INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006 | November
    • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

      Mide Dzesii: Subɔsubɔ Kpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi adze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me kwasiɖa ɖe sia ɖe hena ɣleti siwo me woawɔ nutome gã takpekpewo. Hamewo ate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã be woade “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!” Nutome Gã Takpekpea. Mizã miniti 15 le Subɔsubɔ Kpekpe mamlɛtɔ si miawɔ do ŋgɔ na takpekpea me agbugbɔ adzro takpekpea ƒe ŋkuɖodzinya siwo dze le ɣleti sia ƒe emedegbalẽvia me siwo asɔ ɖe miaƒe hiahiãwo nu me. Ne miegbɔ tso takpekpea la, midi miniti 15 vaseɖe 20 le Subɔsubɔ Kpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi aɖe me miatsɔ adzro nya vevi siwo wogblɔ le takpekpea me la me. Esia mefia be woadzro takpekpea me nuƒoawo katã me o. Ke boŋ anyo be miate gbe ɖe akpa siwo ku ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa, kple gɔmeɖose siwo le dramaa me, ŋu dzi. Kpe nyaselawo be woagblɔ ale si wole nya siwo wose la zãmee le gbeadzisubɔsubɔdɔa kple woƒe gbesiagbegbenɔnɔ mee.

      November 13 ƒe Kwasiɖa

      Hadzidzi 152

      5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.

      15 min: “Amewo Kpekpe le Xexeame Katã Hena ‘Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!’ Nutome Gã Takpekpeawo.”a Mixlẽ memamawo katã.

      25 min: “Kpɔ Yehowa Sinu.”b Hamea ƒe agbalẽŋlɔla ƒe dɔ. Yɔ takpekpe si miaƒe hamea ade. Kpe nyaselawo be woagblɔ ale si míaƒe nutome gã takpekpe ƒe akɔtagbalẽviwo dede ɣeawokatãɣi ne míele takpedua me ate ŋu aʋu ɖaseɖiɖi ƒe mɔ na míi. De dzi ƒo na nɔviawo be woawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si aʋu ɖi la ŋudɔ atsɔ aɖi vomeɖase eye woakpe Please Follow Up (S-43) ƒe agbalẽvia ɖo ku ɖe ame siwo ɖe ɖetsɔleme fia la ŋu atsɔ ana.

      Hadzidzi 191; gbedodoɖa na kpakpã.

      November 20 ƒe Kwasiɖa

      Hadzidzi 132

      10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa atsɔ awɔ ale si woana November 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple November ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! nana mɔnu gbãtɔ ƒe wɔwɔfiawo. Le wɔwɔfia ɖeka me la, na woawɔ ale si woakpɔ dzeɖonyanutsinya si nye “Menya nu tso miaƒe dɔa ŋu nyuie xoxo” la gbɔe hã afia.—Kpɔ Reasoning-gbalẽa, axa 20 (alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii, axa 12).

      20 min: Ame Vevitɔ Kekeake ƒe agbalẽa nana le December me. Numedzodzro kple nyaselawo. Bia nyaselawo woagblɔ nu si doa dzidzɔ na wo le Ame Vevitɔ Kekeake gbalẽa ŋu, kple nuteƒekpɔkpɔ nyui siwo su wo si le agbalẽa nana me va yi. Dzro kpɔɖeŋu mɔnu siwo dze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, January 2005 me la me. Na woawɔ ale si woazã kpɔɖeŋu mɔnu mawo dometɔ ɖeka alo bubu si asɔ le miaƒe anyigbamamaa me atsɔ ana agbalẽae la ƒe wɔwɔfia.

      15 min: “Dzinɔameƒotɔwo Kple Ŋutifafamewo.”c Gblɔ nya aɖewo tso Subɔsubɔ Suku gbalẽa ƒe axa 252-3, le tanya sue si nye “Afisi Nàɖe Mɔ Ðe Nuwo Ŋu Le” te.

      Hadzidzi 39; gbedodoɖa na kpakpã.

