Lɔlɔ̃—Nu Vevi Si Nana Subɔsubɔdɔa Tsea Ku
1 “Mite va gbɔnye, . . . eye nye la, mana dzudzɔ mi.” (Mat. 11:28) Nya lédziname mawo ɖe lɔlɔ̃ deto si le Yesu si na amewo la fia. Esi míenye Kristotɔ subɔlawo ta la, míedina vevie be míasrɔ̃ Yesu le ale si míaɖe lɔlɔ̃ afia ame siwo dzi nu te ɖo vevie le xexe sia, si me amemalɔ̃malɔ̃ bɔ ɖo ŋutɔ la me. Aleke míate ŋu awɔ esiae le nyanyuia gbɔgblɔ me?
2 Le Nuƒoƒo Me: Lɔlɔ̃ si le Yesu si na amewoe ʋãe wòwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋudɔ tsɔ ɖe gbeƒã nyanyuia na wo. (Yoh. 4:7-14) Lɔlɔ̃e aʋa míawo hã be míahe ɖe megbe kura le vomeɖaseɖiɖi na amewo me o. Nyɔnuvi ƒe ade vi aɖe ɖi ɖase na nyɔnu aɖe si bɔbɔ nɔ exa, esime wonɔ ɖɔkta lalam. Nu kae ʋãe wòɖi ɖase? Eɖe eme be: “Nyɔnua ƒe nɔnɔme na mekpɔe be, ele be maƒo nu tso Yehowa ŋu nɛ.”
3 Míate ŋu aɖee afia amewo be míetsɔ ɖe le eme na wo ne míeɖoa nukomo heƒoa nu na wo vividoɖeameŋutɔe. Mɔ bubu si nu míeɖea lɔlɔ̃ fiana lee nye be, míaɖo to nya siwo gblɔm wole la nyuie, alɔ̃ ɖe nu si ŋu wotsi dzi ɖo vevie la dzi, eye míaɖe ɖetsɔleme ŋutɔŋutɔ afia wo. (Lod. 15:23) Ele be míasrɔ̃ Yesu to ale si míate gbe ɖe viɖe siwo le Fiaɖuƒegbedasia ŋu, kple ale si Yehowa kpɔa nublanui na amewo lɔlɔ̃tɔe, la dzi.—Mat. 24:14; Luka 4:18.
4 Le Nuwɔna Me: Yesu tsɔ ɖe le amewo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo hã me vevie, eye wòna kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ si wohiã la wo. (Mat. 15:32) Ne míele gbeadzi la, mɔnukpɔkpɔ aɖewo ate ŋu aʋu ɖi na mí be míawɔ dɔmenyo na amewo. Nɔvinyɔnu aɖe kpɔe be, ame aɖe nɔ nya vevi aɖe gblɔm na nyɔnu aɖe le telefon dzi, gake nyɔnua menɔ nyaa gɔme sem o. Esi nyɔnua mese gbe si dom amea nɔ le telefon dzi tututu o ta la, mía nɔvinyɔnua ŋutɔ tso le eɖokui si hete ɖe eŋu be yeaɖe amea ƒe nyawo me nɛ. Kpekpeɖeŋu dodzidzɔname sia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na nɔvinyɔnua be wòte ŋu ɖi ɖase na nyɔnua, eye esia wɔe be eva lɔ̃ be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye. Esi nɔviŋutsu aɖe hã trɔ yi ŋutsu aɖe si wòɖe gbeƒã na va yi gbɔ la, ekpɔ ŋutsua wòle bentsi gã kpekpe aɖe kɔm do goe tso xɔ me; gake ŋutsua tsi dzi esi bentsia mete ŋu nɔ mɔa nu tom o. Nɔviŋutsua kpe ɖe eŋu wokɔ bentsia do goe, si wɔe be ŋutsua kpɔ ŋudzedze ɖe eƒe kpekpeɖeŋua ŋu, eye enumake mía nɔvia nɔ anyi ɖe bentsia dzi dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii.
5 Ne míele gome kpɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, enyea lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kple na mía haviwo ɖeɖe fia. (Mat. 22:36-40) Ale to míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me la, míakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu woade dzesii be míawoe nye subɔsubɔha vavãtɔ me tɔwo.