Amewulawoe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Nye!
Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo nye ŋutasẽlawo tso gbaɖegbe ke eye wovɔ̃ɖi. Satana wu Hiob nuteƒewɔla la ƒe lãhawo kple dɔlawo. Emegbe ewu Hiob ƒe vi ewoawo esi wòna “ya ʋudu aɖe” tsrɔ̃ aƒe si me wonɔ la. Le ema megbe la, Satana kplɔ “ƒoƒoe vɔ̃ɖi ƒu Hiob tso eƒe afɔƒome vaseɖe eƒe dzodome.”—Hiob 1:7-19; 2:7.
Le Yesu ŋɔli la, gbɔgbɔ vɔ̃wo na ame aɖewo zu aɖetututɔwo kple ŋkuagbãtɔwo. (Mateo 9:32, 33; 12:22) Wowɔ fu ŋutsu aɖe hena wòtsɔ kpe nɔ eɖokui sim. (Marko 5:5) Wona hã be ŋutsuvi aɖe do ɣli sesĩe, woƒoe ƒu anyi, eye ‘wonyamae ŋutɔ.’—Luka 9:42.
Le ɣeyiɣi siwo va yi me la, gbɔgbɔ vɔ̃wo na ame aɖewo dze dɔ eye wona ame bubuwo ƒo dablibɛ le anyigba
Egbea Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃awo gakpɔtɔ nye amewulawo. Le nyateƒe me la, woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔa dzi ɖe edzi tso esime wonyã wo le dziƒo. Nyatakaka siwo tso xexeame godoo ɖi ɖase le woƒe ŋutasesẽ ŋu. Wotsɔa dɔléle ƒua ame aɖewo. Woɖea fu na ame bubuwo le zã me hewɔnɛ be womedɔa alɔ̃ o alo wonana wokua drɔ̃e dziŋɔwo. Wowɔa gbɔdɔdɔ ƒe nu gbegblẽ ɖe ame bubuwo ŋu. Wonana ame bubuwo hã dzea aɖaʋa, wowua ame alo wua wo ɖokui.
Egbea gbɔgbɔ vɔ̃wo nana ame aɖewo wɔa adã; woɖea fu na ame bubuwo le zã me henana wokua drɔ̃e dziŋɔwo
Lintina si le Suriname la gblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe wu ame 16 le yeƒe ƒomea me hewɔ fu ye le ŋutilã me kple susu me ƒe 18 sɔŋ. Egblɔ tso ye ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ me be “fu wɔwɔ amesiwo mele lɔlɔ̃m ɖe woƒe nuwɔwɔ dzi na wo o siwo dzi woƒe asi su vaseɖe esime woaku la dzɔa dzi na” gbɔgbɔ vɔ̃wo.
Gake Yehowa te ŋu kpɔa eƒe subɔlawo ta tso Satana ƒe amedzidzedze me.—Lododowo 18:10.