INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Woɖoa Dzidodo Teƒe
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004 | August
    • Woɖoa Dzidodo Teƒe

      1 “Miaɖe miaƒe luʋɔwo ne miedo dzi.” (Luka 21:19, NW) Nya mawo siwo le Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe “xexeame ƒe nuwuwu” ŋu me la na eme kɔ be bene míate ŋu alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la, ele be míadzra ɖo be míadze ŋgɔ dodokpɔ vovovowo. Gake Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu ‘wòado dzi vaseɖe nuwuwu’ eye ‘wòakpɔ ɖeɖe.’—Mat. 24:3, 13; Fil. 4:13.

      2 Yometiti, lãmesẽkuxiwo, ganyawo ƒe sesẽ, kple nuteɖeamedzi ate ŋu anye dodokpɔ na mí gbesiagbe. Gake mele be míaŋlɔ be gbeɖe o be Satana le agbagba dzem be yeana míadzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Yehowa. Ŋkeke ɖesiaɖe si míelé nuteƒewɔwɔ na mía Fofoa me ɖe asi la, míele asi kpem ɖe ŋuɖoɖo kpɔkpɔ na Alɔmeɖela la ƒe gbetɔame ŋu. Aleke gbegbe míaƒe dzi dzea emee nye esi be míanyae be womeŋlɔa ‘aɖatsi’ siwo míefana ne míele dodokpɔ me tom la be o! Yehowa bua wo nu vevii, eye míaƒe nuteƒewɔwɔ doa dzidzɔ na eƒe dzi!—Ps. 56:9; Lod. 27:11.

      3 Dodokpɔwo Ðɔa Mí Ðo: Nɔnɔme sesẽwo me toto ate ŋu ana ame ƒe xɔse alo eƒe amenyenye ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔƒe aɖe nadze, abe dada alo dzimagbɔɖi ene. Le esi míadze agbagba be míasi le dodokpɔawo nu alo akpɔ wo gbɔ le mɔ siwo mesɔ ɖe ŋɔŋlɔawo nu o teƒe la, ele be míawɔ ɖe Mawu ƒe Nya la ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi be “dzidodo . . . nakpɔ eƒe dɔwɔwɔ blibo” la. Nukatae? Elabena dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe le dodokpɔwo me kpena ɖe mía ŋu míezua “ame blibowo keŋkeŋ.” (Yak. 1:2-4) Dzidodo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu nɔnɔme veviwo abe nugɔmesesename, veveseseɖeamenu, kple nublanuikpɔkpɔ ene ɖo.—Rom. 12:15.

      4 Xɔse ƒe Nyonyome si Wodo Kpɔ: Ne míedo dzi le dodokpɔwo me la, xɔse si wodo kpɔ ƒe nyonyome aɖe si ŋu Mawu dea asixɔxɔe la va sua mía si. (Pet. I, 1:6, 7) Xɔse sia dzraa mí ɖo be míanɔ te sesĩe le dodokpɔ siwo míado goe le etsɔme la me. Gawu la, míate ŋu ase le mía ɖokui me be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu, eye esia doa ŋusẽ mɔkpɔkpɔ si le mía si, wòva nyea nu ŋutɔŋutɔ na mí geɖe wu.—Rom. 5:3-5.

      5 Woƒo nu tso teƒeɖoɖo gãtɔ kekeake si ado tso dzidodo me na mí mlɔeba ŋu le Yakobo 1:12, si gblɔ be: “Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku.” Eyata mina míaku ɖe Yehowa ŋu goŋgoŋ le eyama subɔsubɔ me, eye kakaɖedzi nenɔ mía si be aɖo eteƒe na “amesiwo lɔ̃nɛ la” geɖe.

  • Akpa 2—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004 | August
    • Akpa 2—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ

      Dzadzraɖo ɖe Nusɔsrɔ̃a Wɔwɔ Ŋu

      1 Nufiafia nyuie ne wole Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm bia nu geɖe wu nyatia me dzodzro kple mawunyakpukpui siwo woyɔ la xexlẽ ko. Ehiã be míanya alesi míafia nua ale be wòaʋã nusrɔ̃via ƒe dzi. Esia bia be míabu nusrɔ̃via ŋu ahadzra ɖo nyuie be wòaɖe vi nɛ.—Lod. 15:28.

      2 Alesi Nàdzra Ðoe: Gbã la, tsɔ nusrɔ̃via kple eƒe nuhiahiãwo de gbedodoɖa me na Yehowa. Bia Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖo nusrɔ̃via ƒe dzi gbɔ. (Kol. 1:9, 10) Be nàse nyatia gɔme nyuie la, gbɔ dzi ɖi nàde ŋugble le nusɔsrɔ̃a ƒe tanya, tanya sueawo, kple nɔnɔmetata siwo anɔ eme ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Nufiame vevi ka koŋue le nyati sia me?’ Esia akpe ɖe ŋuwò nàte gbe ɖe nya veviawo dzi ne èle nusɔsrɔ̃a wɔm.

      3 Dzro nyatia ƒe memama ɖesiaɖe me nyuie. Di ŋuɖoɖo na nyabiase siwo le agbalẽa me, eye te fli ɖe nya alo nyagbɔgblɔ veviawo ko te. De ŋugble tso alesi mawunyakpukpui siwo woyɔ la ku ɖe nya vevi si le memamaa me ŋui, eye tia esiwo miaxlẽ le nua srɔ̃ɣi. Ðewohĩ nuŋlɔɖi kpui aɖewo wɔwɔ tso mawunyakpukpuiawo ŋu le agbalẽa ƒe axaa ƒe teƒe siwo le ƒuƒlu akpe ɖe ŋuwò. Ele be nusrɔ̃via nase egɔme nyuie be Mawu ƒe Nya la mee nusiwo srɔ̃m yele la tso.—Tes. I, 2:13.

      4 Nusɔsrɔ̃a Nesɔ Ðe Nusrɔ̃via ƒe Nuhiahiãwo Nu: Eyome na nusrɔ̃via ƒe nuhiahiãwo nenɔ susu me na wò nàde ŋugble le nusɔsrɔ̃a ŋu. Dze agbagba nàbu tame le nya siwo wòate ŋu abia kple akpa siwo ɖewohĩ asesẽ nɛ be wòase wo gɔme alo alɔ̃ ɖe wo dzi la ŋu. Bia ɖokuiwò be: ‘Nuka gɔmee wòhiã be wòase alo si ŋu wòle be wòatrɔ asi le ale be wòate ŋu ayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me? Aleke mawɔ aɖo eƒe dzi gbɔe?’ Azɔ trɔ wò nufiafiaa wòasɔ ɖe nu mawo nu. Ɣeaɖewoɣi la, ɖewohĩ àkpɔe be ehiã be yeadzra ɖo ɖe kpɔɖeŋu aɖe, numeɖeɖe aɖe, alo nyabiase vovovo aɖewo siwo akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòase nyati aɖe alo mawunyakpukpui aɖe gɔme nyuie ŋu. (Nex. 8:8) Gake mègatsɔ nya bubu siwo mehiã na nya veviawo gɔmesese o la de eme o. Ne miewɔ numedzodzro kpui aɖe le nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu la, akpe ɖe eŋu nya veviawo natsi susu me nɛ.

      5 Aleke gbegbee wòdzɔa dzi na mí enye esi ne ame yeyewo va le dzɔdzɔenyenye ƒe ku tsem hena Yehowa ƒe kafukafu! (Fil. 1:11) Be nàkpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu woaɖo taɖodzinu ma gbɔ la, dzra ɖo nyuie do ŋgɔ ɣesiaɣi si nàwɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe