrɔ̃la deblibo la ŋu la gbɔ kple ŋkubiã. (Yes. 33:22) Eyaŋuti esime míele nu srɔ̃m le Mawu ŋu la, edze be míadze agbagba be míanɔ eyama srɔ̃m le agbe me ƒe nuwɔna ɖesiaɖe me.”

“Kristo ƒe Tamesusu” ƒe Amesisusu

Biblia la sɔsrɔ̃ hã akpe ɖe mía ŋuti be “Kristo ƒe tamesusu,” si nye toɖoɖo kple ɖokuibɔbɔ ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme si Yesu ɖe fia la, nasu mía si. (Korintotɔwo I, 2:16) Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nye dzidzɔ nɛ, menye nane si wòwɔna ko tamemabumabutɔe o. Hakpala Dawid ƒo nu tso eƒe tamesusu ƒe nɔnɔme ŋu le nyagblɔɖimɔ nu esi wòŋlɔe be: “Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me.”a—Psalmo 40:9.

“Kristo ƒe tamesusu” ƒe amesisusu hiã vevie na hehenana míaƒe dzitsinya. Esime ame deblibo Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe Fofoa ƒe nɔnɔme kple amenyenye fia bliboe alesi amegbetɔ ate ŋui. Esia tae wòte ŋu gblɔ be: “Amesi ke kpɔm la, ekpɔ Fofo la [hã].” (Yohanes 14:9) Le nɔnɔme ɖesiaɖe si Yesu dze ŋgɔe le anyigba dzi me la, nusi Fofoa di tso esi la tututue wòwɔ. Le esia ta, ne miesrɔ̃ nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu la, ana míakpɔ amesi ƒomevi Yehowa Mawu nye la nyuie.

Míexlẽ be Yehowa nye ‘nublanuikpɔla kple amenuvela, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.’ (Mose II, 34:6) Yesu ɖe nɔnɔme siawo fia le eƒe nuwɔwɔ kple eƒe apostolowo me enuenu. Esime wonɔ nya ʋlim le amesi nye gã le wo dome ŋuti edziedzi la, Yesu to nyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋu dzi dzigbɔɖeanyitɔe fia wo be “amesi ke di bena, yeazu amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla; eye amesi ke di bena, yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe dɔla.” (Mateo 20:26, 27) Esia nye kpɔɖeŋu siwo fia be míate ŋu atrɔ míaƒe tamesusu ɖe Mawu tɔ ŋuti to Yesu ƒe agbenɔnɔ sɔsrɔ̃ me la dometɔ ɖeka ko.

Zi alesi míeyi edzi le nu srɔ̃m tso Yesu ŋuti la, zi nenemae wòana wòanɔ bɔbɔe na mí wu be míasrɔ̃ Yehowa, míaƒe dziƒo Fofo la. (Efesotɔwo 5:1, 2) Dzitsinya si trɔ ɖe Mawu ƒe tamesusu ŋuti la ada mí ɖe mɔ nyuitɔ dzi. Yehowa do ŋugbe na amesiwo ɖoa ŋu ɖe eyama ŋu be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.”—Psalmo 32:8.

Viɖekpɔkpɔ tso Dzitsinya si Wona Hehee Me

Esi Mose nya alesi amegbetɔ madeblibowo lɔ̃a aglãdzedze ta la, exlɔ̃ nu Israel-viwo be: “Mina nya siawo katã, siwo meku ɖe to me na mi egbea la, nade dzi gbɔ na mi, eye midee asi na mia viwo, ne woalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.” (Mose V, 32:46) Ele be míawo hã míaŋlɔ Mawu ƒe se la ɖe míaƒe dzi me. Ne míewɔ alea la, anɔ bɔbɔe na míaƒe dzitsinya be wòafia afɔɖoƒewo mí eye wòakpe ɖe mía ŋuti míawɔ nyametsotso nyuitɔwo.

Gake ele be míakpɔ nyuie. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe mɔ dzɔ le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu enye ku ƒe mɔ.” (Lododowo 14:12) Nukatae wòdzɔna alea zi geɖe? Elabena, abe alesi Biblia gblɔe ene la: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?” (Yeremya 17:9) Eyata ehiã be mí katã míawɔ ɖe nuxlɔ̃ame si le Lododowo 3:5, 6 dzi be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Apostolo Paulo zã Psalmo 40 lia me nyawo na Yesu Kristo le eƒe agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe Hebritɔwo me.—Hebritɔwo 10:5-10.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la ate ŋu atrɔ mí ɖe nyametsotso nyui wɔwɔ ŋuti abe taɖoƒefianu ene

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Taɖoƒefianu: Le Peabody Essex Museum, Salem, Mass ƒe mɔɖeɖe nu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe