Di Mawumeŋutifafa Le Wò Ƒomea Me
1. Aleke míawɔ akpɔ ŋutifafa kple dzidzɔ le míaƒe ƒomea me?
1 Yehowa Mawu, ame si ɖo ƒomea anyi, la gbɔe ƒome sia ƒome si le anyigba dzi la dzɔ tso. (Ef. 3:14, 15) Le esia ta Mawu ƒe Nya, Biblia la, mee ƒomewo akpɔ gɔmeɖose siwo dzi wɔwɔ ahe dzidzɔ vɛ na wo la le. Ðe miaƒe ƒomea me tɔwo katã dzea agbagba vevie wɔna ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzia? Mina míalé ŋku ɖe gɔmeɖose vevi ene, siwo dzi wòle be ƒomea me tɔwo katã nadze agbagba vevie awɔ ɖo, la ŋu. Esia wɔwɔ ana be ŋutifafa kple dzidzɔ nanɔ miaƒe ƒomea me.
2. (a) Nu ka tae ɖokuidziɖuɖu hiã vevie le ƒomea me? (b) Aleke gɔmeɖose siwo le Kolosetɔwo 3:12-14 ate ŋu akpe ɖe ƒomea me tɔwo ŋu woadi ŋutifafa?
2 Ðokuidziɖuɖu: Nɔnɔme sia le vevie be mawumeŋutifafa nanɔ ƒomea me. (Gal. 5:22, 23) Fia Salomo gblɔ be: “Amesi mate ŋu aɖu eƒe gbɔgbɔ dzi o la, le abe du, si wogbã gli le eŋu, wòtsi nuvo ene.” (Lododowo 25:28) Togbɔ be míede blibo o hã la, ele be ƒomea me tɔwo naɖe ɖokuidziɖuɖu afia le nuwɔwɔ kple wo nɔewo me. (Rom. 7:21, 22) Mele be dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, kple aglotutu siwo gbɔ eme, nanɔ Kristotɔ ƒe aƒe me o. (Gal. 5:20, 21) Ðokuidziɖuɖu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu ‘woasi le ahasiwɔwɔ nu,’ eye woawɔ nuteƒe na wo nɔewo. (Kor. I, 6:18) Nɔnɔme vevi sia akpe ɖe mía ŋu hã be míagawɔ adã o, míatsri ahamumu alo aɖu edzi, eye míatsɔ tufafa ato nɔnɔme sesẽwo me geɖe wu.—Kol. 3:12-14.
3. Nu kae tanyenye ƒe gɔmeɖosea bia tso ƒomea me tɔwo si?
3 Tanyenye: Paulo ŋlɔ be: “Mele didim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.” (Kor. I, 11:3) Lɔlɔ̃ ɖe gɔmeɖose sia dzi, kple edziwɔwɔ, akpe ɖe mía ŋu míana mawumeŋutifafa nanɔ míaƒe ƒomewo me. Yehowa bia tso ŋutsuwo si be woaxɔ ŋgɔ le ƒomea me. Srɔ̃nyɔnu mawuvɔ̃la dea bubu srɔ̃a ƒe tanyenye ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. Ne ƒomea me tɔwo wɔ ɖe ɖoɖo sia dzi nyuie la, anɔ bɔbɔe na ɖeviwo be woade bubu wo dzilawo ŋu ahaɖo to wo.—Ef. 5:22-25, 28-33; 6:1-4
4. Nu ka tae mele be srɔ̃ŋutsu Kristotɔ nanye amedzizila o?
4 Ele be srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo naɖo ŋku edzi be menye dzizizidziɖuɖue Ŋɔŋlɔawo me tanyenyea nye o. Ele be wòasrɔ̃ Yesu, ame si nye eƒe Ta, le go sia me. Togbɔ be Yesue ava nye “nuwo katã ƒe ta” hã la, “meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ.” (Ef. 1:22; Mat. 20:28) Srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo wɔa woƒe tanyenye ŋudɔ le mɔ si ɖenɛ fiana be wotsɔa ɖe le woƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo me gbã la nu. Nuwɔwɔ ɖokuitɔmadimaditɔe alea abe Kristo ene la naa ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔa ƒomea me.—Kor. I, 13:5.
5. Nɔnɔme kae akpe ɖe srɔ̃nyɔnu ŋu wòawɔ eƒe akpa dzi le ƒomea me, eye aleke wòawɔe?
5 Ele be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ nakpe asi ɖe srɔ̃a ŋu faa dzidzɔtɔe le eƒe tanyenyea ŋudɔwɔwɔ me. Esia hiã, ne nyɔnua de suku wu srɔ̃a, alo eƒe dɔwɔɖui hea ga geɖe vɛ wu srɔ̃a tɔ kura gɔ̃ hã. Esi wònye “kpeɖeŋutɔ” kple ‘ame si sɔ na srɔ̃a’ ta la, ate ŋu aɖe nɔnɔme kple ŋutete siwo mele srɔ̃a si o la afia, eye wòana kpekpeɖeŋu si hiã lae. (Mose I, 2:20; Lod. 31:10-31) Enɔa bɔbɔe na srɔ̃nyɔnu si bɔbɔa eɖokui la be wòade bubu srɔ̃a ŋu be eyae nye ta. Ðeviwo kpɔa esia, eye eʋãa wo be woawo hã woaɖo to.
6, 7. (a) Ame ka ƒe agbanɔamedzi wònye be wòafia nu ƒomea? (b) Aleke srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu awɔ gɔmeɖose si le Nyagblɔla 11:6 dzii le ƒomea me?
6 Ŋɔŋlɔawo na míenya ame si wòle be wòaxɔ ŋgɔ le nufiafia ɖeviawo me. “Mi fofowo la, . . . minyi [mia viwo] le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Ef. 6:4) Ele be vifofowo nalɔ̃ faa atsɔ agbanɔamedzi sia, ẽ, didi vevie nanɔ wo me be yewoafia nu yewo viwo ahaɖɔ wo ɖo.
7 Le kpɔɖeŋu me, ele be nàkpɔ egbɔ be miewɔa ƒomenusɔsrɔ̃ tuameɖowo edziedzi. Mègawɔ alɔgblɔdɔ le Mawu ƒe nyateƒenyawo fiafia viwòwo le mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe me ŋu o. (Nyagb. 11:6) Esia abia be nàsrɔ̃ Biblia kpli wo dometɔ ɖe sia ɖe edziedzi, be wòakpe ɖe wo ŋu woatsi le gbɔgbɔ me. Kpe ɖe wo ŋu woadzra ɖo na nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo me kple dɔwɔwɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Wò ŋku nenɔ woƒe hadedewo ŋu.—Kor. I, 15:33.
8. (a) Nu kae woate ŋu awɔ ne vifofoa nye dzimaxɔsetɔ? (b) Togbɔ be ame bubuwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu hã la, nu kae mele be woaŋlɔ be o?
8 Ke ne srɔ̃ŋutsua nye dzimaxɔsetɔ ya ɖe? Ele be srɔ̃nyɔnu xɔsetɔa nawɔ eƒe akpa dzi, afia nu viawo ahawɔ ƒomenusɔsrɔ̃ kpli wo edziedzi. (Tim. II, 1:5) Ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme aɖewo abia be nɔvinyɔnua ɖeɖe natsɔ nufiafia ɖeviawo ƒe agbanɔamedzi bliboa. (Lod. 1:8) Le go aɖewo me la, hamemetsitsi aɖe, alo gbeƒãɖela tsitsi bubu aɖe, ate ŋu ana kpekpeɖeŋu, le ale si nɔnɔmea bia nu. Ke hã, mele be ɖoɖo sia nana dzilawo nabui be, Ŋɔŋlɔawo me gbanɔamedzi be woafia nu wo viwo, ahe wo, ahalé be na wo la, ɖe le yewo dzi o.—Mose V, 6:6, 7; Tim. I, 3:2, 4.
9. Ðe nyɔnuwo ate ŋu akpɔ gome le hehenana ɖeviawo mea? Ðe eme.
9 Srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu aɖee afia be yewobɔbɔ ɖe yewo srɔ̃wo te to asikpekpe ɖe ɖeviawo hehe kple nuxɔxlɔ̃ wo ŋu me. Le Mawu ƒe dzidzenuwo kple hehenana gome la, mina mia viawo nanyae be, mia kple srɔ̃wò ƒe nu sɔ le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ me.—Kor. I, 1:10; Lod. 1:8.
10. Ɣekaɣie wòle be ƒomea me tɔwo nawɔ gɔmeɖose si le Yakobo 1:19 la dzi, eye aleke woawɔe?
10 Dzeɖoɖo Nyui: Míate ŋu agblɔ gɔmeɖose vevi etɔ̃lia ale: “Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.” (Yak. 1:19) Ele vevie be ƒomea me tɔwo nade bubu wo nɔewo ŋu to ale si woaɖo to ne ame evelia le nu ƒom me. Ele be woaɖo dze tso masɔmasɔwo ŋu le dzigbɔɖi, lɔlɔ̃, kple nugɔmesese mɔ nu.
11. (a) Nu siwo ŋu wòle be woaɖo dze tsoe eme nakɔ dometɔ aɖewoe nye ka? (b) Ne míele dze ɖom tso masɔmasɔwo ŋu la, nu kae mele be míawɔ o, eye nu ka tae?
11 Le ameŋububu kple bubudede ame nɔewo ŋu ta la, ehiã be srɔ̃tɔwo naɖo dze faa tso nu siwo woaƒle, gazazãwo, gadodo, kple ganya bubuwo ŋu. (Lod. 15:22) Ne masɔmasɔwo do mo ɖa, eye míele dze ɖom tso eŋu la, ne nya nyui wònye gblɔm míele hã la, ne míegblɔe adãtɔe, dadatɔe, alo vevemaseɖeamenutɔe la, nu si wòagblẽ la ate ŋu asɔ gbɔ wu nyui si ado tso eme. Ele be míaƒe nuƒoƒo nadze to, eye ‘dze nanɔ eme.’ (Kol. 4:6) Ƒome siwo wɔa Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siawo dzi la akpɔ mawumeŋutifafa le woƒe aƒewo me.
12, 13. (a) Ŋusẽ kae wòle be lɔlɔ̃ na Yehowa nakpɔ ɖe míaƒe ƒomea dzi? (b) Aleke wòle be míawɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo ku ɖe lɔlɔ̃ɖeɖefia le míaƒe ƒomea me gbe sia gbe la dzii, eye nu ka tae?
12 Lɔlɔ̃: Gɔmeɖose enelia, si hiã vevie hena ƒomea ƒe ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ enye lɔlɔ̃. Atsu kple asi dome lɔlɔ̃ ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le srɔ̃ɖeɖe me, eye ƒomea me tɔwo malɔ̃ nu le wo nɔewo gbɔ kura o. Gake nu si le vevie wue nye lɔlɔ̃ ƒomevi si woyɔ le Helagbe me be a·gaʹpe. Lɔlɔ̃ siae le mía si na Yehowa, Yesu, kple mía haviwo. (Mat. 22:37-39) Mawu ɖe lɔlɔ̃ sia fia ameƒomea esi wòtsɔ eƒe “Tenuvi hena,” bene ‘míagatsrɔ̃ o, ke boŋ míakpɔ agbe mavɔ.’ (Yoh. 3:16) Ðe mele vevie ŋutɔ be, míawo hã míaɖe lɔlɔ̃ sia tɔgbe ke afia míaƒe ƒomea me tɔwo oa?
13 Lɔlɔ̃ deŋgɔ sia nye “blibonyenye ƒe nublanu.” (Kol. 3:14) Eblaa atsu kple asi ɖekae, eye wòʋãa wo wodina be yewoawɔ nu si nye nyuitɔ kekeake na yewo nɔewo kpakple yewo viwo. (Fil. 2:4) “Lɔlɔ̃ . . . media ye ŋutɔ tɔ o. . . . Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.” Ne lɔlɔ̃ sia tɔgbe le ƒomea me tɔwo dome la, enu “metsina gbeɖe o.” (Kor. I, 13:4-8) Vavãe, ƒome siwo lɔ̃a wo nɔewo le esi wolɔ̃ Yehowa ta la, me tɔwo kpɔa dzidzɔ!—Yoh. I, 5:3.
14. (a) Nu kae wòle be dzilawo nawɔ be woakpɔ Yehowa ƒe yayra? (b) Ne míedi ŋutifafa le ƒomea me la, nu kae ado tso eme?
14 Ne ƒomea me tɔwo katã wɔ ɖe Biblia me gɔmeɖose siwo ŋu míeƒo nu le dzi la, woate ŋu akpɔ mawumeŋutifafa le aƒea me. Dzila mawuvɔ̃la siwo ɖoa gbɔgbɔmetaɖodzinuwo na wo viwo, eye wosrɔ̃a Biblia kpli wo edziedzi la, ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra yewo. (Nyaɖ. 21:1-4) Eya ta midze agbagba miana Mawu vavã la ƒe tadedeagu nanye nu vevitɔ na mi le ƒomea me. Eye Yehowa, mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo, nena miakpɔ dzidzɔ, esi miele mawumeŋutifafa dim le miaƒe ƒomea me!