Ðoɖowɔwɔ be Míakpe Míaƒe Anyigbamamawo Ðo Nyuie
1. Dɔ vevi kae Yehowa de asi na Eƒe amewo le ŋkeke mamlɛ siawo me, eye afikae wowɔe ɖo fifia?
1 Esi Yesu gblɔ be: “Abɔ la enye xexe la me” la, enɔ nu ƒom tso alesi gbegbe anyigbamama si me woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒenyanyuia le la loloe ŋu. (Mat. 13:38) Tso gɔmedzedze sue aɖe dzi le ƒe 1919 me la, amesiamina nuteƒewɔla susɔeawo wɔ dɔ sesĩe kutrikukutɔe le nuŋeɣi sia me eye wowɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ tsɔ keke gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu yi ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke. Fifia la, wole gbeƒã ɖem nyanyuia na amewo le dukɔ 235 me.
2. (a) Akpa kae gbeƒãɖela ɖesiaɖe wɔna be míawu dɔdasi sia nu? (b) Aleke wòle be míabu anyigbamama siwo me míewɔa dɔ le lae?
2 Togbɔ be Mawu subɔla miliɔn geɖewoe le dɔ wɔm le xexeame katã ƒe anyigbamama gã sia me hã la, wode ‘anyigbaa’ ƒe akpa aɖe, si hã le vevie ŋutɔ, asi na Fiaɖuƒegbeƒãɖela ɖesiaɖe. Esia enye anyigbamama gã la ƒe akpa sue si wode asi na hamea, esi me míewɔa dɔ le ɣleti sia ɣleti. Aleke míebua míaƒe anyigbamama lae? Ðe wòle be míabui abe “nuto” aɖe si wota ɖe agbalẽ dzi ko enea? Alo ɖe míebunɛ be enye nuto si me amewo le, luʋɔ gbagbe, siwo ƒe seselelãmewo, mɔkpɔkpɔwo, didiwo, dzimaɖitsitsiwo, kple nuhiahiãwo le vovovo, eye wonye amesiwo di be yewoanɔ agbe, ke menye be yewoaku oa? Ðe míebua wo be wonye Mawu ƒe nuwɔwɔ, siwo dzɔ tso ame ɖeka si Mawu wɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me la me, be wonye nuwɔwɔ siwo Wòlɔ̃ vevie ale gbegbe be wògakpɔtɔ le xɔxɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa dom ɖe wo gbɔ le gaƒoƒo mamlɛ sia gɔ̃ hã mea? (Yoh. 3:16) Ne nenemae míesena le mía ɖokui me ɖe amesiwo hiã gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu ŋu la, ekema, míawɔ dɔ le anyigbamama si wode asi na mí la me ahakpee ɖo tsitotsito.
3. (a) Nukatae hamemegãwo dina be míakpe hamea ƒe anyigbamamaa ɖo tsitotsito? (b) Dɔ kae subɔsubɔdɔ dzikpɔla wɔna le ɖoɖowɔwɔ ɖe hamea ƒe anyigbamama ŋu me?
3 Ðoɖowɔwɔ Ðe Hamea ƒe Anyigbamama Ŋu: Alɔdzedɔwɔƒea dea anyigbamama asi na hame ɖesiaɖe. Esi wònye be hamemegãwo ƒe ha la tsɔ ɖe le eme na amesiwo le woƒe nutoa me abe alesi Yehowa kple Via tsɔ ɖe le eme na woe ene ta la, wodina vevie be woawɔ dɔ le anyigbamama si wode asi na hamea la me nyuie. Dɔwɔwɔ le hamea ƒe anyigbamama me ƒe ɖoɖo bliboa nɔa subɔsubɔdɔ dzikpɔla ƒe dzikpɔkpɔ te. Togbɔ be subɔsubɔdɔwɔla aɖe ate ŋu ana anyigbamama nɔviawo eye wòawɔ eŋuti nuŋlɔɖi hã la, enye subɔsubɔdɔ dzikpɔla ƒe agbanɔamedzi be wòakpɔ egbɔ be agbalẽvi siwo nye Territory Assignment Record (Gbeƒãɖelawo ƒe Anyigbamama Ŋuti Nuŋlɔɖi) (S-13) kple Territory Map Card (Anyigbatataa Ŋuti Gbalẽvi) (S-12) le ɖoɖo nyui me, eye nuŋlɔɖiawo de pɛpɛpɛ heli hamea nazã. Ele be subɔsubɔdɔ dzikpɔla nawɔ ɖe mɔfiame siwo le lɛta si nye Congregation Territory Assignment, S-54 me la dzi pɛpɛpɛ.
4. (a) Dɔ kae Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be wokpe anyigbamamaa ɖo tsitotsito, eye ɣeyiɣi ƒe didime kae woatsɔ akpee ɖo? (b) Aleke hame vovovo siwo wɔa dɔ le anyigbamama ɖeka me ate ŋu awɔ nu aduadui eye nukae esia ana míaƒo asa na?
4 Ele be subɔsubɔdɔ dzikpɔla nawɔ dɔ aduadu kple Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo ahakpɔ egbɔ be anyigbamama li si me hamea awɔ dɔ le kwasiɖa ɖesiaɖe. Akpɔ egbɔ hã be wokpe anyigbamamawo ɖo tsitotsito eye be ne anya wɔ la, woakpee ɖo le ɣleti ade alo ƒe ɖeka me. Ele vevie be wòawɔ dɔ aduadu kple subɔsubɔdɔ dzikpɔla bubuwo ne woƒe hame ƒe anyigbamamawo de nu eƒe hamea tɔ me alo ne woa kple hame geɖee le dɔ wɔm le anyigbamama ɖeka me. Esia akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na hame eve alo esi wu nenema ƒe hahoo ɖaseɖiɖi le anyigbamamaa me le ɣeyiɣi ɖeka me, elabena dɔwɔwɔ alea atɔtɔ aƒemenɔlawo alo wòazu nuɖiaɖia na wo. Nuwɔwɔ aduadu alea nye nɔviwo kple amesiwo le anyigbamamaa me siaa ŋu bubu.—Kor. I, 9:22, 23.
5. (a) Ðoɖo kawoe woate ŋu awɔ be anyigbamama nanɔ anyi hamea me gbeƒãɖelawo nawɔ dɔ le eme? (b) Hame kawo mee gbeƒãɖelawo ate ŋu axɔ anyigbamama na wo ɖokui le?
5 Anyigbamamaa Kpekpeɖo Tsitotsito: Afisi anyigbamama melolo le o la, Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla xɔa anyigbamama si me gbeƒãɖela siwo le eƒe ƒuƒoƒoa me ate ŋu ayi gbeadzi le. Enye eƒe agbanɔamedzi be wòakpɔ egbɔ be wowɔ dɔ le anyigbamama siawo me ɖe ɖoɖo nu hekpe wo ɖo tsitotsito le ɣeyiɣi si sɔ me. Togbɔ be gbeƒãɖela akpa gãtɔ ƒoa ƒu kple woƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒoa be woawɔ dɔ le anyigbamama siawo me hã la, ne èle hame si ƒe anyigbamama lolo me la, àdi be anyigbamama nanɔ ye ŋutɔ ye si, ɖewohĩ anye esi te ɖe wò aƒe ŋu. Ne anyigbamama si le teƒe si te ɖe ŋuwò nyuie alea le asiwò la, ana nàte ŋu azã ɣeyiɣi si nàtsɔ ayi gbeadzii la le mɔ nyuitɔ kekeake nu. Azɔ hã, àdi be yeakpe gbeƒãɖela bubuwo be woava wɔ dɔ kpli ye le yeƒe anyigbamamaa me.
6. Dɔ tɔxɛ kae kpɔ amesiwo xɔ anyigbamama na wo ɖokui la ŋkume?
6 Ne anyigbamama li si nàte ŋu axɔ la, àte ŋu ate ɖe amesi kpɔa anyigbamamawo dzi le miaƒe hamea me ŋu eye nàxɔ anyigbamama si wometsɔ na ame aɖeke haɖe o la. Le ɣleti etɔ̃ alo ene megbe la, anyigbamama dzikpɔlaa ate ŋu abia wò nenye be èkpe anyigbamamaa ɖo keŋkeŋ ale be wòate ŋu atsɔ bubu na wò eye wòade ema nuŋlɔɖi me. Nyateƒee, ne anyigbamama le asiwò la, wò dɔe wònye be nàɖo ame alesinu nàte ŋui gbɔ le anyigbamamaa me. Nukae esia abia tso asiwò?
7. (a) Nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be míekpe anyigbamamaa ɖo tsitotsito? (b) Nukatae wòle vevie ŋutɔ be míawɔ nuŋlɔɖiwo? (d) Nukae wòhiã be míawɔ ne míedi be míawɔ dɔ le míaƒe anyigbamama me tsitotsito?
7 Nuŋlɔɖi Nyuiwo Wɔwɔ: Didi vevie be míakpe ɖe amewo ŋu to Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ na wo dzi la aʋã mí be míadze agbagba ɖesiaɖe aƒo nu na ame geɖe alesinu míate ŋui le anyigbamamaa me. Be nàte ŋu awɔ esia la, ele be wò ŋutɔ, kple amesiwo le dɔ wɔm kpli wò la katã miawɔ House-To-House Record (Aƒeme Yi Aƒeme Nuŋlɔɖi) gbalẽvia (S-8) ŋudɔ nyuie. Nukatae wòle vevie ŋutɔ be míawɔ aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖi nyuiwo? Esi míaƒe dɔa ku ɖe amewo ƒe agbe ŋu ta la, amewo ƒe ŋkɔwo, aƒeawo ƒe xexlẽdzesi, kple nyatakaka vevi bubuwo ŋɔŋlɔ ɖi akpe ɖe mía ŋu be míaŋlɔ amesiwo ŋu míeke ɖo le gbeadzi la be o. Le kpɔɖeŋu me, le teƒe geɖewo la, ame akpa gãtɔ menɔa aƒeme le ŋkeke me o. Ne míedze agbagba di amesiwo míekpɔ le aƒeawo me o la, ekema míegblẽ míaƒe anyigbamama ƒe akpa gã aɖe ɖi dɔmawɔmawɔ le eme. Eyata ele vevie be míaŋlɔ aƒe siwo me míedo go amewo le o ƒe xexlẽdzesi alo nusiwo míate ŋu atsɔ ade dzesi aƒeawoe la ɖi.
8. Ne míeku kutri di amesiwo míekpɔ le aƒeawo me o la, nu nyui kawoe ate ŋu ado tso eme?
8 Nu nyui geɖewo dona tsoa eme ne míeɖoe kplikpaa di amesiwo míekpɔ le aƒeawo me o la. Ðasefo atsu kple asi aɖe yi gbeadzi ŋdi aɖe. Le gaƒoƒo aɖewo megbe le ŋkeke ma ke dzi la, wogatrɔ yi aƒe siwo me womekpɔ amewo le gbã o la me. Ŋutsu aɖe xɔ wo heɖo to nyuie. Exɔ míaƒe agbalẽwo dometɔ ɖeka hebia Ðasefoawo be woagatrɔ ava ɣebubuɣi. Medo go Yehowa Ðasefowo kpɔ o, eye biabia geɖe nɔ esi wònɔ ŋuɖoɖo dim na. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Ne míeku kutri wɔ dɔ le míaƒe anyigbamamawo me tsitotsito alea la, nu nyui geɖewo ado tso eme na míawo hã nenema ke.
9. Nuka wɔmee gbeƒãɖela geɖe le be woaɖo amesiwo menɔ aƒeme o la gbɔ, eye le Timoteo I, 2:3, 4 ƒe nya nu la, nukatae esia le vevie?
9 Le agbagbadzedze be woake ɖe amesiawo tɔgbe ŋu me la, mɔɖela kple gbeƒãɖela bibiwo kpɔe be eɖea vi ne yewotrɔ ɣeyiɣi siwo me yewowɔa aƒeme yi aƒeme dɔa le anyigbamamaa me. Ame aɖewo kpɔe be kwasiɖanuwuwuwoe nye ɣeyiɣi nyuitɔ siwo me yewoake ɖe amesiwo menɔ aƒeme le kwasiɖa domedome o ŋu le. Eyata àdi be yeazã ɣeyiɣi aɖe le Memleɖa alo Kwasiɖagbewo adi amesiwo mèkpɔ le aƒeawo me o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, hame aɖewo kpɔe be eɖea vi geɖe ne yewotrɔ yi aƒe mawo me le fiẽsiwo me. Dɔwɔwɔ le hamea ƒe anyigbamamaa me alea akpe ɖe ŋuwò be nàɖo ame geɖe wu gbɔ, eye le dzigbɔɖeanyi me la, àva kpɔ dzidzɔ be yekpe ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu wova kpɔ ŋudzedze ɖe ɖoɖo si Mawu wɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ la ŋu.—Tim. I, 2:3, 4.
10. Ne míeke ɖe ame aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia ŋu la, nukae wòle be míawɔ, eye nukatae esia le vevie?
10 Dze agbagba nàtrɔ ayi amesiwo xɔ agbalẽ alo ɖe nyanyuia ŋuti ɖetsɔleme suetɔ kekeake gɔ̃ hã fia la gbɔ. Ne èke ɖe ame aɖe si tsɔ ɖe le nyaa me ŋu la, ele vevie be nàŋlɔ nyatakaka siwo akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu awɔ tɔtrɔyi siwo aɖe vi la ɖi. Nyatakaka siwo nàŋlɔ dometɔ aɖewoe nye amea ƒe ŋkɔ, eƒe adrɛs, nyati si ŋu mieɖo dze le, nya si me miadzro ne ètrɔ yi, kple ŋkeke kpakple gaƒoƒo si dzi mielɔ̃ ɖo be nàtrɔ ava. Fɔléle ɖe tɔtrɔ ayi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ ŋu ana dzitsinya nyui nanɔ mía si esi míele agbagba dzem be míawu míaƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe.—Tim. II, 4:5.
11. (a) Le ɣeyiɣi si susɔ me la, nukae wòle be míaɖo kplikpa be míawɔ? (b) Amekawoe wòaɖe vi na ne míewɔ dɔ le míaƒe anyigbamamaa me tsitotsito?
11 Le etsɔ si gbɔna kpuie me, ne ‘míeɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia heɖi ɖase na dukɔwo katã vɔ la, nuwuwua ava mlɔeba.’ (Mat. 24:14) Le ɣeyiɣi si susɔ me la, mina míawɔ nusianu si míate ŋui be míawɔ ɖoɖo ɖe míaƒe anyigbamamawo ŋu ahakpe wo ɖo tsitotsito atsɔ aɖe alesi míetsɔ ɖe le eme na amewo lɔlɔ̃tɔe afia. Ne míewɔ esia la, menye mía ŋutɔwo ɖeɖeko míaxɔ ɖe agbe o ke boŋ míaxɔ amesiwo ɖoa to míaƒe mɔkpɔkpɔ gbedasia hã ɖe agbe.—Tim. I, 4:16.