      November 27 ƒe Kwasiɖa

      Hadzidzi 111

      5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe November gbeadzikɔntabubu ana. Xlẽ gakɔntawo kple nudzɔdzɔ siwo va ka habɔbɔa si ŋuti nyatakakawo.

      10 min: Xɔtutu Ðekae be Míakafu Mawu. Hamemetsitsi ƒe nuƒo si wòatu ɖe Gbetakpɔxɔ, November 1, 2006, axa 17-21 dzi.

      15 min: “Ale si Nàdzra Ðo ɖe Magazine Nana Ŋu.”d Na gbeƒãɖela eve (ate ŋu anye ame kple srɔ̃a) natia mɔnu eve mamlɛtɔ siwo le axa 8 lia dometɔ ɖeka atsɔ awɔ wɔwɔfia aɖe si me woana magazinewo le. Woatso nya me le ale si woazãe ŋu, eye woagbugbɔ nyaawo agblɔ le wo ɖokui si. Azɔ woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le nyati sia si me dzrom míele la me atsɔ adzra ɖo ɖe ale si woaƒo nu tso nyati bubu aɖe si wokpɔ be esɔ na yewoƒe anyigbamamaa ŋu la ŋuti, eye woawɔ ema hã ƒe wɔwɔfia. Woawɔ esiawo katã le miniti etɔ̃ me.

      15 min: “Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ le Ʋɔtru Nu.”e Na woawɔ wɔwɔfia kpui aɖe ku ɖe nya si gbeƒãɖela ate ŋu agblɔ atsɔ ana tsitrenu nusɔsrɔ̃a wɔwɔ le ʋɔtru nu nava zu anyinɔƒe nusɔsrɔ̃e la ŋu.

      Hadzidzi 162; gbedodoɖa na kpakpã.

      December 4 ƒe Kwasiɖa

      Hadzidzi 155

      12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ nyati si nye “Akɔntabubu Siwo Tsi Megbe,” dzro eme, nàde dzi ƒo na gbeƒãɖelawo katã be woatsɔ woƒe akɔntabubu ana kaba ɣleti ɖe sia ɖe be akɔntabubuawo katã nade. To “July Subɔsubɔ ƒe Akɔntabubu” me nàtsɔ aƒo etae. Dzikpɔla zimenɔla ƒe dɔ.

      15 min: “Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!”f De dzi ƒo na hamea be woazã nu nyui siwo le agbalẽa ŋu la nyuie, abe aɖakawo kple nɔnɔmetatawo ene. Le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, ele be woatsɔ Biblia adzro nufiame si míexɔ gbemagbe la me.

      18 min: Nyanyuia ƒe Subɔlawo. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo si woatu ɖe Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa, axa 77 vaseɖe axa 83 ƒe tanya suea dzi. De dzi ƒo na nɔviwo katã be woakpe ɖe ɖeviwo kple ame yeyewo ŋu be woawɔ ŋgɔyiyi. Hamemetsitsiwo nakpe kple ame siwo di be yewoazu gbeƒãɖelawo kaba.

      Hadzidzi 168; gbedodoɖa na kpakpã.

  • Akɔntabubu Siwo Tsi Megbe
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006 | November
    • Akɔntabubu Siwo Tsi Megbe

      Enye dzidzɔ be gbeƒãɖela geɖe tsɔa woƒe gbeadzikɔntawo nana kaba le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu. Miedze na kafukafu. Ke hã gbeƒãɖela siwo ade 3,000 metsɔa woƒe akɔntabubuwo nana kaba be woatsɔe akpe ɖe woƒe hamea tɔ ŋu aɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea o. Ðe nètsia dzi ɖe wò akɔntabubu nana kaba ŋu ɣleti sia ɣletia?

      Wole ŋku ɖom edzi na Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo be woawoe awɔ akpa vevi aɖe atsɔ akpɔ egbɔ be gbeƒãɖela siwo katã le woƒe ƒuƒoƒoa me la ƒe akɔntabubuwo ɖo agbalẽŋlɔla la gbɔ kaba.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe